bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 6
Genesis 6
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 7 →
1
Esi amewo de asi agbɔsɔsɔ me le anyigba dzi, eye wole vinyɔnuwo dzim la,
2
amegbetɔ vinyɔnuawo nyakpɔ na Mawu viŋutsuwo ŋutɔ, eya ta wova ɖe wo dometɔ siwo dze wo ŋu la.
3
Tete Aƒetɔ gblɔ be: “Esi amegbetɔ nye ŋutilã kple vodala ta la, nyemagana nye gbɔgbɔ nanɔ eme ