bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 14
Genesis 14
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 15 →
1
Le Amrafel, Sinear-fia, Ariok, Elasar-fia, Kedorlaomer, Elam-fia kple Tideal, Goyim-fia ŋɔli la,
2
aʋa dzɔ ɖe woawo kple Bera, Sodom-fia, Birsa, Gomora-fia, Sineab, Adma-fia, Semeber, Zeboyim-fia kple Bela alo Zoar-fia dome.
3
Nenem me siawo katã wɔ ɖeka va Sidim-bali, si nye Ƒukuku la me.
4
Wonɔ Kedorlaomer te subɔe ƒè wui eve sɔŋ, ke le ƒè wui enelia me la, wodze aglã ɖe eŋu.
5
Le ƒè wui enelia me la, Kedorlaomer kple fia siwo wɔ ɖeka kplii la va si Refaimtɔwo le Astarot-Karnaim, Zuzitɔwo le Ham kple Emitɔwo le Kiryataim-gbadzaƒe.
6
Wosi Xoritɔwo hã le woƒe to Seir dzi, eye wonyà wo ɖe nu ʋuu va se ɖe Elparan si te ɖe gbedadaƒo la ŋu.
7
Emegbe wotrɔ va Enmisapat si nye Kades fifia, eye wosi Amalekitɔwo katã kple Amoritɔ siwo nɔ Xazazon-Tamar la hã.
8
Tete Sodom, Gomora, Adma, Zeboyim kple Bela, du atɔ̃ siawo ƒe fiawo ƒo ƒu woƒe aʋakɔwo, eye wodze aʋa ɖe Sidim-bali me
9
ɖe Elam-fia, Goyim-fia, Babilonia-fia kple Elasar-fia ŋuti; fia ene ŋue fia atɔ̃ siawo dze aʋa ɖo.
10
Azɔ aŋɔʋewo le Sidim-bali la me fũu. Esi Sodom kple Gomora fia sí yina la, ɖewo ge dze aŋɔʋeawo me, ke mamlɛawo sí yi toa dzi.
11
Ale futɔawo ha Sodom kple Gomoratɔwo ƒe nunɔamesiwo kple nuɖuɖuwo katã dzoe.
12
Lot, Abram tɔgãyɔvi hã nɔ Sodom ɣe ma ɣi, ale wolé eya hã, eye woha eƒe nuwo dzoe.
13
Ke ame aɖe sí va gblɔ nya si dzɔ la na Abram, Hebritɔ la. Le ɣe ma ɣi me la, Abram le Amoritɔ, Mamre ƒe ati gã kɔkɔeawo gbɔ. Mamre kple nɔvia ŋutsuwo, Eskol kple Aner, nye Abram ƒe dzoɖuxɔlɔ̃wo.
14
Esi Abram se be woɖe aboyo ye tɔgãyɔvia la, eɖe aʋawɔla alafa etɔ̃ wui enyi tso eya ŋutɔ ƒe asaɖa me, eye woti fia eneawo yome ʋuu va ɖo Dan.
15
Abram ma eƒe amewo ɖe hatsotsowo me le zã me, eye wodze futɔawo dzi hefiti wo. Wonyà wo ɖe nu va ɖo Xoba le Damasko ƒe dzigbeme.
16
Abram xɔ nunɔamesi siwo katã futɔawo ha dzo yinae la. Exɔ tɔgãyɔvia Lot, eƒe nunɔamesiwo, nyɔnuawo kple aboyome bubuawo katã hã gbɔe.
17
Azɔ esi Abram ɖu Kedorlaomer kple fia siwo kpe ɖe eŋuti dzi hetrɔ gbɔna ɖe aƒe la, Sodom fia do yi ɖakpee le Save-bali me. Wogayɔa bali sia be Fia ƒe Bali me.
18
Melxizedek, ame si nye Salem-fia, eye wòganye Mawu Dziƒoʋĩtɔ la ƒe nunɔla la tsɔ abolo kple wain vɛ na Abram.
19
Eyrae gblɔ be: “Mawu Dziƒoʋĩtɔ, si wɔ dziƒo kple anyigba la, neyra Abram!
20
Woakafu Mawu Dziƒoʋĩtɔ, si tsɔ wò futɔwo de asi na wò la.” Abram tsɔ aboyonuawo katã ƒe akpa ewolia na Melxizedek.
21
Tete Sodom-fia gblɔ na Abram be: “Tsɔ ameawo nam, kesinɔnuawo ya nezu tɔwò.”
22
Abram ɖo eŋu be: “Metà Aƒetɔ, Mawu Dziƒoʋĩtɔ, dziƒo kple anyigba Wɔla!
23
Ne maxɔ nane tso nu siwo katã nye tɔwò la me fĩi! Ɖetika loo, alo afɔkpaka teti hã nyemaxɔ le wò nuawo me, ne nàva gblɔ be, ‘Nyee wɔ Abram wòzu kesinɔtɔ’ o.
24
Nye ŋutɔ nyemele naneke dim o, negbe nu si ɖekakpuiawo ɖu la ko. Ke medi be nàna Aner, Eskol kple Mamre, ame siwo va kpe ɖe ŋunye la, naxɔ woawo tɔ gome.”
← Chapter 13
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 15 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50