bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 18
Genesis 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 19 →
1
Aƒetɔ ɖe eɖokui fia Abraham le Mamre ƒe ati gã kɔkɔeawo gbɔ. Esime Abraham bɔbɔ nɔ eƒe agbadɔ ƒe mɔnu le ŋdɔme la,
2
efɔ mo dzi. Kpɔ ɖa, ekpɔ ŋutsu etɔ̃ wole tsitre le eŋgɔ ɖa. Esi wòkpɔ wo la, eƒu du yi ɖakpe wo. Ebɔbɔ tsyɔ mo anyi,
3
eye wògblɔ be: “Nye Aƒetɔ, meɖe kuku, migato ŋunye yi o. Minyo dɔme miatɔ ɖe gbɔnye ʋɛ.
4
Mina maku tsi vi aɖe vɛ, ne miaklɔ afɔ, agbɔ ɖe eme vie le atia te.
5
Matsɔ nuɖuɖu aɖe hã vɛ ne miade nu me, be wòado ŋusẽ mi hafi miagayi mɔzɔzɔa dzi, esi mieva to miaƒe dɔla gbɔ ta.” Woɖo eŋu nɛ be: “Wɔ nu si nèbe yeawɔ la faa.”
6
Tete Abraham ɖe abla yi Sara gbɔ le agbadɔa me, eye wògblɔ nɛ be: “Netsɔ, ku wɔ memee dzidzenu etɔ̃ lɔƒo, nàblu tsɔ tɔ tatalii.”
7
Abraham ƒu du yi eƒe nyiwo dome. Elé nyivi dami na eƒe dɔla wòwu enumake, hemee wòbi nyuie.
8
Etsɔ notsi kpekẽtɔ kple tsrolotɔ kpe ɖe nyilã meme la ŋu va ɖo wo kɔme. Azɔ eya ŋutɔ le tsitre ɖe wo gbɔ le atia te esime wole nua ɖum.
9
Azɔ wobiae be: “Afi ka srɔ̃wò Sara le?” Eɖo eŋu be: “Ele agbadɔme.”
10
Aƒetɔ be: “Ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la, magatrɔ va, eye viŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si.” Ke Sara le emegbe le agbadɔa ƒe mɔnu le nya la sem.
11
Azɔ Abraham kple Sara tsi xɔ ƒè geɖee ŋutɔ ale be Sara megaɖoa asi anyi o.
12
Tete Sara ko nu le eɖokui me gblɔ be: “Nye si ku nyagã alea, eye srɔ̃nye hã zu amegãɖeɖi la, ɖe nu agavivi nunyea?”
13
Tete Aƒetɔ bia Abraham be: “Nu ka ta Sara ko nu gblɔ be, ‘Nye si ku nyagã alea ɖe, magate ŋu adzi via?’
14
Ɖe nanewɔwɔ aglo Aƒetɔ a? Mebe ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la, magatrɔ ava gbɔwò, eye viŋutsuvi anɔ srɔ̃wò Sara si.”
15
Ke Sara sẽ nu gblɔ be: “Nyemeko nu o.” Elabe ele vɔvɔ̃m. Ke egblɔ nɛ be: “Ao, èko nu ɖe!”
16
Le esia megbe la, ŋutsuawo dze mɔ, eye Abraham kplɔ wo ɖo ɖa. Wokpɔ Sodom le abu me ɖa.
17
Aƒetɔ gblɔ be: “Ɖe maɣla nu si wɔ ge mele la ɖe Abrahama?
18
Evɔ wònye eƒe dzidzimeviwoe ava zu dukɔ gã triakɔ aɖe, eye eyama mee woayra anyigba dzi dukɔwo katã le ɖe!
19
Gawu la, nye Aƒetɔ, metiae be wòana viawo kple eƒe dzidzimeviwo naɖo tom, eye woawɔ nu dzɔdzɔe kple nu si le eteƒe, ne mawɔ nu si ŋugbe medo nɛ la dzi.”
20
Tete Aƒetɔ gblɔ na Abraham be: “Nutsotso ɖe Sodom kple Gomora duwo ŋu va glo, eye woƒe nuvɔ̃ wɔwɔ wu gbɔgblɔ.
21
Eya ta maɖi ayi, aɖakpɔ be nu siwo sem mele le wo ŋuti la le eme loo, alo womele eme o, ne manya.”
22
Ale ameawo trɔ ɖo ta Sodom. Abraham gale tsitre ɖe Aƒetɔ ŋkume ko.
23
Ete ɖe Aƒetɔ ŋu eye wòbiae be: “Ɖe nàtsrɔ̃ ame dzɔdzɔewo kple ame vɔ̃ɖiwo siaa nyateƒea?
24
Ne ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ le dua me ɖe, àtsrɔ̃ du bliboa? Màxa ɖe ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ siawo ta atsɔ ke dua oa?
25
Nete ɖa xaa tso tso gbɔwò be nàwu ame dzɔdzɔe kple ame vɔ̃ɖi siaa ɖekae, eye ame dzɔdzɔe manɔ abe ame vɔ̃ɖi ene o. Nete ɖa xaa tso gbɔwò! Ɖe xexea me katã ƒe ʋɔnudrɔ̃la mawɔ nu dzɔdzɔe oa?”
26
Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ le Sodom-du me la, maxa ɖe woawo ta atsɔ ke du bliboa.”
27
Abraham yi edzi be: “Taflatsɛ, Aƒetɔ, tsɔe kem be medo dzi gale nu ƒom kpli wò. Anyi kple afi ko menye.
28
Ɖewohĩ ame atɔ̃ ato le ame dzɔdzɔe bla atɔ̃ me. Ɖe nàtsrɔ̃ du blibo la le ame atɔ̃ si to le eme la ta?” Aƒetɔ ɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame dzɔdzɔe bla ene vɔ atɔ̃ le dua me la, nyematsrɔ̃e o.”
29
Abraham gayi edzi be: “Ɖewohĩ ne wokpɔ ame bla ene ɖe?” Eɖo eŋu be: “Ne makpɔ ame bla ene le dua me la, nyematsrɔ̃e o.”
30
Abraham gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, mègakpɔ dziku be megale nu ƒo ge o. Ɖewohĩ ame bla etɔ̃ ko woakpɔ.” Egblɔ be: “Ne makpɔ ame bla etɔ̃ le eme la, nyematsrɔ̃e o.”
31
Abraham gagblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, tsɔe kem be medo dzi gale nu ƒom kpli wò. Ɖewohĩ ame bla eve ko woakpɔ.” Eɖo eŋu be: “Le ame bla eve ta la, nyematsrɔ̃e o.”
32
Abraham gblɔ be: “Aƒetɔ, meɖe kuku, mègakpɔ dziku o. Medi be magaƒo nu zi ɖeka pɛ ko. Ɖewohĩ ame ewo ko woakpɔ.” Eɖo eŋu be: “Le ame ewo ta la, nyematsrɔ̃ dua o.”
33
Ke esi Aƒetɔ ƒo nu kple Abraham vɔ la, edzo, eye Abraham hã trɔ yi aƒeme.
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50