bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 46
Genesis 46
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 47 →
1
Ale Yakob ƒo ƒu eƒe nuwo katã eye wòdze mɔ yi Beer-Seba. Esa vɔ na tɔ́a Isak ƒe Mawu la le afi ma.
2
Mawu ƒo nu nɛ le ŋutega me le zã me. Eyɔe be: “Yakob, Yakob!” Etɔ be: “Nyee nye esi!”
3
Tete Mawu gblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu, tɔ́wò ƒe Mawu la. Mègavɔ̃ Egipte yiyi o, elabe mawɔ wò nàzu dukɔ gã aɖe le afi ma.
4
Nye ŋutɔ mayi Egipte kpli wò, eye nye ŋutɔ magakplɔ wò agbɔe. Yosef akpɔ wò kuƒe eye wòalé wò ŋkuyiwo akpe.”
5
Azɔ Yakob dze mɔ tso Beer-Seba. Via ŋutsuawo tsɔ eya, wo viwo kple wo srɔ̃wo de tasiaɖam siwo Egipte Fiagã ɖo ɖa la me.
6
Wokplɔ woƒe lãwo, eye wotsɔ woƒe kesinɔnu siwo katã wokpɔ le Kanaan-nyigba dzi, eye woyi Egipte. Yakob kplɔ eƒe dzidzimeviwo katã hã yii.
7
Ekplɔ via ŋutsuwo kple eƒe tɔgbuiyɔviŋutsuwo, via nyɔnuwo kple eƒe tɔgbuiyɔvinyɔnuwo katã yi Egipte.
8
Yakob vi siwo yi Egipte kplii la woe nye: eƒe ŋgɔgbevi Ruben.
9
Ruben viŋutsuwoe nye: Henox, Palu, Xezron kple Karmi.
10
Simeon viŋutsuwoe nye: Yemuel, Tamin, Ohad, Yaxin, Zoxar kple Saul, Kanaan-nyɔnu ƒe vi.
11
Levi viŋutsuwoe nye: Gerson, Kahat kple Merari.
12
Yuda viŋutsuwoe nye: Er, Onan, Sela, Perez kple Serax. Er kple Onan ya ku le Kanaan-nyigba dzi. Perez viŋutsuwoe nye Xezron kple Xamul.
13
Isaxar viŋutsuwoe nye: Tola, Puva, Yob kple Simron.
14
Zebulon viŋutsuwoe nye: Sered, Elon kple Yaxleel.
15
Viŋutsuvi siwo Lea dzi na Yakob le Padan-Aram hekpe ɖe via nyɔnu Dina ŋu lae nye esiawo. Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo katã le ame bla etɔ̃ vɔ etɔ̃.
16
Gad viŋutsuwoe nye: Zifyon, Hagi, Suni, Ezbon, Eri, Arodi kple Areli.
17
Aser viŋutsuwoe nye: Yimna, Yisva, Yisvi, Beria kple wo nɔvinyɔnu Serax. Beria viŋutsuwo nye Xeeber kple Malkiel.
18
Silpa, kosi si Laban na via nyɔnu Lea viŋutsu siwo wòdzi na Yakob lae nye esiawo. Wo katã le ame wui ade.
19
Yakob srɔ̃ Raxel viŋutsuwoe nye Yosef kple Benyamin.
20
Viŋutsu siwo On nunɔla, Potifera ƒe vinyɔnu Asnat dzi na Yosef le Egipte-nyigba dzi lae nye Manase kple Efrayim.
21
Benyamin viŋutsuwoe nye Bela, Bexer, Asbel, Gera, Naeman, Exi, Ros, Muspim, Xupim kple Ard.
22
Raxel viŋutsu siwo wòdzi na Yakob lae nye esiawo. Wo katã le ame wui eve.
23
Dan viŋutsue nye Xusim.
24
Naftali viŋutsuwoe nye: Yaxzeel, Guni, Yezer kple Silem.
25
Bilha, kosi si Laban na via nyɔnu Raxel la ƒe viŋutsu siwo wòdzi na Yakob lae nye esiawo. Wo katã le ame adrẽ.
26
Yakob ƒe dzidzimevi ŋutɔŋutɔ siwo ʋu yi Egipte kplii la le ame bla ade vɔ ade; via ŋutsuawo srɔ̃wo mele eme o.
27
Wodzi viŋutsu eve na Yosef le Egipte. Yakob ƒe ƒometɔ siwo katã va Egipte la le ame bla adrẽ.
28
Yakob dɔ Yuda ɖe Yosef gbɔ do ŋgɔ be wòava kpe yewo le Gosen. Esi wòɖaɖo la,
29
Yosef dzra ɖo, eye wòɖo eƒe tasiaɖam la yi tɔ́a Israel kpe ge le Gosen. Esi wòdo go tɔ́a la, ekpla asi kɔ nɛ, eye wòfa avi ɖe edzi ʋuu.
30
Israel gblɔ na Yosef be: “Mate ŋu aku azɔ faa, elabe mekpɔ wò nègale agbe.”
31
Tete Yosef gblɔ na nɔviawo kple tɔ́a ƒemetɔwo be: “Mayi aɖagblɔe na fia la be: ‘Nɔvinye kple tɔ́nye ƒometɔ siwo le Kanaan-nyigba dzi la va.
32
Lãnyilawo wonye, eye wova kple woƒe lãhawo: alẽ, nyi kple woƒe nunɔamesiwo katã.’
33
Ne fia la yɔ mi, eye wòbia be: ‘Dɔ ka wɔlawo mienye?’ hã la,
34
miɖo eŋu nɛ be: ‘Lãnyilawo wò dɔlawo nye tso ɖevime ke abe mía tɔgbuiwo ene.’ Ne miegblɔ nenema la, aɖe mɔ na mi mianɔ Gosen-nutome.” Elabe alẽkplɔlawo nye ŋunyɔnu na Egiptetɔwo.
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 47 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50