bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 23
Genesis 23
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 24 →
1
Azɔ Sara tsi xɔ ƒe alafa ɖeka bla eve vɔ adrẽ.
2
Eku le Xebron le Kanaan-nyigba dzi, eye Abraham fae ŋutɔŋutɔ.
3
Abraham tso le ame kuku la gbɔ yi ɖe Xitiviwo gbɔ ɖagblɔ na wo be:
4
“Amedzroe menye le mia dome. Mina anyigbam ɖe mia dome ne maɖi nye ame kuku la ɖe edzi.”
5
Woɖo eŋu nɛ be:
6
“Amegã, see ɖa na mí. Mawu ƒe amee nènye le mía dome. Àte ŋu aɖi wò ame kukua ɖe míaƒe ame veviwo ɖiƒe nyuitɔ faa. Mía dometɔ ɖe sia ɖe alɔ̃ faa be nàɖi wò amea ɖe yeƒe ameɖiƒe.”
7
Abraham tsi tsitre eye wòbɔbɔ ta na Xitiviwo, ame siwo nye anyigbaa tɔwo la,
8
eye wògblɔ na wo be: “Ne mielɔ̃ be maɖi nye amea ɖe afii la, ekema taflatsɛ, miɖe kuku na Efron, Zoxar vi nam.
9
Medi be wòadzra eƒe Maxpela-kpeto si le eƒe agble to la nam, le mia ŋkume afii, ale si wòdi be yeadzrae ko la, ne maƒlee atsɔ wɔ nye ameɖiƒee koŋ le mia dome.”
10
Efron ŋutɔ hã nɔ anyi ɖe Xitiviawo dome le agboa nu le afi ma, eye wòɖo nya la ŋu na Abraham le Xitiviawo kple ame siwo katã to agboa nu le gegem ɖe dua me la ŋkume be:
11
“Nye amegã, taflatsɛ see ɖa! Metsɔ nye agble la kple kpeto si le eme la na wò faa. Mele etsɔm na wò le mía detɔ siwo katã le afii la ŋkume. Ɖi wò ame la ɖe afi ma faa.”
12
Abraham bɔbɔ ta le Xitiviawo ŋkume,
13
eye wòƒo nu na Efron, dua me tɔwo katã see be: “Taflatsɛ, see ɖa nam. Na maxe fe ɖe anyigba la ta. Ga lae nye esi; xɔe, ne maɖi nye ame kukua ɖe edzi.”
14
Efron ɖo eŋu na Abraham be:
15
“Amegã, ɖo to nàsee! Anyigba la axɔ klosaloga alafa ene. Ema manye nya le nye kple wò dome kura o. Tsɔe nàɖi wò amea ɖe edzi ko.”
16
Abraham lɔ̃ ɖe nya la dzi. Eɖe klosaloga kpekpeme alafa ene, si Efron yɔ la, ɖe asitsalawo ƒe nudada nu le ɣe ma ɣi me, le Xitiviawo ŋkume hetsɔ nɛ.
17
Ale Efron ƒe agble si le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe gome la va zu Abraham tɔ. Kpeto kple ati siwo katã le agblea me hã le eme.
18
Xitiviawo kple ame bubu siwo katã va afi ma la kpɔ eteƒe be eva zu Abraham tɔ.
19
Esia megbe la, Abraham ɖi srɔ̃a Sara ɖe kpeto la me le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe gome (esia nye Xebron), le Kanaan-nyigba dzi.
20
Ale agble kple kpeto si nye Xitiviwo tɔ tsã la va zu Abraham tɔ koŋ, eye wòzu eƒe ameɖiƒe.
← Chapter 22
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 24 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50