bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 25
Genesis 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 26 →
1
Abraham ɖe srɔ̃ bubu si ŋkɔe nye Ketura.
2
Eya dzi Simran, Yoksan, Medan, Midian, Yisbak kple Suax nɛ.
3
Yoksan dzi Seba kple Dedan. Dedan ƒe dzidzimeviwoe nye: Asuritɔwo, Letusitɔwo kple Leumitɔwo.
4
Midian viŋutsuwoe nye Efa, Efer, Henox, Abida kple Edaa. Ame siawo katã nye Ketura ƒe dzidzimeviwo.
5
Abraham tsɔ eƒe nunɔamesiwo katã na via Isak,
6
ke le eƒe agbenɔɣi la, Abraham na nu viŋutsu siwo eƒe ahiãviwo dzi nɛ la, eye wòdo mɔ wo ɖo ɖe anyigba si le ɣedzeƒe gome la dzi bene woaɖe ɖa le Isak ŋu.
7
Azɔ Abraham nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla adrẽ vɔ atɔ̃.
8
Abraham ku esime wòtsi xɔ ƒè geɖee, eye wòzu amegãɖeɖi belibeli hafi yi tɔgbuiawo gbɔ.
9
Via ŋutsuwo, Isak kple Ismael, ɖii ɖe Maxpela-kpeto la me. Kpeto sia le agble si le Mamre ƒe ɣedzeƒe gome, eye wònye Xititɔ Efron, Zoxar vi ƒe anyigba kpɔ.
10
Agble siae Abraham ƒle le Xititɔwo si va yi, eye afi mae woɖi, eya kple srɔ̃a Sara ɖo.
11
Mawu yra Isak le tɔ́a Abraham ƒe ku megbe, eye wònɔ afi si woyɔna be “Agbe tɔ si le kpɔyem la ƒe Vudo.”
12
Ismael, ame si Egipte-nyɔnu Hagar, Sara ƒe kosi, dzi na Abraham la,
13
viwo ŋkɔwoe nye esiwo gbɔna ɖe woƒe tsitsime nu: Nebayot, Kedar, Adbeel, Mibsam,
14
Misma, Duma, Masa,
15
Xadad, Tema, Yetur, Nafis kple Kedma.
16
Ame siawoe nye Ismael viŋutsuwo, eye esiawoe nye woƒe ŋkɔwo ɖe woƒe du suewo kple woƒe asaɖawo nu; amegã wui eve ɖe woƒe towo nu.
17
Ismael tsi xɔ ƒe alafa ɖeka bla etɔ̃ vɔ adrẽ hafi ku.
18
Eƒe dzidzimeviwoe nɔ Xavila kple Sur dome le Egipte ƒe ɣedzeƒe gome ɖo ta Asiria. Woawo sa wo ɖokui ɖe aga tso Abraham ƒe dzidzimevi bubuawo gbɔ.
19
Abraham vi Isak hã ƒe dzidzimeŋutinyae nye esi:
20
Isak xɔ ƒe bla ene, hafi ɖe Rebeka si nye Betuel vinyɔnu. Rebeka nɔviŋutsue nye Laban. Betuel nye Aramtɔ tso Mesopotamia.
21
Rebeka tsi ko eya ta Isak do gbe ɖa na Aƒetɔ vevie ɖe eta. Aƒetɔ se eƒe kukuɖeɖe la, eye Rebeka fɔ fu.
22
Ɖeviawo nɔ ʋiʋlim le eƒe dɔme. Ale ebia eɖokui be: “Nu ka tae nu sia ƒomevi le wɔyem?” eye wòyi ɖabia Aƒetɔ se.
23
Aƒetɔ ɖo eŋu nɛ be: “Dukɔ evee le wò dɔ me. Àdzi dukɔ eve siwo aʋli nu kple wo nɔewo. Ɖeka asesẽ wu nɔvia; tsitsitɔ asubɔ ɖevitɔ.”
24
Rebeka ƒe vidziɣi ɖo, kasia evenɔviwoe le dɔa me.
25
Gbãtɔ do. Ebiã hẽe, eye fu le eŋu kedzekedze, eya ta wona ŋkɔe be Esau.
26
Evelia hã va do, eye wòlé Esau ƒe afɔkpodzi ɖe asi, eya ta wona ŋkɔe be Yakob. Isak xɔ ƒe bla ade esime wodzi ɖeviawo.
27
Esi ɖeviawo va tsi la, Esau zu adela, eye wòlɔ̃a adegbedede. Ke Yakob ya nye ame fafa, eye wòlɔ̃a aƒeme nɔnɔ.
28
Isak lɔ̃ Esau ƒe nya elabe adelã vivia enu; ke Rebeka ya lɔ̃ Yakob.
29
Gbe ɖeka la, Yakob nɔ nu ɖam. Esau tso adegbe gbɔ, eye dɔ nɔ ewum kutɔkutɔe.
30
Esau gblɔ na Yakob be: “Dɔ le wuyem, mebe maku. Na nuɖuɖu dzĩ ma ƒe ɖem maɖu.” Eya ta wotsɔ ŋkɔ nɛ be Edom.
31
Yakob ɖo eŋu be: “Dzra wò ŋgɔgbevinyenye nam gbã gbɔ.”
32
Esau gblɔ be: “Dɔ le wuyem, mebe makua, nu ka koŋ ŋgɔgbevinyenye awɔ nam?”
33
Yakob be: “Ka atam nam gbã gbɔ.” Tete Esau ka atam na Yakob, eye wòtsɔ eƒe ŋgɔgbevinyenye dzra nɛ.
34
Azɔ Yakob na abolo kple ayidetsi la Esau. Eɖu nua, no tsi ɖe edzi, eye wòtso dzo. Aleae Esau wɔ, do vlo eƒe ŋgɔgbevinyenye nye esi.
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50