bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 8
Genesis 8
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 9 →
1
Mawu meŋlɔ Noa kple gbemelã kpakple aƒemelã siwo katã le egbɔ le aɖakaʋua me la be o. Ena ya ƒo to anyigba dzi, eye tsia de asi miemie me.
2
Tsi siwo nɔ dzidzim tso anyigba tume la nu tso, dziƒo nu tu, eye tsi la ke.
3
Tsia le miemiem vivivi, eye le ŋkeke alafa ɖeka bla atɔ̃ megbe la, emie keŋ.
4
Le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui adrẽa gbe la, aɖakaʋu la va tɔ ɖe to aɖe tame le Ararat-to tame.
5
Tsia nɔ miemiem vivivi va se ɖe ɣleti ewolia me. Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke gbãtɔ gbe la, towo tame dzé.
6
Le ŋkeke bla ene megbe la, Noa ʋu aɖakaʋua ƒe fesre,
7
eye wòna akpavia aɖe do yi. Eɖanɔ tsatsam va se ɖe esime tsia mie vɔ le anyigba dzi keŋ.
8
Noa ʋu nu le ahɔnɛ aɖe hã nu do ɖa be yeakpɔ ɖa be tsia mie vɔ le anyigba dzi mahã.
9
Akpakpa la mekpɔ teƒe aɖeke adze ɖo o, elabe tsi gale anyigba blibo la dzi ko, eye wòtrɔ va ʋua gbɔ. Noa do asi ɖa lée va eme.
10
Elala ŋkeke adrẽ, eye wògaɖo ahɔnɛ la ɖa.
11
Tete ahɔnɛ la trɔ va egbɔ le fiẽ me, eye kpɔ ɖa, elé amitiŋgba fɛ̃ si wògbe la ɖe nu. Ale Noa dze sii be tsia mie le anyigba dzi azɔ.
12
Egalala ŋkeke adrẽ bubu, eye wògaɖo ahɔnɛ la ɖa; ke esi wòyi la, megatrɔ gbɔ o.
13
Le Noa ƒe ƒè alafa ade kple ɖeka xɔgbe, si nye ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔa gbe la, tsia mie keŋ. Efo ʋua tame tsa ŋku, eye wòkpɔ be anyigba ƒu.
14
Le ɣleti evelia ƒe ŋkeke bla eve vɔ adrẽlia gbe la, anyigba ƒu keŋkeŋ.
15
Mawu gblɔ na Noa be:
16
“Wò ŋutɔ, srɔ̃wò, viwò ŋutsuawo kple wo srɔ̃wo, mi katã mido le aɖakaʋua me.
17
Ɖe nu gbagbe siwo katã le gbɔwò: xewo, lãwo kple nu sia nu si tana le anyigba, do goe; be woadzi asɔ gbɔ ɖe anyigba la dzi.”
18
Ale Noa kple srɔ̃a kple via ŋutsuawo kpakple wo srɔ̃awo do le ʋua me.
19
Nenema ke nu vovovo siwo katã ʋãna le anyigba dzi: lãwo, nu tatawo kple xewo katã hã do, wo ƒome wo ƒome, tso aɖakaʋua me.
20
Tete Noa ɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ. Eɖe lã ɖuɖua ɖe sia ɖe kple xe ɖuɖua ɖe sia ɖe ƒe ɖe tsɔ wɔ numemevɔsa le vɔsamlekpui la dzi.
21
Esi Aƒetɔ se numeme la ƒe ʋeʋẽ lílili la, edze eŋu. Egblɔ le eɖokui me be: “Nyemagaxa ɖe amegbetɔ ƒe nuwɔna ta aƒo fi ade anyigba gbeɖe o. Menya be tso eƒe ɖevime ke la, vɔ̃ ko wòsusuna le eɖokui me. Nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã, abe ale si mewɔ ene akpɔ gbeɖe o.
22
Zi ale si anyigba li ko la, nuƒãɣi kple nuŋeɣi, fafa kple dzoxɔxɔ, dzomeŋɔli kple vuvɔŋɔli, ŋkeke kple zã, nu matsi akpɔ gbeɖe o.”
← Chapter 7
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 9 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50