bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 42
Genesis 42
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 43 →
1
Esi Yakob se be bli le Egipte la, egblɔ na viawo be: “Ale ke wɔ miele afii le mia nɔewo ƒe mo kpɔm?
2
Mese be bli le Egipte, eya ta miyi ɖaƒle ɖe vɛ ne dɔ nagawu mí míaku o!”
3
Ale Yosef nɔviwo dometɔ ewo dzra ɖo be yewoayi Egipte aɖaƒle blia.
4
Gake Yakob meɖe mɔ na Benyamin, Yosef dadavi, ya be neyi kple wo o, elabe evɔ̃ be nu vevi ava wɔe.
5
Tete Israelviwo va Egipte bli ƒle ge, abe ame bubuwo ene, elabe dɔ to le Kanaan-nyigba dzi.
6
Le ɣe ma ɣi me la, Yosef nye mɔ́mefia le dukɔa me, eye eyae dzraa bli na ame siwo katã tso xexea me godoo va la. Yosef nɔviwo va, eye wodze klo de ta agu nɛ.
7
Esi Yosef kpɔ nɔviawo la, edze si wo, gake ewɔ ɖe wo ŋu abe ɖe menya wo kura o ene. Etɔ gbe wo be: “Afi ka mietso?” Woɖo eŋu be: “Míetso Kanaan-nyigba dzi, va bli ƒle ge.”
8
Togbɔ be Yosef dze si nɔviawo hã la, woawo ya medze sii o.
9
Eɖo ŋku drɔ̃e si wòku le wo ŋu la dzi, eye wògblɔ na wo be: “Ŋkutsalawo mienye. Ɖe mieva be yewoadi mɔnu le míaƒe anyigba la ŋu.”
10
Woɖo eŋu be: “Gbeɖe, amegã, wò dɔlawo míenye; nuɖuɖu ko ƒle ge míeva.
11
Ŋutsu ɖeka viwo mí katã míenye. Menye ŋkutsalawo míenye o, amegã, ke boŋ nuteƒewɔlawo míenye.”
12
Yosef ɖo eŋu na wo be: “Kpao, mɔnu di ge mieva le míaƒe anyigba la ŋu!”
13
Woxɔ edzi be: “Nɔvi wui eve míenye henye ŋutsu ɖeka viwo le Kanaan-nyigba dzi. Mía nɔvi ɖeka megali o, eye mía nɔvi ɖevitɔ ya tsi mía tɔ́a gbɔ.”
14
Yosef ɖo eŋu na wo be: “Eya ko megblɔ be ŋkutsalawo mienye la!
15
Mele mia do ge kpɔ ale: Metà Egipte Fiagã la! Miele dzodzo ge le afii akpɔ o, negbe ɖeko mia nɔvi ɖevitɔ la va afii hafi!
16
Midɔ mia dometɔ ɖeka ɖa ne wòaɖakplɔe vɛ. Ke mi ame mamlɛawo ya la, mianɔ ga me va se ɖe esime manya kɔtɛe be nyateƒe tom miele. Evɔ ne menye nenem o la, metà fia, ŋkutsalawo mienye.”
17
Yosef lé wo de ga me ŋkeke etɔ̃.
18
Le ŋkeke etɔ̃a gbe la, Yosef gblɔ na wo be: “Mawuvɔ̃la menye, eya ta ne miedi be yewoatsi agbe la, miwɔ nya si gblɔ ge mala na mi la dzi.
19
Nenye nyateƒe tom miele la, ekema mina mia nɔvi ɖeka natsi ga me le afii ne miadzo. Mi ame mamlɛawo mitsɔ blia yi na mia tɔwo le aƒea ne woatsɔ lé dɔwuame la nu.
20
Ne mieyi la, mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam bene manya be nyateƒe tom miele, ne nyemagawu mi o.” Wolɔ̃ ɖe nya sia dzi,
21
eye wogblɔ na wo nɔewo be: “Le nyateƒe me la, nu si míewɔ mía nɔvia tae míeɖo xaxa sia me ɖo. Togbɔ be míekpɔ be dzidzi ƒo mía nɔvia, eye wòɖe kuku na mí vevie ʋuu hã la, ɖeko míedo tokui! Eya tae míeɖo xaxa sia me fifia.”
