bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 7
Genesis 7
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 8 →
1
Tete Aƒetɔ gblɔ na Noa be: “Wò kple aƒewòmetɔwo katã miyi ɖe aɖakaʋu la me, elabe mekpɔ be ame dzɔdzɔe nènye le dzidzime sia me.
2
Kplɔ lã siwo katã woɖuna la, atsu kple asi, adrẽadrẽ kple lã siwo womeɖuna o la, atsu kple asi eveveve, de aɖakaʋu la me.
3
Kplɔ xe ƒomevi vovovo ɖe sia ɖe, atsua kple nɔea, adrẽadrẽ hã de eme. Wɔ esia bene lã kple xe ƒomevi ɖe sia ɖe natsi agbe le anyigba dzi, agadzi.
4
Le ŋkeke adrẽ megbe la, mana tsi nadza ɖe anyigba dzi, ŋkeke bla ene zã bla ene, eye matsrɔ̃ nu gbagbe ɖe sia ɖe si mewɔ la ɖa le anyigba dzi.”
5
Noa wɔ nu sia nu abe ale si Aƒetɔ gblɔ nɛ be newɔ la ene pɛpɛpɛ.
6
Noa xɔ ƒe alafa ade esi tsiɖɔɖɔ ɖe anyigba.
7
Noa, via ŋutsuwo, srɔ̃a kple via ŋutsuawo srɔ̃wo ge ɖe aɖakaʋu la me be woasí le tsiɖɔɖɔ la nu.
8
Abe ale si Mawu bia tso Noa si ene la, lãwo katã, ɖuɖuawo kple maɖumaɖuawo, xe dzodzoewo kple lã siwo tana le anyigba,
9
eveveve atsua kple nɔea, woge ɖe aɖakaʋu la me kple Noa.
10
Le ŋkeke adrẽ megbe la, tsiɖɔɖɔ la dze egɔme le anyigba dzi.
11
Le Noa ƒe ƒè alafa adelia me, le ɣleti evelia ƒe ŋkeke wui adrẽlia gbe la, tsi gã siwo le anyigba ƒe tume la ŋɔ gbagba. Dziƒo nu hã ʋu.
12
Ale tsi de asi dzadza me madzudzɔmadzudzɔe, ŋkeke bla ene zã bla ene sɔŋ.
13
Gbe ma gbe tututue Noa kple srɔ̃a kpakple wo viŋutsu etɔ̃awo: Sem, Xam kple Yafet, kpakple woawo hã wo srɔ̃ etɔ̃awo ge ɖe aɖakaʋu la me.
14
Gbemelã, aƒemelã, nu tata kple xe ƒomevi vovovowo kpakple nu siwo dzona la katã hã kpe ɖe wo ŋu.
15
Woge ɖe aɖakaʋu la me eveveve kple Noa, nu gbagbe siwo katã me agbe le la.
16
Lã siawo katã, atsua kple nɔea, woge ɖe aɖakaʋu la me kple Noa, abe ale si Mawu gblɔ nɛ ene, eye Aƒetɔ tu ʋɔa ɖe enu.
17
Tsia ɖɔ yi dzi ŋkeke bla ene sɔŋ. Esɔ gbɔ ale gbegbe be ekɔ aɖakaʋua ɖe dzi, wòle tsia dzi.
18
Tsia gaɖɔ ɖe edzi ŋutɔ, eye ʋua nɔ tsatsam le edzi.
19
Tsia ɖɔ ɖe anyigba ale gbegbe be to kɔkɔtɔwo kekeake gɔ̃ hã bu ɖe tsia me.
20
Ke ɖɔɖɔ dzi ko wògale va se ɖe esime wògbɔ to kɔkɔwo tame, wobu ɖe eme meta adrẽ sɔŋ.
21
Nu gbagbe ɖe sia ɖe, eɖanye xe o, aƒemelã o, gbemelã o, nu tata o, amegbetɔ o, wo katã wotsrɔ̃ keŋ.
22
Nu sia nu si me agbe le ko la ku.
23
Aƒetɔ tsrɔ̃ nu gbagbewo katã le anyigba dzi; amegbetɔ, lã kple xe, ɖeke medo le eme o, negbe Noa kple aɖakaʋua me nɔlawo ɖeɖe ko.
24
Tsi la ɖɔ ɖe anyigba dzi ŋkeke alafa ɖeka bla atɔ̃.
← Chapter 6
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 8 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50