bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 48
Genesis 48
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 49 →
1
Esiawo megbe la, wogblɔ na Yosef be: “Kpɔ ɖa, tɔ́wò le dɔ lém.” Ale wòkplɔ via ŋutsu eveawo, Manase kple Efrayim, woyi egbɔ.
2
Esi wogblɔ na Yakob be: “Viwò Yosef va be yeakpɔ wò ɖa” la, Israel do ŋusẽ eɖokui fɔ, henɔ aba la dzi.
3
Yakob gblɔ na Yosef be: “Mawu Ŋusẽkatãtɔ la ɖe eɖokui fiam le Luz le Kanaan-nyigba dzi eye wòyram.
4
Egblɔ nam be: ‘Mana nàdzi fũu, eye wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ zã, eye mana woazu dukɔ geɖewo. Matsɔ anyigba sia ana wò dzidzimeviwo be wòanye wo tɔ tegbee.’
5
Azɔ viŋutsu eve siwo wodzi na wò le Egipte hafi meva gbɔwò la zu vinyewo. Efrayim kple Manase le nam pɛ abe Ruben kple Simeon ene. Woazu tɔnye.
6
Ke vi siwo nèdzi ɖe wo yome la nanye tɔwò. Woawo akpɔ woƒe domenyinuwo tso wo nɔvi Efrayim kple Manase ƒe domenyinuwo me.
7
Esi metrɔ tso Padan-Aram gbɔna ɖe Kanaan, eye wòsusɔ vie maɖo Efrat la, nɔwò Raxel ku le mɔ dzi. Meɖii ɖe mɔ to le Efrat.” Woyɔa Efrat fifia be Betlehem.
8
Esi Israel kpɔ Yosef viwo la, ebia be: “Ame kawoe nye esiawo?”
9
Yosef ɖo eŋu na tɔ́a be: “Viŋutsu siwo Mawu nam le afii la woe.” Yakob gblɔ be: “Kplɔ wo vɛ nam ne mayra wo.”
10
Israel tsi, eye eƒe ŋku le tsitsim ale be megate ŋu le nu kpɔm nyuie o. Esi Yosef kplɔ via eveawo te ɖe eŋu la, Yakob kpla asi kɔ na wo hegbugbɔ nu na wo.
11
Tete Israel gblɔ na Yosef be: “Nyemebui be magakpɔ wò ŋkume gbeɖe o, ke azɔ Mawu wɔe meva kpɔ viwòwo gɔ̃ hã.”
12
Emegbe Yosef kɔ ɖeviawo ɖa le tɔ́a ƒe ata ta, eye wòdze klo, de ta agu ɖe tɔ́a ŋkume.
13
Azɔ Yosef lé via eveawo ɖe asi. Efrayim le eƒe ɖusime, si nye Israel ƒe miame, eye Manase le eƒe miame, si nye Israel ƒe ɖusime. Ekplɔ wo te ɖe tɔ́a ŋu.
14
Ke Israel tso ga eƒe abɔwo, eye wòda eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe tame, togbɔ be eyae nye ɖevitɔ hã. Eda eƒe miasi ɖe Manase si nye tsitsitɔ la ƒe tame.
15
Tete wòyra Yosef gblɔ be: “Mawu si ƒe ŋkume tɔ́nyewo Abraham kple Isak zɔ le, Mawu si kplɔm le nye agbe me ŋkekewo katã me va ɖo egbe,
16
mawudɔla si ɖem tso vɔ̃wo katã me la, neyra ɖevi siawo! Nye ŋkɔ, tɔ́nyewo Abraham kple Isak ŋkɔ, nenɔ ɖevi siawo ŋu ɖaa. Wonedzi ɖe edzi le anyigba la dzi.”
17
Esi Yosef kpɔ be ye tɔ́ da eƒe nuɖusi ɖe Efrayim ƒe tame la, medze eŋu o, eya ta elé tɔ́a ƒe asi be yeaɖee ɖa le Efrayim ƒe tame ada ɖe Manase tɔ.
18
Yosef gblɔ na tɔ́a be: “Tɔ́nye, menye nenemae o. Ŋgɔgbetɔe nye esi; tsɔ wò nuɖusi da ɖe eya ƒe tame.”
19
Ke tɔ́a gbe hegblɔ be: “Menya, vinye, menya! Eya hã ƒe dzidzimeviwo hã ava zu dukɔ gã aɖe. Gake nɔvia ɖevitɔ ade ŋgɔ wui, eye eƒe dzidzimeviwo ava zu dukɔ gãwo.”
20
Ale wòyra wo gbe ma gbe gblɔ be: “Miaƒe ŋkɔ Israelviwo atsɔ ayra amee, agblɔ be: ‘Mawu neɖi na wò abe Efrayim kple Manase ene!’ ” To esia me la, Yakob trɔ Efrayim wòzu tsitsia na Manase.
21
Azɔ Yakob gblɔ na Yosef be: “Kpɔ ɖa, nye kuɣi ɖo. Mawu anɔ kpli mi, eye wòagbugbɔ mi ayi mia tɔgbuiwo ƒe anyigba la dzi.
22
Gawu la, metsɔ tonyigba si mexɔ le Amoritɔwo si kple nye ŋutɔ nye yi kple dati la na wò boŋ ɖe nɔviwòwo teƒe.”
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 49 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50