22
Ruben gblɔ na wo be: “Megblɔ na mi be migawɔ vɔ̃ aɖekee o, gake miegbe. Azɔ la, wole to hem na mí ɖe eƒe ku ta.”
23
Ke womenya be Yosef se nyaawo o, elabe gbesela dzie woƒo nu toe.
24
Tete Yosef dzo le wo gbɔ ɖafa avi. Egatrɔ va wo gbɔ, eye wòƒo nu kple wo. Eɖe Simeon le wo dome, eye wòna woblae le wo katã ŋkume.
25
Emegbe la, Yosef ɖe gbe be woade bli nɔviawo ƒe kotokuawo me woayɔ, woatsɔ ame sia ame ƒe ga ade eƒe kotokua me, eye woana nuɖuɖu wo hena mɔzɔzɔ. Ameawo wɔ ɖe edzi.
26
Wodo bligba na woƒe tedziwo, eye wodze mɔ.
27
Esi woɖo afi si woatsi dɔ la, wo dometɔ ɖeka ʋu eƒe kotokua nu be yeana nuɖuɖu yeƒe tedzi. Kasia ekpɔ ga si wòtsɔ xe fee la le blia dzi.
28
Eyɔ nɔviawo gblɔ na wo be: “Wogbugbɔ nye ga nam! Eyae nye esi le nye kotokua me!” Tete dzika tso wo ƒo, eye wodzo nyànyanya hebia wo nɔewo be: “Nu kae nye esi Mawu wɔ mí?”
29
Esi wogbɔ va wo tɔ́ Yakob gbɔ le Kanaan-nyigba dzi la, wogblɔ nya siwo katã dzɔ ɖe wo dzi la nɛ. Wogblɔ be:
30
“Anyigba la dziɖula he nya ɖe mía ŋu vevie. Ebu mí ŋkutsalawoe.
31
Ke míegblɔ nɛ be menye ŋkutsalawo míenye o; ke boŋ nuteƒewɔlawo míenye.
32
Nɔvi wui eve siwo nye ŋutsu ɖeka viwo míenye. Mía nɔvi ɖeka megali o, eye mía nɔvi ɖevitɔ ya le mía tɔ́ gbɔ ɖa le Kanaan-nyigba dzi.
33
Tete dziɖula la gblɔ na mí be: ‘Nu si matsɔ ado mi kpɔ be nyateƒetolawo mienye lae nye esi: Migblẽ mia nɔvi ɖeka ɖe gbɔnye, eye mi ame mamlɛawo miatsɔ blia ayi na miaƒe ƒomeawo bene woatsɔ alé dɔwuame la nu.
34
Mikplɔ mia nɔvi ɖevitɔ la vɛ nam, ne manya be menye ŋkutsalawo mienye o, ke boŋ nyateƒe tom miele; ekema maɖe asi le mia nɔvi si le asinye me la ŋu na mi, eye miate ŋu anɔ anyigba sia dzi awɔ dɔ.’ ”
35
Azɔ esi wotrɔ blia le kotokuawo me la, wo dometɔ ɖe sia ɖe kpɔ be yeƒe ga le kotokua me. Esi woawo kple wo tɔ́ kpɔ gaa la, vɔvɔ̃ ɖo wo ŋutɔ.
36
Tete wo tɔ́ Yakob gblɔ na wo be: “Miena vinyewo ku nam vɔ! Yosef megali o; Simeon hã megali o. Azɔ miedi be yewoagaxɔ Benyamin hã. Nye ɖeka ko dzie nya siawo katã le dzɔdzɔm ɖo.”
37
Ruben gblɔ na tɔ́a be: “Ne nyemekplɔ Benyamin gbɔe na wò o la, àte ŋu awu vinye ŋutsuvi eveawo faa. Wò ya tsɔe de asi nam ko; makplɔe agbɔe na wò.”
38
Ke Yakob ɖo eŋu be: “Vinye la mayi kpli mi gbeɖe o; dadavia ku, eye eya ɖeka koe susɔ ɖi. Ne dzɔgbevɔ̃e aɖe dzɔ ɖe edzi le mɔa dzi la, miana matsɔ ta ɣi ayi tsiẽƒe kple nuxaxa.”
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 43 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50