bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 26
Genesis 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 27 →
1
Dɔ gato le anyigba la dzi, abe ale si wòto le Abraham ŋɔli ene. Ale Isak ʋu yi ɖe Filistitɔwo ƒe fia Abimelex gbɔ le Gerar.
2
Do ŋgɔ la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae, gblɔ nɛ be: “Mègayi Egipte o; ke boŋ nɔ anyigba si mafia wò la dzi.
3
Nɔ afi ma, eye manɔ kpli wò, ayra wò, elabe matsɔ anyigba blibo sia katã ana wò kple wò dzidzimeviwo. Mawɔ atam si meka na tɔ́wò Abraham la dzi godoo.
4
Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe ɣletiviwo le dziƒo ene, eye matsɔ anyigba sia katã ana wò. Wò dzidzimeviwo dzi woato ayra anyigba dzi dukɔwo katã.
5
Mayra wò elabe Abraham ɖo tom, eye wòwɔ nye sededewo kple ɖoɖowo kpakple mɔnu siwo mefiae la dzi.”
6
Ale Isak nɔ Gerar.
7
Esi afi ma ŋutsuwo bia be ame kae nye srɔ̃a hã la, egblɔ na wo be ye nɔvinyɔnue. Egblɔ alea, elabe evɔ̃ be ne yegblɔ be ye srɔ̃e la, woawu ye le Rebeka ta, elabe edze tugbe ŋutɔ.
8
Esi wonɔ afi ma eteƒe didi la, gbe ɖeka Abimelex kpɔ Isak to fesre nu wònɔ fefem kple Rebeka srɔ̃tɔe.
9
Ale Abimelex yɔ Isak vɛ, eye wòbiae be: “Srɔ̃wòe nye nyɔnuae! Nu ka ta nègblɔ be ye nɔvinyɔnue?” Isak ɖo eŋu nɛ be: “Mebu be ne megblɔ be srɔ̃nye wònye la, woawum.”
10
Abimelex gblɔ nɛ be: “Nu kae nye esi nèwɔ mí kloe? Esusɔ vie ŋunyemewo dometɔ ɖeka dɔ kple srɔ̃wò kloe, ne nàhe fɔbubu va mía dzi.”
11
Ale Abimelex de se na eteviwo katã be: “Ame aɖeke megawɔ naneke ŋutsu sia kple srɔ̃a o. Ne ame aɖe ka asi ŋutsu sia kple srɔ̃a ŋu la, woawui kokoko.”
12
Isak de agble ɖe anyigba la dzi, eye nu si wòŋe le ƒè ma me la de esi wòƒã la ƒe teƒe alafa ɖeka sɔŋ elabe Aƒetɔ yrae.
13
Eva zu kesinɔtɔ gã ale gbegbe. Ɖeko eƒe nukpɔkpɔwo nɔ dzidzim ɖe dzi, ganɔ dzidzim ɖe dzi.
14
Alẽhawo kple nyihawo sɔ gbɔ ɖe esi ale gbegbe, eye kluviwo hã nɔ esi fũu. Ale Filistitɔwo va ʋã ŋui.
15
Woku anyi xe vudo siwo katã tɔ́a Abraham ƒe dɔlawo ɖe esime wònɔ agbe la keŋkeŋ.
16
Abimelex gblɔ na Isak be: “Dzo le mía dome, elabe èva kpɔ ŋusẽ wu mí.”
17
Ale Isak dzo le afi ma. Ke eyi ɖatu agbadɔ ɖe Gerar-balia me, eye wònɔ afi ma.
18
Egbugbɔ vudo siwo woɖe le tɔ́a Abraham ŋɔli la ɖe, eye wògatsɔ ŋkɔ siwo tɔ́a Abraham na wo tsã la na wo. Vudo siawoe Filistitɔwo xe tsã le Abraham ƒe ku megbe.
19
Isak ƒe dɔlawo ɖe vudo ɖe balia me, eye woke ɖe tsidzidzi ŋu.
20
Ke Gerartɔwo ƒe lãnyilawo wɔ dzre kple Isak ƒe lãnyilawo gblɔ be: “Míaƒe tsie.” Eya ta Isak na ŋkɔ vudoa be Esek elabe wowɔ dzre kplii ɖe vudoa ta.
21
Wogaɖe vudo bubu ɖe ema yome, eye wogawɔ dzre ɖe eya hã ta, eya ta wòna ŋkɔe be Fuléle.
22
Eʋu le afi ma ɖo ta ŋgɔ, eye wògaɖe vudo bubu. Womewɔ dzre ɖe esia ya ta o, ale wòna ŋkɔe be “Vovoƒe.” Egblɔ be: “Aƒetɔ na vovoƒe mí azɔ be míanɔ anyigba sia dzi, adzi ɖe dzi, akeke ta.”
23
Emegbe Isak ʋu le afi ma yi Beer-Seba.
24
Gbe si gbe wòʋu yi ƒe zã me la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae gblɔ nɛ be: “Nyee nye tɔ́wò Abraham ƒe Mawu. Mègavɔ̃ o; meli kpli wò. Le nye dɔla Abraham ta la, mayra wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ ɖe dzi.”
25
Ale wòɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòsubɔ Aƒetɔ. Etu agbadɔ ɖi, eye eƒe dɔlawo gaɖe vudo bubu.
26
Gbe ɖeka la, Abimelex kple eƒe aɖaŋuɖola, Ahusat kpakple eƒe aʋakplɔla, Pixol, wova Isak gbɔ be yewoakpɔe.
27
Isak bia wo be: “Nu ka tae mieva gbɔnye? Menye miawoe lé fum, nyàm le mia dome oa?”
28
Woɖo eŋu be: “Fifia míekpɔ dze sii kɔtɛe be Aƒetɔ li kpli wò eya ta míebu be ele be mía kpli wò míaka atam na mía nɔewo. Míabla nu kpli wò,
29
bene nàgawɔ vɔ̃ aɖeke mí o, abe ale si míawo hã míewɔ vɔ̃ aɖeke wò va yi o la ene. Nu nyui wònye míewɔ na wò, be míena nèdzo le ŋutifafa me ale be Aƒetɔ yra wò.”
30
Ale wòɖo kplɔ̃ na wo, eye woɖu nu, no nu nyuie.
31
Le ŋufɔke la, wofɔ ŋdi kanya, eye wobla nu kple wo nɔewo heka atam ƒu edzi. Isak do mɔ wo, wotrɔ dzo le ŋutifafa me.
32
Gbe ma gbe ke la, Isak ƒe dɔlawo va gblɔ vudo si woɖe la ŋu nya nɛ. Wogblɔ nɛ be: “Míeke ɖe tsi ŋu!”
33
Ena ŋkɔ vudoa be Siba. Eya tae woyɔa du si wotso ɖe afi ma la be “Beer-Seba” va se ɖe egbe.
34
Esi Esau xɔ ƒe bla ene la, eɖe Yudif, Xititɔ Beeri vinyɔnu. Eɖe Basmat si hã nye Xititɔ, Elon vinyɔnu hã.
35
Wona agbenɔnɔ zu veve na Isak kple Rebeka.
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50