bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 17
Genesis 17
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 18 →
1
Esi Abram xɔ ƒe bla asieke vɔ asieke la, Aƒetɔ ɖe eɖokui fiae hegblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Zɔ le ŋkunye me, eye mokaka meganɔ ŋuwò o.
2
Mabla nu kpli wò, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu.”
3
Tete Abram tsyɔ mo anyi, eye Mawu ƒo nu kplii be:
4
“Kpɔ ɖa, nye nubabla li kpli wò. Àzu dukɔ geɖewo tɔgbui.
5
Womagayɔ wò be Abram azɔ o, ke boŋ wò ŋkɔ zu Abraham, elabe meɖo wò dukɔ geɖewo tɔgbui.
6
Mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ fũu, eye dukɔ geɖewo kple fiawo ado tso mewò.
7
Maɖo nye nubabla gɔme anyi ɖe nye kpli wò, wò dzidzimeviwo kple dzidzime bubu siwo ava dzɔ ɖe wo yome la, dome. Nye nubabla sia anɔ anyi tegbee. Manye wò Mawu kple wò dzidzimeviwo hã tɔ.
8
Miele anyigba sia dzi fifia abe amedzrowo ene, ke matsɔe ana wò kple wò dzidzimeviwo. Kanaan-nyigba blibo la katã anye wò kple wò dzidzimeviwo tɔ tegbee, eye manye woƒe Mawu.”
9
Mawu yi edzi gblɔ na Abraham be: “Wò la, wɔ ɖe nu, si mebla kpli wò la dzi; wò ŋutɔ, viwòwo kple woƒe dzidzimeviwo katã nawɔ ɖe nubabla la dzi.
10
Esiae nye nye nubabla si dzi nàwɔ ɖo, si anɔ nye kpli wò kpakple wò dzidzimeviwo dome. Woatso aʋa na ŋutsu ɖe sia ɖe le mia dome.
11
Mialã miaƒe aʋanuyi ɖa ne wòanye nubabla si le nye kpli miawo dome la ƒe dzesi.
12
Woatso aʋa na mia dome ŋutsuvi ɖe sia ɖe si xɔ ŋkeke enyi le ƒome sia ƒome me, kluvi wònye woƒle le amedzro si o, woatso aʋa nɛ.
13
Woatso aʋa na aƒevi kple kluvi siaa, ne wòanye nye nubabla ƒe dzesi le miaƒe ŋutilã ŋu tegbee.
14
Ne ŋutsu aɖe li si womelã aʋanuyi nɛ o la, woneɖe bolobolotɔ ma ɖa le eƒe dukɔ dome, elabe etu nye nubabla la.”
15
Mawu gagblɔ na Abraham be: “Mègayɔ srɔ̃wò be Sarai azɔ o. Sara anye eŋkɔ.
16
Mayrae, eye mana viŋutsui wòadzi na wò. Mayrae ne wòava zu dukɔwo kple dukɔ dziɖulawo dada.”
17
Abraham tsyɔ mo anyi, eye wòko nu hegblɔ le susu me be: “Ɖe ŋutsu si xɔ ƒe alafa ɖeka sɔŋ la ate ŋu adzi via? Ɖe Sara si xɔ ƒe bla asieke la ate ŋu adzi via?”
18
Ebia Mawu be: “Ale ke wɔ màna Ismael natsi agbe anɔ anyi le ŋkuwò me ko oa?”
19
Ke Mawu gblɔ be: “Ao! Srɔ̃wò Sara le ŋutsuvi dzi ge na wò, eye nàyɔe be Isak. Mawɔ nye nubabla la dzi na eya kple eƒe dzidzimeviwo tegbee.
20
Ke le Ismael tɔ gome la, mese wò nyawo. Kpɔ ɖa, mayra eya hã; mana wòadzi viwo, eye eƒe dzidzimeviwo asɔ gbɔ fũu ŋutɔ. Ava nye tɔ́ na fia wui eve, eye mana eƒe dzidzimeviwo nanye dukɔ gã aɖe.
21
Ke mabla nu kple viwò Isak, ame si Sara adzi na wò ƒe si gbɔna ƒe ɣe alewo ɣi la.”
22
Esi Mawu ƒo nu kple Abraham vɔ la, edzo yi dzi le egbɔ.
23
Gbe ma gbe ke la, Abraham lã aʋanuyi na Ismael kple ŋutsu ɖe sia ɖe si wodzi le eƒeme kpakple esiwo katã wòƒle kple ga la. Etso aʋa na wo abe ale si Mawu gblɔ nɛ la ene.
24
Abraham xɔ ƒe bla asieke vɔ asieke hafi wotso aʋa nɛ,
25
eye via Ismael hã xɔ ƒe wui ene.
26
Ŋkeke ɖeka dzie wotso aʋa na wo kple eve la.
27
Wotsoe na ŋutsuwo katã le eƒeme; esiwo wodzi ɖe aƒea me kple esiwo wòƒle kple ga le amedzrowo si la siaa.
← Chapter 16
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 18 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50