bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 9
Genesis 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 10 →
1
Mawu yra Noa kple via ŋutsuawo gblɔ na wo be: “Midzi ne miasɔ gbɔ ayɔ anyigba la dzi.
2
Gbemelãwo, xewo, nu tatawo kple ƒumelãwo katã avɔ̃ mi, eye miadzi ŋɔ na wo. Metsɔ wo de asi na mi.
3
Nu sia nu si le agbe ʋãna la nanye nuɖuɖu na mi; abe ale si metsɔ amagbewo na mi ene la, nenemae metsɔ nu sia nu na mii.
4
Ɖeko migaɖu lã si me ʋu, si nye eƒe agbe la, tsi o.
5
Ne wokɔ miaƒe ʋu ɖi la, mabia eŋu akɔnta kokoko. Lãe kɔe ɖi o, amegbetɔe kɔe ɖi o, mabia akɔntae. Ne ame aɖe wu ehavi la, mabia akɔntae godoo.
6
Ame sia ame si wu amegbetɔ la, amegbetɔ ke newu eya hã, elabe Mawu ƒe nɔnɔme nu wòwɔ amegbetɔ ɖo.
7
“Ke miawo la, midzi ne miasɔ gbɔ akpe xexea me ɖo.”
8
Mawu yi edzi gblɔ na Noa kple via ŋutsuawo be:
9
“Mikpɔ ɖa, nye la, mele nu blam kple miawo kple miaƒe dzidzimeviwo,
10
kpakple nu gbagbewo katã; eɖanye xe dzodzoe o, lãe o, nu gbagbe ɖe sia ɖe si nya do le aɖakaʋua me kpli mi ko la,
11
mele nu blam kple mi katã be nyemagatsrɔ̃ nu gbagbewo katã kple tsiɖɔɖɔ akpɔ o. Nenema ke tsiɖɔɖɔ magagblẽ xexeme blibo la gbeɖe o.”
12
Mawu yi edzi be: “Nu si blam mele kpli mi kpakple nu gbagbe siwo katã le mia gbɔ hena dzidzime siwo katã ava dzɔ la ƒe dzesie nye esi:
13
Metsɔ nye anyieʋɔ ɖo alilikpowo ŋu. Eyae anye nubabla si anɔ nye kple xexea me dome la ƒe dzesi.
14
Ne meƒo ƒu alilikpowo ɖe dziŋgɔli ŋu, eye anyieʋɔ do ɖe alilikpoawo ŋu la,
15
ekema maɖo ŋku nu, si mebla kpli wò kpakple nu gbagbe ɖe sia ɖe, be tsiɖɔɖɔ magaɖe anyigba kple nu gbagbewo katã gbeɖe o, la dzi.
16
Ne anyieʋɔ do ɖe alilikpowo ŋu la, makpɔe, eye maɖo ŋku nubabla si le nye kple nu gbagbe siwo katã le xexea me dome la dzi.”
17
Mawu gagblɔ na Noa be: “Esia nye nubabla le nye kple nu gbagbe siwo katã le xexea me dome la ƒe dzesi.”
18
Noa viŋutsu siwo do go le aɖakaʋua me la woe nye: Sem, Xam kple Yafet. Xam siae nye Kanaan tɔgbui.
19
Noa viŋutsu etɔ̃ siawo me amegbetɔwo katã va dzɔ tso hekaka ɖe xexea me katã.
20
Noa nye agbledela gbãtɔ. Ede waingble.
21
Esi wòno wain mu gbe ɖeka la, eyi ɖamlɔ anyi ɖe eƒe agbadɔme amama.
22
Xam, Kanaan tɔgbui, kpɔ eƒe ama me, eye wòyi ɖagblɔe na nɔvia eveawo le xexe.
23
Tete Sem kple Yafet ke avɔ me lé ɖe abɔta, zɔ megbemegbe, eye woyi ɖatsyɔe na wo tɔ́a. Wometrɔ kɔ kpɔ wo tɔ́ ƒe ama me o.
24
Esi aha la kɔ le mo na Noa, eye wòse nu si via ŋutsu ɖevitɔ wɔ ɖe eŋu la,
25
egblɔ be: “Aɖi Kanaan ŋu kpékpekpe! Azu kluviwo ƒe kluvi na nɔviawo.”
26
Noa gagblɔ be: “Aƒetɔ, nye Mawu neyra Sem! Nena Kanaan nanye eƒe kluvi.
27
Mawu nena Yafet nadzi ɖe dzi. Nena eƒe dzidzimeviwo nanɔ Sem tɔwo gbɔ faa, eye Kanaan nanye Yafet ƒe kluvi.”
28
Le tsiɖɔɖɔ la megbe la, Noa ganɔ agbe ƒe alafa etɔ̃ bla atɔ̃.
29
Ale enɔ agbe ƒe alafa asieke bla atɔ̃ hafi ku.
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50