bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 34
Genesis 34
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 35 →
1
Gbe ɖeka la, Dina, ame si nye Lea kple Yakob vinyɔnu la, ɖi tsa yi nyɔnu aɖewo gbɔ le nuto ma me.
2
Esi Sixem, nuto ma me fia Xamor, Xivitɔ la ƒe viŋutsu kpɔe la, elée sesẽe, de asi eŋu, eye wògblẽe.
3
Dina, Yakob vinyɔnua, ƒe nu lé dzi na Sixem vevie. Elɔ̃ ɖetugbi la ŋutɔ, ale wòde asi enubeble me.
4
Tete Sixem gblɔ na tɔ́a Xamor be: “Medi be nàɖe ɖetugbi sia nam.”
5
Yakob se be egblẽ Dina, ye vinyɔnuvia. Ke esi via ŋutsuwo nɔ gbe dzi le lãhawo gbɔ le ɣe ma ɣi ta la, ezi kpi va se ɖe esime wogbɔ.
6
Sixem tɔ́, Xamor, do yi Yakob gbɔ be yeaƒo nu kplii.
7
Esi Yakob viŋutsuawo gbɔ tso gbea dzi va se nyaa la, dzi ku wo vevie. Wodo dɔmedzoe helihelĩ be Sixem ɖi gbɔ Israel, elabe ede asi Yakob vinyɔnu ŋuti; elabe medze be wòawɔ nu ma ƒomevi kura o.
8
Xamor gblɔ na wo be: “Mia vi Dina ƒe nu lé dzi na vinye Sixem ŋutɔ, eya ta meɖe kuku, mitsɔe nɛ ne wòaɖe,
9
ne srɔ̃ɖeɖe nanɔ mía dome: Mitsɔ miaƒe nyɔnuviwo na mí míaɖe, eye míawo hã míatsɔ mía tɔwo na mi miaɖe.
10
Ekema mianɔ mía gbɔ; mianɔ anyigba la ƒe afi si dze mia ŋu, eye miatsa asi le mía dome aɖo nunɔamesiwo na mia ɖokui faa.”
11
Sixem hã gblɔ na Dina tɔ́a kple nɔvia ŋutsuawo be: “Minyo dɔme nam ko eye nu sia nu si miabia la, mana faa.
12
Nyɔnutabianu kple srɔ̃ɖenu ale sinu hiã ko la, migblɔe nam. Mele klalo be mana ale si miedi, ne mianyatsɔ ɖetugbia nam maɖe ko.”
13
Yakob viŋutsuawo ɖo eŋu na Sixem kple tɔ́a Xamor ayetɔe elabe woɖi gbɔ wo nɔvi Dina.
14
Wogblɔ nɛ be: “Míate ŋu aɖe asi le mía nɔvinyɔnu ŋuti be wòaɖaɖe bolobolotɔ o, elabe enye ŋukpenanu na mí.
15
Ne mielɔ̃ be yewoazu abe míawo ene, eye ŋutsu sia ŋutsu le mia dome natso aʋa la, eya ko míalɔ̃ ɖe nya sia dzi.
16
Míatsɔ mía vinyɔnuwo na mi miaɖe, eye míawo hã míaɖe mia tɔwo. Míanɔ mia gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka.
17
Ke ne miexɔ míaƒe nya la hetso aʋa o la, ekema míaxɔ mía vinyɔnu la le mia si adzoe.”
18
Nya la dze Xamor kple via Sixem ŋu.
19
Ɖekakpui la mehe nyaa kura o, elabe Yakob vinyɔnu la ƒe nu nyo eŋu ŋutɔ. Gawu la, ɖekakpui la nye ame si tɔ́a ƒometɔwo buna wu le ƒomea me.
20
Xamor kple via Sixem va dua ƒe takpeƒe le du la ƒe agbo nu, eye woƒo nu na wo detɔwo. Wogblɔ be:
21
“Ame siawo la, ame fafawo wonye. Mina woanɔ mía dome, atso aƒe ɖe anyigba la dzi, eye woatsa asi le edzi faa. Mikpɔ anyigba la ɖa. Elolo le go sia go me; asu na mí kple wo siaa. Mina míaɖe wo vinyɔnuwo, eye míawo hã míatsɔ mía tɔwo ana wo woaɖe faa.
22
Ke wobe hafi yewoalɔ̃ anɔ mía gbɔ, eye míazu dukɔ ɖeka la, ele be mía dome ŋutsu sia ŋutsu natso aʋa abe yewo ene.
23
Menye ɖeko woƒe lãhawo, nunɔamesiwo kple dɔwɔlãwo katã azu mía tɔ oa? Eya ta mina míalɔ̃ ɖe woƒe nya la dzi ko ne woanɔ mía gbɔ.”
24
Ame siwo katã va takpeƒea la lɔ̃ ɖe Xamor kple via Sixem ƒe nya la dzi, eye dua me ŋutsuwo katã tso aʋa.
25
Tete le ŋkeke etɔ̃a gbe, esime abia nɔ wo vem vevie, eye woɖe ŋu ɖi la, Yakob viŋutsu eve, Simeon kple Levi, siwo nye Dina dadaviwo la, tsɔ yi, dze dua dzi hewu eme ŋutsuwo katã.
26
Wowu Xamor kple via Sixem hã kple yi, eye wokplɔ Dina tso Sixem ƒeme dzoe.
27
Yakob vi mamlɛawo hã va ɖe nu xɔasi siwo katã le ame kukuawo ŋu, eye woha dua le ale si wodo vlo wo nɔvinyɔnu la ta.
28
Wokplɔ woƒe alẽwo, nyiwo kple tedziwo, eye wotsɔ nu sia nu si wokpɔ le dua me kple agblewo me la dzoe.
29
Woha woƒe kesinɔnuwo katã, ɖe aboyo ɖeviwo kple nyɔnuwo siaa eye wotsɔ nu sia nu si wokpɔ le aƒeawo me la dzoe.
30
Tete Yakob gblɔ na Simeon kple Levi be: “Miedem dzɔgbevɔ̃e me. Fifia Kanaantɔwo kple Perizitɔwo kpakple ame bubu siwo katã le anyigba sia dzi la além ɖe fu me. Mikpɔ ɖa, míesɔ gbɔ kura o. Ne woƒo ƒu, tso ɖe ŋunye la, woatsrɔ̃ nye kple ŋunyemewo katã.”
31
Ke woɖo eŋu nɛ be: “Eya kpɔ mɔ awɔ mía nɔvinyɔnu abe gbolo enea?”
← Chapter 33
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 35 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50