bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 16
Genesis 16
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 17 →
1
Abram srɔ̃ Sarai medzi vi nɛ o. Ke Egipte kosi aɖe si ŋkɔe nye Hagar la nɔ esi.
2
Sarai gblɔ na Abram be: “Kpɔ ɖa, Aƒetɔ mena medzi vi o. Eya ta azɔ la, dɔ kple nye kosi la. Ɖewohĩ ate ŋu adzi vi nam.” Abram lɔ̃ ɖe Sarai ƒe nya la dzi.
3
Ale, ƒè ewo le Abram ƒe Kanaan-nyigba dzi vava emegbe la, Sarai tsɔ Hagar nɛ wòɖe.
4
Abram dɔ kple Hagar, eye wòfɔ fu. Ke esi Hagar kpɔ be yefɔ fu la, eva eƒe aƒenɔ kpɔ ge ɖeƒomevii.
5
Tete Sarai gblɔ na Abram be: “Wòe na Hagar va le kpɔyem ɖeƒomevii; nefia wò hã. Nye ŋutɔe ɖe asi le eŋuti na wò, ke esi wòva kpɔ be yefɔ fu la, megale buyem kura o. Aƒetɔ nedrɔ̃ ʋɔnu le nye kpli wò dome.”
6
Abram ɖo eŋu na Sarai be: “Kpɔ ɖa, wò ŋutɔ wò kosie; ele asiwò me. Wɔ nu sia nu si dze ŋuwò la faa.” Tete Sarai de asi ŋutasesẽ me le eŋu, ale Hagar sí le egbɔ.
7
Aƒetɔ ƒe dɔla kpɔ Hagar, wòle vudo aɖe si le gbedadaƒo le Sur-mɔ dzi la to.
8
Ebiae be: “Hagar, Sarai ƒe kosi, afi ka nètso va afii? Afi ka yim nèle?” Eɖo eŋu be: “Nye aƒenɔ Sarai gbɔe mesí le.”
9
Egblɔ be: “Trɔ yi wò aƒenɔ gbɔ, eye nàbɔbɔ ɖokuiwò nɛ.”
10
Dɔla la yi edzi gblɔ be: “Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ale gbegbe be ame aɖeke mate ŋu axlẽ wo o.
11
Kpɔ ɖa, èfɔ fu, eye àdzi ŋutsuvi. Nàtsɔ ŋkɔ nɛ be Ismael elabe Aƒetɔ se konyifaɣli si nèdo esime nèle fu kpem la.
12
Ke viwò la anye gbevu. Atsi tre ɖe ame sia ame ŋuti, eye ame sia ame atsi tre ɖe eya hã ŋuti nenema ke. Aɖe eɖokui ɖe aga tso nɔviawo katã gbɔ.”
13
Tete Hagar na ŋkɔ Aƒetɔ, ame si ƒo nu kplii la be “Mawu, Nukpɔla Nènye” elabe ebia eɖokui be: “Menye Mawue mekpɔ vavã fifia gale agbe oa?”
14
Eya ta woyɔa vudo la be: Beerlaxairoi. Ele Kades kple Bared dome.
15
Hagar dzi ŋutsuvi na Abram, eye Abram tsɔ ŋkɔ na ɖevia be Ismael.
16
Abram xɔ ƒe bla enyi vɔ ade esime Hagar dzi Ismael nɛ.
← Chapter 15
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 17 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50