bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 15
Genesis 15
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 16 →
1
Esiawo megbe la, Aƒetɔ va Abram gbɔ le ŋutega me, eye wògblɔ nɛ be: “Abram, mègavɔ̃ o. Nyee nye wò akpoxɔnu. Wò fetu sɔ gbɔ ŋutɔ.”
2
Ke Abram ɖo eŋu be: “Aƒetɔ Mawu, fetu ka gɔ̃ nànam? Va se ɖe egbe la, ɖeko megali, vi mele asinye o. Eliezer, Damaskotɔ la koe le nye dome nyi ge.”
3
Abram gblɔ be: “Kpɔ ɖa, mèna vim o; kluvi si wodzi le nye aƒeme lae anyi nye dome.”
4
Kpɔ ɖa, Aƒetɔ xɔ edzi be: “Ŋutsu sia mele wò dome nyi ge o; ke boŋ wò ŋutɔ viwò ŋutsue anye wò domenyila.”
5
Azɔ Aƒetɔ kplɔe yi xexe, eye wògblɔ nɛ be: “Wu mo dzi nàkpɔ dziŋgɔli me ɖa. Xlẽ ɣletiviwo kpɔ be àte ŋui mahã. Aleae wò dzidzimeviwo asɔ gbɔe.”
6
Abram xɔ Aƒetɔ ƒe nyaa dzi se. Le esia ta, ebui nɛ be ewɔ nu dzɔdzɔe.
7
Tete wògblɔ nɛ be: “Nyee nye Aƒetɔ, si kplɔ wò tso Ur le Kaldea, be matsɔ anyigba sia na wò, wòazu tɔwò.”
8
Ke Abram bia be: “Aƒetɔ Mawu, ale ke mawɔ anya be ava zu tɔnye?”
9
Egblɔ nɛ be: “Lé nyinɔ ɖeka, gbɔ̃nɔ ɖeka kple agbo ɖeka, siwo xɔ ƒe etɔ̃etɔ̃ kple ahɔnɛ ɖeka kple ahɔnɛ ɖeka vɛ nam.”
10
Esi Abram tsɔ nu siawo katã vɛ nɛ la, efe ɖe sia ɖe me ɖe eve, eye wòɖo wo ɖe agbaka eve me, afã ɖe sia ɖe le nɔvia kasa; ke mefe xeawo ya me o.
11
Tete xe ƒonuwo va dze ɖe lã kukuawo gbɔ, eye Abram nyà wo ɖa.
12
Esi ɣe le to ɖom la, Abram dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Kasia viviti dziŋɔ aɖe do ɖee, eye vɔvɔ̃ lée.
13
Tete Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Nenɔ nyanya me na wò kɔtɛe be wò dzidzimeviwo ava nye amedzrowo le anyigba bubu aɖe si menye wo tɔ o la dzi. Woanye kluviwo le afi ma; woawɔ fu wo vevie ƒe alafa ene.
14
Ke mava drɔ̃ ʋɔnu dukɔ si woasubɔ la, eye emegbe la, woadzo kple kesinɔnu geɖe.
15
Wò ŋutɔ ya la, àtsi azu amegãɖeɖi belibeli hafi aku, woaɖi. Àyi tɔgbuiwòwo gbɔ le ŋutifafa me.
16
Dzidzime enelia me hafi tɔwòwo agatrɔ va afii, elabe Amoritɔwo ƒe nuvɔ̃ meva glo haɖe o.”
17
Ɣe ɖo to, eye viviti do. Kpɔ ɖa, ze si le dzudzɔ tum kɔlikɔli kple akakati si le bibim flaflafla la va to lã siwo me wofe da ɖi la dome.
18
Gbe ma gbe Aƒetɔ bla nu kple Abram be, “Metsɔ anyigba sia na wò dzidzimeviwo: Etso Egipte-tɔsisi gã la nu va se ɖe Frat-tɔsisi la nu ke.
19
Kenitɔwo, Kenizitɔwo, Kadmonitɔwo,
20
Xititɔwo, Perizitɔwo, Refaimtɔwo,
21
Amoritɔwo, Kanaanitɔwo, Girgasitɔwo kple Yebusitɔwo ƒe anyigbae.”
← Chapter 14
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 16 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50