bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 20
Genesis 20
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 21 →
1
Abraham ʋu tso Mamre yi anyigbemekegbegbe lɔƒo, eye wòɖanɔ Kades kple Sur dome. Esi wònɔ Gerar abe amedzro ene la,
2
egblɔ be ye nɔvinyɔnue nye Sara. Ale Abimelex, Gerar-fia, na wokplɔ Sara vɛ nɛ.
3
Ke gbe ɖeka, le zã me la, Mawu ɖe eɖokui fia Abimelex le drɔ̃eƒe gblɔ nɛ be: “Kpɔ ɖa, èle kuku ge le nyɔnu si nèxɔ la ta. Ame srɔ̃e!”
4
Ke Abimelex mede asi nyɔnua ŋu haɖe o; ale wògblɔ na Mawu be: “O Aƒetɔ, ame maɖifɔwo hãe nèbe yeawua?
5
Menye eya ŋutɔe gblɔ nam be ye nɔvinyɔnu ye oa? Sara ŋutɔ gɔ̃ hã gblɔ be ye nɔviŋutsu ye. Nye dzi mebu fɔm o, eye nyemeda vo o ɖe.”
6
Mawu ɖo eŋu nɛ le drɔ̃eƒe be: “Nyateƒe, nye hã menyae be wò dzime kɔ le nu si nèwɔ la me, eya ta meɖo asi dziwò be nàgade asi eŋu ava wɔ vɔ̃ ɖe ŋunye o.”
7
Azɔ gbugbɔ nyɔnua na srɔ̃a, elabe nye gbeƒãɖela ŋutsua nye, ne wòaɖe kuku ɖe tawò nàtsi agbe. Ke ne ègbe mètrɔe nɛ o la, ekema nànyae nyuie be wò kple aƒewò me tɔwo katã miele kuku ge.”
8
Abimelex fɔ ŋdi kanya, eye wòyɔ eƒe dɔlawo katã vɛ heto nya si dzɔ la na wo. Vɔvɔ̃ ɖo wo ale gbegbe.
9
Tete Abimelex yɔ Abraham eye wòbiae be: “Nu kae nye esi nèwɔ ɖe mía ŋu? Nu vɔ̃ ka gɔ̃ mewɔ ɖe ŋuwò hafi nèhe dzɔgbevɔ̃e gã sia va nye kple nye fiaɖuƒe dzi? Womewɔa nu sia, si nèwɔ ɖe ŋunye la, gbeɖegbeɖe o.
10
Ale ke nèbu hafi wɔe?”
11
Abraham ɖo eŋu be: “Nye ya metsɔe be mawuvɔ̃la aɖeke mele afi sia o, ale woawum axɔ srɔ̃nye.
12
Ke hã, le nyateƒe me la, nɔvinye nyɔnue, elabe tɔ́viwo míenye, ke menye dadaviwo o, eye meɖee.
13
Esi Mawu be maʋu le tɔ́nye ƒeme ayi dzronyigba dzi la, megblɔ na Sara be: ‘Medi be nàve nunye. Afi sia afi si míaɖo la, gblɔ na ame sia ame be ye nɔviŋutsue menye.’ ”
14
Tete Abimelex gbugbɔ Sara na Abraham, eye wòna alẽwo, nyiwo kple kluviwo hãe.
15
Egblɔ na Abraham be: “Tɔnyee nye anyigba sia katã. Nɔ afi sia afi si nyo ŋuwò la.”
16
Egblɔ na Sara be: “Kpɔ ɖa, metso afia na wò. Metsɔ klosaloga akpe ɖeka na nɔviwò be matsɔ afia ame siwo katã le ŋuwò, be ŋukpe aɖeke mele ŋuwò o, eye mèwɔ vɔ̃ aɖeke o.”
17
Tete Abraham do gbe ɖa na Mawu, eye Mawu yɔ dɔ Abimelex kple srɔ̃a kpakple eƒe kosiviwo ale be wodzi viwo.
18
Elabe le Sara, Abraham srɔ̃, ta la, Aƒetɔ xe nyɔnu siwo katã le Abimelex ƒeme la ƒe vidzidɔ nu.
← Chapter 19
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 21 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50