bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 28
Genesis 28
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 29 →
1
Isak yɔ Yakob vɛ, yrae, eye wòde se nɛ be: “Mègaɖe Kanaan-nyɔnuvi aɖeke o.
2
Tso nàyi nɔwò tɔ́, Betuel, ƒeme le Padan-Aram ne nàɖe nyruiwò Laban vinyɔnuviwo dometɔ ɖeka.
3
Mawu Ŋusẽkatãtɔ la neyra wò, eye wòana nàdzi fũu ale be nàva zu dukɔ geɖewo tɔ́.
4
Neyra wò kple wò dzidzimeviwo abe ale si wòyra Abraham ene, eye wòatsɔ anyigba si dzi nènye amedzro le fifia, anyigba si wòtsɔ na Abraham la, ana wò.”
5
Ale Isak do mɔ Yakob ɖo ɖe Padan-Aram ɖe Aramtɔ Betuel vi Laban, ame si nye Yakob kple Esau dada nɔviŋutsu la gbɔ.
6
Esau va nya be Isak yra Yakob, eye wòɖoe ɖe Padan-Aram be wòayi aɖaɖe srɔ̃ le afi ma. Enya hã be Isak de se na Yakob vevie le eyraɣi be megaɖe Kanaan-vinyɔnu aɖeke o.
7
Hekpe ɖe esia ŋu la, ede dzesii be Yakob ɖo to yewo dzilawo, eye wòdzo yi Padan-Aram.
8
Esi wòkpɔ dzesii be Kanaan-nyɔnuwo medze yewo tɔ́ Isak ŋu o la,
9
eyi ɖe Abraham vi, Ismael gbɔ ɖaɖe via Mahalat si nye Nebayot nɔvinyɔnu kpe ɖe srɔ̃a bubuawo ŋu.
10
Yakob dze mɔ tso Beer-Seba ɖo ta Xaran.
11
Eva ɖo teƒe aɖe si zã do ɖee le, eye wòtsi afi ma dɔ. Etsɔ kpe aɖe le afi ma ziɔ, eye wòmlɔ anyi dɔ alɔ̃.
12
Eku drɔ̃e kpɔ atsrɔe aɖe. Egɔme tɔ anyigba, ke eƒe nu gbɔ ɖatɔ dziƒo. Kpɔ ɖa, mawudɔlawo le eliam le dzi yim le ɖiɖim.
13
Tete Aƒetɔ le tsitre ɖe eŋgɔ gblɔ nɛ be: “Nyee nye Aƒetɔ, tɔgbuiwò Abraham kple tɔ́wò Isak ƒe Mawu la! Matsɔ anyigba si dzi nèmlɔ la ana wò kple wò dzidzimeviwo.
14
Wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ʋuʋudedi ene, eye miakaka ɖe xexeme ƒe ɣedzeƒe, ɣetoɖoƒe, dzigbeme kple anyigbeme katã. Wò kple wò dzidzimeviwo dzi mato ayra anyigba dzi dukɔwo katã.
15
Kpɔ ɖa, manɔ kpli wò; makpɔ tawò le afi sia afi si nàyi, eye makplɔ wò agbugbɔ va anyigba sia dzi. Nyemagblẽ wò ɖi akpɔ o, ke boŋ mawɔ ŋugbe si medo na wò la dzi godoo.”
16
Esi Yakob nyɔ la, egblɔ be: “Aƒetɔ la le afi sia pɛ! Eli gake nyemenya o.”
17
Vɔvɔ̃ ɖoe wògblɔ be: “Afi sia dzi ŋɔ loo! Mawu ƒe aƒe kokoko wònye, eye teƒe sia la dziƒogboe.”
18
Esi Yakob fɔ ŋdi kanya la, etsɔ kpe si wòziɔ la ɖo anyi abe dzesikpe ene, eye wòkɔ ami ɖe edzi.
19
Azɔ ena ŋkɔ teƒe la be Betel. Woyɔa teƒe ma tsã be Luz.
20
Tete Yakob ɖe adzɔgbe na Aƒetɔ be: “Ne Mawu anɔ kplim, akpɔ tanye le afi si yim mele, eye wòana nuɖuɖu kple nudodom,
21
ana magatrɔ gbɔ va tɔ́nye ƒeme dedie la, ekema Aƒetɔ anye nye Mawu.
22
Metu kpe sia ɖe afii abe dzesi ene. Anye Mawu ƒe aƒe, eye matsɔ nu sia nu si nànam la, ƒe akpa ewolia ana wò.”
← Chapter 27
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 29 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50