bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 3
Genesis 3
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 4 →
1
Azɔ la, da dze aye wu gbemelã siwo katã Aƒetɔ Mawu wɔ la. Ebia nyɔnua be: “Nyateƒe wònye be Mawu gblɔ be: ‘Migaɖu abɔmetiawo ƒe ɖeke o’ a?”
2
Nyɔnua ɖo eŋu na da la be: “Woɖe mɔ be míɖu ati siwo le abɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tsetse.
3
Ke ati si le abɔa titina ya la, Mawu de se be: ‘Migaɖu eƒe tsetsea gbeɖegbeɖe o; migaka asi eŋu gɔ̃ hã o. Ne miewɔe la, miaku.’ ”
4
Ke da ɖo eŋu nɛ be: “Miele kuku ge o.
5
Elabe Mawu nya be ne mieɖui la, miaƒe ŋkuwo aʋu, eye mianɔ abe ye Mawu ene, anya nyui kple vɔ̃.”
6
Esi nyɔnua kpɔ be atia nyo na ɖuɖu, eƒe tsetsea nyakpɔ na ŋku, eye wòdzroa ame be wòaɖui adze nunya la, egbe eƒe tsetsea ƒe ɖe ɖu, eye wòtsɔ ɖe na srɔ̃a si nɔ egbɔ la hã wòɖu.
7
Tete wo kple evea ƒe ŋkuwo ʋu, eye wokpɔ be yewole amama. Ale wotɔ aŋgbawo hesa ɖe ali.
8
Esi anyinu fa miaa la, ŋutsua kple srɔ̃a wose Aƒetɔ Mawu ŋkɔ wòle zɔzɔm le abɔa me. Ale wosí le Aƒetɔ Mawu nu ɖabè ɖe atiwo dome le abɔa me.
9
Ke Aƒetɔ Mawu yɔ Adam, eye wòbiae be: “Afi ka nèle?”
10
Eɖo eŋu be: “Mese ŋkɔwò le abɔa me, eye mevɔ̃, elabe mele amama ale meyi ɖabè.”
11
Mawu biae be: “Ame kae gblɔ na wò be amama nèle? Alo ɖe nèɖu ati si ƒe tsetsea mede se na wò be mègaɖu o laa?”
12
Adam ɖo eŋu be: “Nyɔnu si nèda ɖe gbɔnye lae tsɔ atia ƒe tsetsea nam meɖu.”
13
Aƒetɔ Mawu bia nyɔnua be: “Nu kae nye esi nèwɔ?” Eɖo eŋu be: “Dae blem meɖui.”
14
Aƒetɔ Mawu gblɔ na da la be: “Le nu si nèwɔ ta la, woƒo fi de wò le aƒemelãwo kple gbemelãwo katã dome. Ƒodo dzi nàta le, eye ʋuʋudedie nàɖu le wò agbe me ŋkekewo katã me.
15
Made adika wò kple nyɔnua dome, eye eƒe dzidzimeviwo kple wò dzidzimeviwo hã anɔ kè me. Agbã ta na wò, eye wò hã àɖu afɔkpodzi nɛ.”
16
Egblɔ na nyɔnua be: “Madzi wò fufɔfɔ me fukpekpewo ɖe edzi, eye àse veve helihelĩ le wò kuléle me hafi adzi vi. Ke wò didi anɔ srɔ̃wò ŋu, eye eya aɖu gã ɖe dziwò.”
17
Azɔ Aƒetɔ gblɔ na Adam be: “Esi nèse srɔ̃wò ƒe gbe, eye nèɖu ati si ƒe tsetsea mede se na wò be mègaɖu o ta la, woaƒo fi ade anyigba le tawò. Àkpe fu hafi akpɔ nu aɖu tso edzi le wò agbenɔɣi blibo la katã.
18
Anyigba amie ŋu kple aŋɔka na wò, eye agble me amagbewo nàɖu.
19
Fifia ate wò hafi nàkpɔ nu aɖu. Ànɔ esia dzi ʋuu va se ɖe esime nàgatrɔ yi anyigba me elabe eya me woɖe wò tsoe. Anyie nènye, eye anyi ke nàgatrɔ azu!”
20
Adam yɔ srɔ̃a be Xawa elabe eyae nye amegbetɔwo katã nɔ.
21
Aƒetɔ Mawu tsɔ lãgbalẽ tɔ awu do na Adam kple srɔ̃a.
22
Azɔ la, Aƒetɔ Mawu gblɔ be: “Kpɔ ɖa, azɔ ame la zu abe míawo ke ene, eye wònya nyui kple vɔ̃. Ɖewohĩ ava do asi ɖa agbe ati si naa agbe la ƒe tsetsea hã aɖu ava tsi agbe tegbee.”
23
Ale Aƒetɔ Mawu nyà ame la do goe le Eden-bɔ la me be wòayi aɖaŋlɔ anyigba si ƒe anyi wotsɔ mee la.
24
Esi wònyà ame la do goe la, etsɔ kerubiwo kple yi si le dzo dam mlamlamla, eye wòtroa eɖokui ɖo ɖe akpa sia akpa la, da ɖe Eden-bɔ la ƒe ɣedzeƒe gome. Ewɔ esia be woadzɔ mɔ si yi agbetia gbɔ la nu.
← Chapter 2
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 4 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50