bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 38
Genesis 38
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 39 →
1
Le ɣe ma ɣi me la, Yuda ʋu le nɔviawo gbɔ yi ɖanɔ Adulam-ŋutsu aɖe si ŋkɔe nye Xira, la gbɔ.
2
Yuda kpɔ Kanaan-ŋutsu aɖe si woyɔna be Sua la ƒe vinyɔnu, eye wòɖee hedɔ kplii.
3
Nyɔnua fɔ fu dzi viŋutsu, eye Yuda na ŋkɔe be Er.
4
Eyome egafɔ fu dzi viŋutsu, eye nyɔnua tsɔ ŋkɔ nɛ be Onan.
5
Emegbe egadzi viŋutsu bubu, eye nyɔnua na ŋkɔe be Sela. Nyɔnua nɔ Kesib hafi dzi ɖevi sia.
6
Yuda ɖe srɔ̃ na eƒe ŋgɔgbevi Er. Nyɔnua ŋkɔe nye Tamar.
7
Ke Er, Yuda ƒe ŋgɔgbevi, nye ame vɔ̃ɖi le Aƒetɔ ŋkume, eya ta Aƒetɔ wui.
8
Tete Yuda gblɔ na Onan be: “Ɖe nɔviwò ƒe ahosi la, ne nàdo ƒome ɖi na nɔviwò la.”
9
Ke esi Onan nya be ɖeviawo manye ye tɔ o ta la, ne eya kple nɔvia srɔ̃ wole dɔdɔm, eye ŋutsunu gbɔna la, enana be wòkɔna ɖe anyigba, be nyɔnua magafɔ fu adzi vi ado ƒome ɖi na nɔvia o.
10
Eƒe nuwɔna la medze Aƒetɔ ŋu kura o, eya ta ewu eya hã.
11
Azɔ Yuda gblɔ na toyɔvia Tamar be: “Trɔ yi tɔ́wò ƒeme, eye nànɔ anyi abe ahosi ene va se ɖe esime vinye Sela natsi.” Egblɔ esia elabe evɔ̃ be Sela hã ava ku abe nɔviawo ke ene. Ale Tamar trɔ yi ɖale tɔ́a ƒeme.
12
Le ɣeyiɣi didi aɖe megbe la, Yuda srɔ̃, si nye Sua vinyɔnu la ku. Esi Yuda fae vɔ la, eya kple xɔlɔ̃a Xira, Adulamtɔ la, woyi ɖe Timnat be yewoaɖakpɔ ame siwo le fu kom na yeƒe alẽwo la ɖa.
13
Ame aɖe na nyanya Tamar be: “Kpɔ ɖa, towò gbɔna ɖe Timnat, fu ko ge na eƒe alẽwo.”
14
Ale eɖe eƒe ahovɔ ɖi, tsɔ motsyɔnu tsyɔ ŋkume, eye wòbla eɖokui bubui va bɔbɔ nɔ anyi ɖe Enaim-gbo nu, le Timnat-mɔ dzi. Tamar wɔ esia elabe ekpɔ be Sela tsi aɖe ye, gake wometsɔ ye nɛ be wòaɖe o.
15
Esi Tamar tsyɔ nu ŋkume ta la, Yuda bu xaa be gbolo aɖe ye.
16
Tete wòdze yi egbɔ le mɔa to hegblɔ nɛ be: “Va míyi, maɖamlɔ gbɔwò.” Menya be yeƒe toyɔvi lae o. Nyɔnua biae be: “Nu ka nànam hafi amlɔ gbɔnye?”
17
Yuda ɖo eŋu be: “Malé gbɔ̃tsu ɖeka le nye lãha me aɖo ɖe wò.” Nyɔnua gblɔ be: “Enyo, ekema tsɔ wò nane ɖo awɔba nam, va se ɖe esime nàɖoe ɖem.”
18
Yuda biae be: “Nu ka matsɔ ɖo awɔba na wò?” Eɖo eŋu be: “Wò ŋkɔsigɛ kple eŋuka kpakple atizɔti si le asiwò la.” Yuda tsɔ wo nɛ, eye wòmlɔ egbɔ, eye nyɔnua fɔ fu nɛ.
19
Tamar yi aƒeme, ɖe motsyɔnu la da ɖi, eye wògatsɔ eƒe ahovɔ ta.
20
Emegbe Yuda tsɔ gbɔ̃tsu la de xɔlɔ̃a Adulamtɔ la si be netsɔ yi na nyɔnua ne wòaxɔ awɔbanuawo vɛ na ye, gake Xira mekpɔ nyɔnua o.
21
Ebia dua me ŋutsuwo be: “Afi ka gbolo si nɔ mɔ to le Enaim le afii la le?” Ke woɖo eŋu be: “Gbolo aɖeke menɔ afi sia o.”
22
Tete wòtrɔ yi Yuda gbɔ ɖagblɔ nɛ be: “Nyemekpɔe o. Dua me ŋutsuwo hã be gbolo aɖeke menɔ afi ma o.”
23
Yuda ɖo eŋu be: “Nuawo ate ŋu atsi esi faa, ne menye nenem o la, woava ko mí. Kpɔ ɖa, nye ya, meɖo gbɔ̃tsu la ɖee, ke mèkpɔe atsɔe nɛ o.”
24
Le ɣleti etɔ̃ lɔƒo megbe la, wova gblɔ na Yuda be: “Toyɔviwò Tamar wɔ ahasi hefɔ fu ɖe eme.” Tete Yuda ɖe gbe be: “Mikplɔe do goe ne miatɔ dzoe!”
25
Ke esi wokplɔ Tamar yinae la, edɔ ame ɖe toa gbɔ be: “Ŋutsu si do fum la ƒe nuwoe nye esiawo. Taflatsɛ, lé ŋku ɖe ŋkɔsigɛa, eŋukaa kple atizɔti la ŋu nyuie be ame ka tɔwoe mahã.”
26
Tete Yuda kpɔ nuawo, eye wògblɔ be: “Eƒe nya dzɔ wu tɔnye elabe nyee metsɔe na vinye Sela wòɖe o.” Tso ema dzi la, megade asi eŋu kpɔ o.
27
Eƒe vidziɣi ɖo, kasia wokpɔ be eve dzi ge wòala.
28
Esime wòle ku lém la, ɖeviawo dometɔ ɖeka do asi ɖa. Tete vixela la sa ka dzĩ ɖe asi ŋu nɛ hegblɔ be: “Esiae tre dodo.”
29
Gake ɖevi sia he asi yi eme, eye wodzi nɔvia gbã. Vixela la gblɔ na esi wodzi gbã la be: “E! Ale ke nèdze mɔ na ɖokuiwò ale?” Eya ta wòna ŋkɔe be Perez.
30
Emegbe nɔvia si ŋu ka dzĩ le la hã va do; eya ta wòna ŋkɔe be Serax.
← Chapter 37
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 39 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50