bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 13
Genesis 13
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 14 →
1
Ale Abram ʋu le Egipte kple srɔ̃a kple eƒe nunɔamesiwo katã hekpe ɖe Lot ŋuti, gatrɔ va anyigbemekegbegbe la.
2
Abram nye kesinɔtɔ gã aɖe, eye lãwo, klosalo kple sika nɔ esi fũu.
3
Azɔ edzo le teƒe si wòle le anyigbemekegbegbe la ɖo ta Betel, eye wòɖaɖo afi si wòtu agbadɔ ɖo tsã le Betel kple Ai dome.
4
Afi siae wòɖi vɔsamlekpui hã ɖo va yi. Abram do gbe ɖa na Aƒetɔ le afi ma.
5
Lãhawo kple agbadɔwo nɔ Lot, ame si nɔ Abram gbɔ la hã si.
6
Abram kple Lot ƒe lãhawo kple nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be anyigba si dzi wonɔ la megade na wo, ne wo kple eve la naganɔ teƒe ɖeka o.
7
Ale dzre ɖo Abram ƒe lãkplɔlawo kple Lot ƒe lãkplɔlawo dome. Kanaanitɔwo kple Perizitɔwo nɔ anyigba la dzi ɣe ma ɣi.
8
Tete Abram gblɔ na Lot be: “Mègana dzre nanɔ nye kple wò loo, alo nye lãkplɔlawo kple wò lãkplɔlawo dome o, elabe ƒometɔ míenye.
9
Fifia la, na miama ɖa tso mía nɔewo gbɔ. Menye anyigbae nye esi gbao le ŋkuwò me, le miame kple ɖusime oa? Tia akpa si dze ŋuwò. Ne ètsɔ miame la, maxɔ ɖusime, eye ne ètsɔ ɖusime la, maxɔ miame.”
10
Lot tsa ŋku godoo, eye wòkpɔ be tsi sɔ gbɔ le Yordan-balia me ʋuu heyi keke Zoar ke, eye teƒea le abe Aƒetɔ ƒe abɔ me ene, abe Egipte-nyigba ene. Ɣe ma ɣi la, Aƒetɔ metsrɔ̃ Sodom kple Gomora duwo haɖe o.
11
Lot tia Yordan-balia me katã na eɖokui, eye wòʋu ɖo ta ɣedzeƒe lɔƒo. Aleae nɔvi eveawo ma ɖa tso wo nɔewo gbɔ nye esi.
12
Abram nɔ Kanaan-nyigba dzi; ke Lot ya nɔ balia me, duawo me. Enɔ eƒe agbadɔ tum tso teƒe yi teƒe ʋuu va ɖo keke Sodom.
13
Ke Sodomtɔwo vɔ̃ɖi ŋutɔ, eye wowɔ nu tovo geɖe ɖe Aƒetɔ ŋu.
14
Esi Lot dzo le Abram gbɔ megbe la, Aƒetɔ gblɔ na Abram be: “Fɔ mo dzi, eye nàtsa ŋku godoo tso afi si nèle tso dzigbeme va yi anyigbeme, tso ɣedzeƒe va yi ɣetoɖoƒe,
15
elabe mele anyigba si kpɔm nèle la katã tsɔ ge ana wò kple wò dzidzimeviwo tegbee.
16
Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe kewɔ ene ale be ame si ate ŋu axlẽ kewɔ la, koe ate ŋu xlẽ wò dzidzimeviwo hã.
17
Tso nàɖatsa le anyigba la katã dzi nàkpɔ eƒe lolome ɖa, elabe wòe matsɔe ana.”
18
Ale Abram ʋu kple eƒe agbadɔ, eye wòyi ɖanɔ Mamre-logoti siwo le Xebron-nutome me la gbɔ. Eɖi vɔsamlekpui na Aƒetɔ ɖe afi ma.
← Chapter 12
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 14 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50