bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 5
Genesis 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 6 →
1
Adam ƒe dzidzimeviwo ŋutinya nye esi: Esi Mawu wɔ amegbetɔ la, ewɔe ɖe eya ŋutɔ ƒe nɔnɔme.
2
Atsu kple asie wòwɔ, eyra wo, eye wòna ŋkɔ wo be Amegbetɔ.
3
Esi Adam xɔ ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ la, edzi viŋutsu. Ɖevi la ɖii ŋutɔ, eye wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Set.
4
Emegbe la, Adam ganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
5
Ale Adam nɔ agbe ƒe alafa asieke bla etɔ̃ hafi ku.
6
Esi Set xɔ ƒe alafa ɖeka kple atɔ̃ la, edzi viŋutsu si ŋkɔe nye Enos.
7
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple adrẽ, eye wòdzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
8
Enɔ agbe ƒe alafa asieke kple wui eve hafi ku.
9
Esi Enos xɔ ƒe bla asieke la, edzi viŋutsu si ŋkɔe nye Kenan.
10
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi kple wui atɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
11
Ale Enos nɔ agbe ƒe alafa asieke kple atɔ̃ hafi ku.
12
Esi Kenan xɔ ƒe bla adrẽ la, edzi viŋutsu si ŋkɔe nye Mahalalel.
13
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi bla ene, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
14
Ale Kenan nɔ agbe ƒe alafa asieke kple ewo hafi ku.
15
Mahalalel xɔ ƒe bla ade vɔ atɔ̃ hafi dzi viŋutsu si wòtsɔ ŋkɔ na be Yared.
16
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi bla etɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
17
Ale Yared xɔ ƒe alafa enyi bla asieke vɔ atɔ̃ hafi ku.
18
Esi Yared xɔ ƒe alafa ɖeka bla ade vɔ eve la, edzi ŋutsuvi si ŋkɔe nye Henox.
19
Eganɔ agbe ƒe alafa enyi, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
20
Ale Henox nɔ agbe ƒe alafa asieke bla ade vɔ eve hafi ku.
21
Esi Henox xɔ ƒe bla ade vɔ atɔ̃ la, edzi viŋutsu si wòtsɔ ŋkɔ na be Metusala.
22
Esi Henox dzi Metusala megbe la, enɔ hadede me kple Mawu ƒe alafa etɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
23
Enɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ bla ade vɔ atɔ̃.
24
Henox nɔ hadede me kple Mawu le eƒe agbenɔɣi, ale be ɖeko wòbu vĩ elabe Mawu kplɔe dzoe.
25
Esi Metusala xɔ ƒe alafa ɖeka bla enyi vɔ adrẽ la, edzi viŋutsu si nye Lamex.
26
Emegbe la, eganɔ agbe ƒe alafa adrẽ bla enyi vɔ eve, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
27
Metusala nɔ agbe ƒe alafa asieke bla ade vɔ asieke hafi ku.
28
Esi Lamex xɔ ƒe alafa ɖeka bla enyi vɔ eve la, edzi viŋutsu.
29
Egblɔ be: “Ɖevi sia ana gbɔdzɔe mí tso míaƒe dɔwɔwɔ kple dagbadagba si Aƒetɔ ƒe fi si wòƒo de anyigba la he vɛ me.” Ale wòtsɔ ŋkɔ nɛ be Noa.
30
Emegbe Lamex ganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃ bla asieke vɔ atɔ̃, eye wògadzi viŋutsu kple vinyɔnu bubuwo hã.
31
Lamex nɔ agbe ƒe alafa adrẽ bla adrẽ vɔ adrẽ hafi ku.
32
Noa xɔ ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi Sem, Xam kple Yafet.
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50