bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 36
Genesis 36
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 37 →
1
Esau si wogayɔna hã be Edom la ƒe dzidzimeviwo ŋutinyae nye esi:
2
Nyɔnu siwo Esau ɖe la nye Kanaantɔwo. Woawoe nye: Ada, Xititɔ Elon vinyɔnu; Oholibama, Ana vinyɔnu, ame si nye Xititɔ Zibeon tɔgbuiyɔvi,
3
kple Basmat, Ismael vinyɔnu, ame si nye Bebayot nɔvinyɔnu.
4
Ada dzi Elifaz, eye Basmat dzi Reguel.
5
Oholibama dzi Yehus, Yalam kple Korax. Ŋutsuvi siawoe wodzi na Esau le Kanaan-nyigba dzi.
6
Esau kplɔ srɔ̃awo, via ŋutsuwo, via nyɔnuwo, eƒe kluvi siwo katã le eƒeme, eƒe lãhawo kple dɔwɔlãwo katã, eye wòƒo ƒu kesinɔnu siwo katã wòkpɔ le Kanaan-nyigba dzi la, eye wòʋu le nɔvia Yakob gbɔ yi Seir-nyigba dzi.
7
Eʋu elabe woƒe nunɔamesiwo sɔ gbɔ ale gbegbe be womagate ŋu anɔ wo nɔewo gbɔ o. Gawu la, woƒe lãhawo dzi ɖe edzi ale gbegbe be anyigba si dzi wonye amedzro le la megalolo na wo o.
8
Ale Esau yi ɖanɔ Seir-tonyigba dzi. Esau kee nye Edom.
9
Esau nye Edomtɔwo ƒe tɔgbuitɔgbui si me wodzɔ tso. Wole Seir-tonyigba la dzi. Esau ƒe dzidzimeviwo ŋutinyae nye esi:
10
Esau viŋutsuwo ŋkɔwoe nye esiawo: Esau srɔ̃ Ada viŋutsue nye Elifaz, eye Esau srɔ̃ Basmat viŋutsue nye Reguel.
11
Elifaz viŋutsuwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Gaetam kple Kenaz.
12
Esau viŋutsu, Elifaz, ƒe ahiãvie nye Timna. Eyae dzi Amalek na Elifaz. Esau srɔ̃, Ada, viŋutsuwoe nye esiawo.
13
Reguel viŋutsuwoe nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. Woawoe nye Esau srɔ̃, Basmat, viŋutsuwo.
14
Esau srɔ̃ Oholibama, Ana vinyɔnu, ame si nye Zibeon tɔgbuiyɔvi la, dzi viŋutsu etɔ̃ nɛ. Woawoe nye: Yehus, Yaelam kple Korax.
15
To siwo dzɔ tso Esau me la woe nye esiwo gbɔna: Esau ƒe ŋgɔgbevi Elifaz ƒe dzidzimeviwoe nye: Teman, Omar, Zefo, Kenaz,
16
Korax, Gaetam kple Amalek. To siawo katã nye Esau srɔ̃ Ada ƒe dzidzimeviwo.
17
Esau vi Reguel ƒe dzidzimeviwoe nye: Naxat, Serax, Sama kple Misa. To siawo katã nye Esau srɔ̃ Basmat viwo.
18
Vi siwo Esau srɔ̃ Oholibama dzi nɛ la woe nye: Yehus, Yaelam kple Korax.
19
To siawo katã dzɔ tso Esau si wogayɔna hã be Edom la me.
20
Seir, Xoritɔ, ame si nye Edom-nyigba la dzi nɔla tsã la ƒe dzidzimeviwoe nye esi: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
21
Dison, Ezer kple Disan. Woawoe nye toawo ƒe tatɔwo.
22
Lotan viŋutsuwoe nye: Xori kple Heman. Nɔvia nyɔnue nye Timna.
23
Sobal viŋutsuwoe nye: Alvan, Manaxat, Ebal Sefo kple Onam.
24
Zibeon viŋutsuwoe nye: Aya kple Ana. Ana siae fɔ tsi dzodzoe vudo esime wònɔ tɔ́a ƒe tedziwo gbɔ le gbedzi.
25
Ana viwoe nye esiawo: Dison kple Ana vinyɔnu, Oholibama.
26
Dison viŋutsuwoe nye esiawo: Xemdan, Esban, Yitran kple Keran.
27
Ezer viŋutsuwoe nye: Bilhan, Savan kple Akan.
28
Disan viŋutsuwoe nye: Uz kple Aran.
29
Xoritɔwo ƒe amegãwoe nye esiawo: Lotan, Sobal, Zibeon, Ana,
30
Dison, Ezer kple Disan. Esiawoe nye amegãwo le Seir-nyigba dzi le woƒe duawo nu.
31
Hafi fiawo nava nɔ Edom-nyigba dzi la, fia siwo ŋkɔ gbɔna la ɖu fia le Edom-nyigba dzi:
32
Bela, Beor viŋutsu ɖu fia le Edom, eye eƒe fiadue nye Dinhaba.
33
Esi Bela ku la, Serax viŋutsu, Yobab tso Bozra, ɖu fia ɖe eteƒe.
34
Esi Yobab ku la, Xusam tso Temantɔwo ƒe anyigba dzi ɖu fia ɖe eteƒe.
35
Esi Xusam ku la, Bedad viŋutsu, Hadad, ɖu fia ɖe eteƒe. Eya nye ame si ɖu Midiantɔwo dzi le Moab-nyigba dzi, eye eƒe fiadue nye Avit.
36
Esi Hadad ku la, Samla tso Masreka, ɖu fia ɖe eteƒe.
37
Esi Samla ku la, Saul tso Rexobot le tɔsisia nu, ɖu fia ɖe eteƒe.
38
Esi Saul ku la, Axbor viŋutsu Baal-Xanan, ɖu fia ɖe eteƒe.
39
Esi Baal-Xanan, Axbor viŋutsu ku la, Hadar ɖu fia ɖe eteƒe. Eƒe fiadue nye Pagu, eye srɔ̃a ŋkɔe nye Mehetabeel, Matred vinyɔnu kple Mesahab tɔgbuiyɔvi.
40
Esiawo nye amegã siwo dzɔ tso Esau me la ƒe ŋkɔwo le woƒe ƒomewo, nɔƒewo kple ŋkɔwo nu: Timna, Alva, Yetet,
41
Oholibama, Ela, Pinon,
42
Kenaz, Teman, Mibzar,
43
Magdiel kple Iram. Ame siawoe nye Edom-megãwo le woƒe nɔƒewo kple woawo ŋutɔ ƒe anyigbawo nu. Esau ye nye Edomtɔwo tɔgbui.
← Chapter 35
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 37 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50