bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 50
Genesis 50
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
1
Tete Yosef dze tɔ́a dzi kple avi, eye wògbugbɔ nu nɛ.
2
Emegbe Yosef ɖe gbe na eƒe dɔla atikewɔlawo be woasi atike na ye tɔ́. Ale atikewɔlawo si atike na Israel.
3
Atikesisi la xɔ ŋkeke bla ene elabe nu geɖe hiã nɛ. Egiptetɔwo fa nɛ ŋkeke bla adrẽ.
4
Le konyifaɣi la megbe la, Yosef gblɔ na Egipte Fiagã la ŋutimewo be: “Meɖe kuku, mive nunye ne miayi ɖagblɔ na fia be
5
hafi tɔ́nye naku la, ena meka atam nɛ be ne yeku la, maɖi ye ɖe Kanaan-nyigba dzi, ɖe yɔdo si ye ŋutɔ yeɖe da ɖi la me. Eya ta meɖe kuku, miɖe mɔ nam ne mayi aɖaɖii ɖe afi ma agatrɔ agbɔ.”
6
Egipte Fiagã ɖo eŋu be: “Yi ɖaɖi tɔ́wò abe ale si wòna nèka atam nɛ la ene.”
7
Ale Yosef dze mɔ be yeaɖaɖi ye tɔ́. Egipte Fiagã ƒe subɔlawo katã, eŋutimewo kple dukɔmemegãwo katã yi kplii.
8
Yosef ƒe ƒometɔwo katã, nɔviawo kple tɔ́a ƒe ƒometɔwo katã hã yi kplii. Wo vi suewo, alẽwo kple gbɔ̃wo kpakple nyiwo ko wogblẽ ɖe megbea le Gosen-nyigba dzi.
9
Amewo le tasiaɖamwo me, eye ɖewo le sɔwo dzi kplɔe yii. Ameha si yi la sɔ gbɔ ŋutɔ.
10
Esi wova ɖo lugbɔƒe le Atad le Yordan ƒe ɣedzeƒe gome la, wofa Yakob vevie kple ɣli. Wofa na tɔ́a ŋkeke adrẽ.
11
Kanaantɔ siwo nye anyigba la dzi tɔwo la kpɔ kunua teƒe le Atad, eye wogblɔ be: “Egiptetɔwo va le kunu tɔxɛ aɖe wɔm.” Eya ta woyɔa teƒe ma be Abel-Mizraim.
12
Ale Yakob viŋutsuawo wɔ nu si wògblɔ be wonewɔ na ye la nɛ.
13
Esi woɖo Kanaan la, woɖii ɖe kpeto si le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe lɔƒo la me. Kpeto sia le agble si Abraham ƒle le Efron, Xititɔ la si be wòanye yeƒe ameɖiƒe la me.
14
Esi Yosef ɖi tɔ́a vɔ la, eya kple nɔviawo kpakple ame siwo katã kpe ɖe eŋu yi amea ɖiƒe la trɔ gbɔ va Egipte.
15
Esi Yosef nɔviwo kpɔ be yewo tɔ́ ku la, wogblɔ be: “Ɖewohĩ Yosef alé fu mí, eye wòaɖo nu vlo siwo katã míewɔ ɖe eŋu la teƒe na mí.”
16
Ale wodɔ ame ɖo ɖe Yosef gbɔ be: “Tɔ́wò gblɔ nya sia na mi hafi ku:
17
‘Migblɔ na Yosef be: Taflatsɛ, tsɔ nɔviwòwo ƒe vodada kple nuvɔ̃ ke wo, elabe wowɔ vɔ̃ ɖe ŋuwò.’ Azɔ míeɖe kuku na wò, tsɔ tɔ́wò ƒe Mawu la ƒe dɔlawo ƒe vodada ke wo.” Yosef fa avi esi woƒo nu kplii.
18
Azɔ nɔviawo ŋutɔ yi egbɔ. Wodze klo, de ta agu nɛ, eye wogblɔ be: “Kpɔ ɖa, míawoe nye esi. Wò kluviwo míenye.”
19
Ke Yosef gblɔ na wo be: “Migavɔ̃ o. Mawu teƒe melea?
20
Miawo mieɖoe be yewoawɔ vɔ̃m, ke Mawu trɔe wòzu nyui, be wòaxɔ ame geɖe ɖe agbe abe ale si wòdzɔ miele kpɔkpɔm egbe ene.
21
Eya ta migavɔ̃ o. Malé be na mi kple mia viwo siaa.” Ale Yosef fa akɔ na wo, eye wòde dzi ƒo na wo.
22
Yosef ganɔ Egipte kple tɔ́a ƒemetɔwo. Exɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo.
23
Enɔ agbe tsò Efrayim ƒe tɔgbuitɔgbuiyɔviwo ɖo, eye wònɔ anyi xɔ Maxir, Manase vi, hã viwo ɖe ata ta.
24
Gbe ɖeka Yosef gblɔ na nɔviawo be: “Nye kuɣi ɖo; Mawu aɖo ŋku mia dzi, eye wòakplɔ mi tso anyigba sia dzi ayi anyigba si ŋugbe wòdo na Abraham, Isak kple Yakob la dzi.”
25
Tete Yosef na Israelviwo ka atam nɛ be: “Ne Mawu va mia kplɔ ge la, mitsɔ nye ƒuwo tso afii yii.”
26
Yosef ku le Egipte esi wòxɔ ƒe alafa ɖeka kple ewo. Wosi atike na eƒe kukua, eye wokɔe de aɖaka me le Egipte.
← Chapter 49
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50