bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 29
Genesis 29
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 30 →
1
Yakob yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva ɖo ɣedzeƒenyigba dzi.
2
Kasia eva ke ɖe vudo aɖe ŋu le agbledeƒe aɖe. Alẽha etɔ̃ tsyɔ akɔ anyi ɖe vudoa gbɔ. Eya mee wokua tsi le naa alẽhaawo wonona. Kpe gã aɖe le vudoa nu.
3
Nenye be alẽhaawo katã va ƒo ƒu la, womlia kpea ɖa, eye wonaa tsi alẽawo. Emegbe la, wogamlia kpea tua enu.
4
Yakob bia alẽkplɔlaawo be: “Nɔvinyewo, afi ka mietso?” Woɖo eŋu be: “Míetso Xaran.”
5
Ebia wo be: “Mienya Naxor vi, Labana?” Woɖo eŋu be: “Ẽ, míenyae.”
6
Egabia wo be: “Eli nyuiea?” Woɖo eŋu be: “Eli nyuie. Kpɔ ɖa, via Raxel gɔ̃ hãe nye ema kplɔ alẽwo gbɔna.”
7
Yakob gblɔ na wo be: “Kpɔ ɖa, ɣe gale dzi; migaƒo alẽawo nu ƒu haɖe o. Mina tsi wo woano ne miana woagayi aɖaɖu gbe.”
8
Woɖo eŋu be: “Míate ŋu awɔ nenema o, va se ɖe esime alẽhaawo katã naƒo ƒu, ekema míamli kpe la ɖa le vudoa nu, eye míana tsi wo woano.”
9
Yakob mekpɔ ɖe nu le eme hafi Raxel si nye alẽkplɔla la va ɖo kple tɔ́a ƒe alẽwo o.
10
Esi Yakob kpɔ Raxel, nyruia Laban vinyɔnu kple nyruia Laban ƒe alẽha la, eyi vudoa gbɔ, mli kpea ɖa, eye wòna tsi alẽawo.
11
Azɔ egbugbɔ nu na Raxel, eye wòwó avi sesĩe.
12
Egblɔ na Raxel be tɔ́a ƒe ƒometɔe yenye. Yee nye Rebeka viŋutsu. Tete Raxel ƒu du yi ɖagblɔe na tɔ́a.
13
Esi Laban se nyruiayɔvi Yakob ŋkɔ la, eƒu du yi ɖakpee, kpla asi kɔ nɛ, gbugbɔ nu nɛ, eye wòkplɔe va aƒemee. Yakob gblɔ nya siwo katã va dzɔ la nɛ.
14
Laban gblɔ nɛ be: “Nyateƒe, nɔvinye kpamkpam nènye.” Yakob nɔ egbɔ ɣleti ɖeka.
15
Azɔ Laban gblɔ na Yakob be: “Togbɔ be nɔviwo míenye hã la, nyemadi be nàwɔ dɔ nam dzodzro o. Nenie maxe na wò? Gblɔe nam.”
16
Vinyɔnuvi eve le Laban si. Tsitsitɔ ŋkɔe nye Lea, eye ɖevitɔ ŋkɔe nye Raxel.
17
Lea ƒe ŋkuwo le dɔ̃ɔ, ke Raxel ya dze tugbe, eye wònyakpɔ ŋutɔ.
18
Raxel ƒe nu nyo Yakob ŋu, eya ta egblɔ na Laban be: “Medi be mawɔ dɔ na wò ƒe adrẽ ne nàtsɔ Raxel, viwò nyɔnu ɖevitɔ nam maɖe.”
19
Laban ɖo eŋu nɛ be: “Enyo nam be matsɔe na wò wu be matsɔe na ŋutsu bubu. Nɔ gbɔnye.”
20
Ale Yakob subɔ nyruia ƒè adrẽ, ɖe Raxel ta; ke ɣeyiɣi la nɔ nɛ abe ŋkeke ʋɛ aɖe ko ene, elabe Raxel ƒe nu lé dzi nɛ ale gbegbe.
21
Ƒeawo va yi eye Yakob gblɔ na Laban be: “Nye ɣeyiɣia de, eya ta tsɔ srɔ̃nyea nam maɖe.”
22
Ale Laban ɖo srɔ̃ɖekplɔ̃ eye wòkpe dua me ŋutsuwo katã vɛ.
23
Ke esi zã do la, ekplɔ via Lea de xɔ na Yakob, eye wòdɔ kplii.
24
Laban tsɔ eƒe kosi Silpa na Lea be wòanye eƒe subɔvi.
25
Ŋu ke, kasia wòbe yeakpɔ la, Lea boŋ ye. Yakob yi ɖabia Laban be: “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe ŋunye? Menye Raxel tae mesubɔ wò ɖo oa? Nu ka ta nèblem ale?”
26
Laban ɖo eŋu nɛ be: “Le mía de kɔnu nu la, vinyɔnu ɖevitɔ meɖea srɔ̃ hafi tsitsitɔ ɖenɛ o.
27
Fifia na srɔ̃ɖekwasiɖa ɖeka sia nava yi, eye míatsɔ ɖevitɔ hã na wò nàɖe, nenye be nègawɔ dɔ nam ƒe adrẽ bubu ko.”
28
Yakob lɔ̃ ɖe edzi. Laban lala srɔ̃ɖekwasiɖa la va yi, eye wòtsɔ Raxel hã nɛ wòɖe.
29
Laban tsɔ eƒe kosi, Bilha na Raxel be wòanye eƒe subɔvi.
30
Azɔ Yakob dɔ kple Raxel hã, eye wòlɔ̃ eya sãa wu Lea. Tete wògawɔ dɔ na Laban ƒe adrẽ bubu.
31
Esi Aƒetɔ kpɔ be Yakob lɔ̃ Raxel sãa wu Lea la, eʋu Lea ƒe vidzidɔ, ke exe Raxel ya tɔ.
32
Lea dzi ŋutsuvi. Egblɔ be Aƒetɔ kpɔ nye nublanui eya ta srɔ̃nye alɔ̃m azɔ. Ale wòna ŋkɔ ɖevia be Ruben.
33
Eyome egafɔ fu, eye wòdzi ŋutsuvi. Egblɔ be: “Aƒetɔ se be wolé fum eya ta wòna megadzi ŋutsuvi.” Le esia ta ena ŋkɔe be Simeon.
34
Emegbe egafɔ fu dzi ŋutsuvi. Egblɔ be: “Azɔ ko srɔ̃nye alé ɖe ŋunye goŋgoŋ, elabe medzi ŋutsuvi etɔ̃ sɔŋ nɛ.” Ale wòna ŋkɔe be Levi.
35
Lea gafɔ fu gadzi ŋutsuvi, eye wògblɔ be: “Azɔ la, makafu Aƒetɔ!” Ale wòna ŋkɔe be Yuda. Tete Lea tsò vi.
← Chapter 28
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 30 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50