bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 2
Genesis 2
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 3 →
1
Ale Mawu wɔ dziƒo kple anyigba kpakple nu gbogbo siwo katã le wo me la wu nu.
2
Le ŋkeke adrẽlia gbe la, Mawu wɔ eƒe dɔ wu nu, eye wòdzudzɔ eɖokui tso dɔ siwo katã wòwɔ la me.
3
Ale Mawu yra ŋkeke adrẽlia, eye wòkɔ eŋuti, elabe esime wòwɔ eƒe dɔwo katã wu nu vɔ la, eya dzie wòdzudzɔ le.
4
Dziƒo kple anyigba ƒe dzɔdzɔmenyawoe nye esiawo: Esi Aƒetɔ Mawu wɔ dziƒo kple anyigba la,
5
gbe alo ati aɖeke menɔ anyigba dzi o, eye nuku aɖeke hã memie ɖi o, elabe Aƒetɔ Mawu mena tsi dza o, eye gawu la, ame aɖeke mele anyigba dzi ade agble ɖe edzi o.
6
Gake adzadza do tso anyigba la me, eye wònyɔ́ ɖe anyigba blibo la dzi.
7
Azɔ Aƒetɔ Mawu tsɔ anyi mè amegbetɔe. Egbɔ gbɔgbɔ si naa agbe la ɖe eƒe ŋɔti me, eye ame la zu ame gbagbe.
8
Tete Aƒetɔ Mawu tso abɔ ɖe Eden le ɣedzeƒe, eye wòtsɔ ame si wòmè la da ɖe eme.
9
Azɔ Aƒetɔ Mawu na ati vovovo siwo nyakpɔna kple esiwo ƒe kutsetse nyo na ɖuɖu la mie tso anyigba me. Ati si naa agbe kple ati si nana be wodzea si nyui kple vɔ̃ la le abɔ la titina.
10
Tɔsisi aɖe sí tso Eden va de tsi abɔ la. Esi wòto abɔa me vɔ la, edze ɖe ene.
11
Alɔdze gbãtɔ ŋkɔe nye Pison. Esí to Xavila-nyigba blibo la dzi, afi si sika le.
12
Sika si le anyigba ma dzi la nyo ŋutɔ; belodax kple oniks kpewo le afi ma.
13
Alɔdze evelia ŋkɔe nye Gixon. Eyae tsa to Nubia-nyigba blibo la dzi.
14
Tɔsisia ƒe alɔdze etɔ̃lia ŋkɔe nye Xidekel. Eya sí to Asiria ƒe ɣedzeƒe gome. Tɔsisia ƒe alɔdze enelia ŋkɔe nye Frat.
15
Azɔ la, Aƒetɔ Mawu tsɔ ame la ɖo Eden-bɔa me be wòaŋlɔ eme, akpɔ edzi.
16
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Àte ŋu aɖu ati siwo le abɔa me la dometɔ ɖe sia ɖe ƒe tsetsea faa.
17
Ke mègaɖu ati si nana be wodzea si nyui kple vɔ̃ ƒe tsetse la ya gbeɖe o; gbe si gbe nàɖui la, àku godoo.”
18
Azɔ la, Aƒetɔ Mawu gblɔ be: “Menyo be ame la ɖeɖe nanɔ anyi o; mawɔ kpeɖeŋutɔ si asɔ nɛ la nɛ.”
19
Ale Aƒetɔ Mawu tsɔ anyi mè gbemelãwo kple xewo katã. Ekplɔ wo va ame la gbɔe be yeakpɔ ŋkɔ si wòana wo la ɖa. Ale si ame la yɔ nu gbagbe ɖe sia ɖee la, nenemae nye eƒe ŋkɔ.
20
Ame la na ŋkɔ aƒemelãwo katã, xe dzodzoe ɖe sia ɖe kple gbemelãwo keŋ. Ke mekpɔ kpeɖeŋutɔ si sɔ nɛ la o.
21
Azɔ Aƒetɔ Mawu na ŋutsu la dɔ alɔ̃ yi eme ʋĩi. Eɖe eƒe agbaƒuti ɖeka, eye wòtsɔ lã ɖo eteƒe.
22
Aƒetɔ tsɔ agbaƒuti la wɔ nyɔnu, eye wòkplɔe va ŋutsu la gbɔe.
23
Tete ŋutsu la gblɔ be: “Ehɛ̃, azɔ ko! Ame sia ƒe ƒu tso nye ŋutɔ nye ƒu me, eƒe lã tso nye ŋutɔ nye lã me. Woayɔ eya be nyɔnu, elabe ŋutsu mee woɖee tsoe.”
24
Esia tae ŋutsu gblẽa tɔ́a kple nɔa ɖi, léna ɖe srɔ̃a ŋu, eye wo kple evea wozua ame ɖeka.
25
Ŋutsua kple srɔ̃a le amama, ke ŋu mekpea wo o.
← Chapter 1
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 3 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50