bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 44
Genesis 44
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 45 →
1
Azɔ Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be: “De nuɖuɖu ŋutsuawo ƒe kotokuawo me wòasɔ gbɔ ale sinu anyatsɔ na wo la, eye nàtsɔ ame sia ame ƒe ga ada ɖe edzi le eƒe kotokua me.
2
Tsɔ nye klosalokplu de ɖevitɔ ƒe kotoku me kpe ɖe ga si wòtsɔ va nu ƒle ge la ŋu.” Ewɔ ɖe nya si Yosef gblɔ nɛ la dzi.
3
Le ŋufɔke ŋdi kanya la, wodo mɔ ŋutsuawo wodzo kple woƒe tedziwo.
4
Esi wodo go le dua me yina sẽe la, Yosef gblɔ na eƒe aƒedzikpɔla be: “Tso nàti ŋutsuawo yome nàɖatu wo. Bia wo se be: ‘Nu ka ta mietsɔ vɔ̃ ɖo nyui teƒe? Nu ka ta miefi nye aƒetɔ ƒe klosalokplu ɖo?
5
Eyae wòtsɔna noa nui. Eya mee wokpɔa nu ɣaɣlawo le gblɔna. Miewɔ busunu!’ ”
6
Esi aƒedzikpɔla la va tu wo la, egblɔ nya siawo na wo tututu.
7
Woɖo eŋu nɛ be: “Nu ka, amegã, nya kae nye esi gblɔm nèle? Gbeɖe, míate ŋu awɔ nu sia tɔgbe akpɔ o!
8
Kpɔ ɖa, esi míeɖo Kanaan-nyigba dzi, kpɔ ga le blia dzi le miaƒe kotokuawo me la, míetrɔe vɛ na wòe. Ale ke wɔ míafi klosalo alo sika le wò aƒetɔ ƒeme adzoe azɔ?
9
Amegã, mía dometɔ si gbɔ nàkpɔe le la dze na ku, eye mí ame mamlɛawo la míazu wò kluviwo.”
10
Egblɔ be: “Melɔ̃ ɖe edzi. Ɖeko ame si gbɔ woakpɔe le la lazu nye kluvi, mi ame mamlɛawo ya miadzo ayi faa.”
11
Enumake ame sia ame ɖiɖi eƒe kotoku ɖe anyigba, eye wòtui.
12
Aƒedzikpɔla la de asi kplua didi me. Edze egɔme tso tsitsitɔ dzi va wu nu ɖe ɖevitɔ dzi. Kasia wokpɔ kplu la le Benyamin ƒe agba me.
13
Nɔviŋutsuawo dze woƒe awuwo kple veve. Wo dometɔ ɖe sia ɖe gado agba na eƒe tedzi, eye wogbugbɔ yi dua me.
14
Esi Yuda kple nɔviawo va Yosef ƒeme la, Yosef gale afi ma. Wodze klo de ta agu nɛ,
15
eye Yosef bia wo se be: “Nu ka nye esi miewɔ? Ɖe mienyae be, ame abe nye ene, mekaa nu oa?”
16
Yuda ɖo eŋu be: “Amegã, nya kae le mía si míate ŋu agblɔ na wò? Ale ke míaʋli nya siae? Ale ke míaɖe mía ɖokui nui? Mawu klo nu le wò dɔlawo ƒe nuvɔ̃ dzi. Kpɔ ɖa, menye ame si gbɔ wokpɔ wò kplua le la koe lanye wò kluvi o; mí katã tim míezu wò kluviwo.”
17
Yosef ɖo eŋu na wo be: “Gbeɖe! Nyemawɔ nenema akpɔ o. Ame si gbɔ wokpɔ nye kplua le la, eya koe anye nye kluvi. Mi ame mamlɛawo mitrɔ yi mia tɔ́a gbɔ le ŋutifafa me.”
18
Tete Yuda te ɖe Yosef ŋu gblɔ be: “Amegã, taflatsɛ, na maƒo nu na wò faa. Dzi megaku wò ɖe ŋunye o; èle abe Fiagã ŋutɔ ene.
19
Amegã, èbia mí se be, ‘Ɖe tɔ́ alo nɔviŋutsu aɖe gale mia sia?’
20
Míeɖo eŋu be: ‘Mía tɔ́ amegãɖeɖi li, eye míaƒe dɔmlɔea ŋutsuvi hã li. Wodzi eya na mía tɔ́ le eƒe tsitsime. Ke dadavia ku, dadavi aɖeke megale esi o; tɔ́a lɔ̃nɛ vevie.’
21
Azɔ ègblɔ na mí be míkplɔe vɛ na ye ne yeakpɔ.
22
Ke míeɖo eŋu be ɖevia mate ŋu adzo le tɔ́a gbɔ o; ne edzo la, tɔ́a aku.
23
Tete nègblɔ na mí be, ne míekplɔ mía nɔvi ɖevitɔ la vɛ o la, mígado ɖe ye ŋkume o.
24
Esi míetrɔ yi mía tɔ́a gbɔ la, míegblɔ wò nya la nɛ.
25
Emegbe mía tɔ́a gblɔ na mí be migatrɔ va ƒle nuɖuɖu vɛ.
26
Míeɖo eŋu be: ‘Míate ŋu ayi o. Ne míawo ɖeɖe míeyi, eye mía nɔvi ɖevitɔ la mekpe ɖe mía ŋu o la, ŋutsua maɖe mɔ míado ɖe eŋkume o. Ne mía nɔvi ɖevitɔ la le mía dome ko hafi míawo hã míayi.’
27
Tete mía tɔ́a gblɔ na mí be: ‘Mienyae be viŋutsu eve ko srɔ̃nye Raxel dzi nam.
28
Ɖeka ku le gbɔnye. Megblɔ be lã wɔadã aɖe kokokoe vuvui, elabe va se ɖe fifi la, nyemekpɔe kpɔ o.
29
Ne miekplɔ evelia sia hã yii, eye nane dzɔ ɖe edzi la, mafa konyi ʋuu ayi yɔ me kple nye ta ɣia.’
30
Azɔ ne meɖaɖo wò dɔla, tɔ́nye gbɔ, eye ɖevi si wòlɔ̃ vevie la mele mía dome o la,
31
ekema mía tɔ́ aku ne mekpɔ ɖevia le mía dome o. Ale wò dɔlawo ana wò dɔla, mía tɔ́ amegãɖeɖi taɣi la, natsɔ nuxaxa ayi tsiẽƒee.
32
Gawu la, metsɔ ɖokuinye dè megbe na ɖevia le tɔ́nye gbɔ. Medo ŋugbe nɛ be, ne nyemekplɔ ɖevia gbɔe o la, meɖi fɔ le egbɔ tegbee.
33
Eya ta amegã, meɖe kuku, nye la, matsi afii azu wò kluvi ɖe ɖevia teƒe, ne eya nagbugbɔ ayi aƒe kple nɔviawo.
34
Ale ke mate ŋu atrɔ ayi tɔ́nye gbɔ, ɖevia manɔmee? Kpao! Nyemate ŋu akpɔ dzɔgbevɔ̃e gã si ava edzi la teƒe kple ŋku o.”
← Chapter 43
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 45 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50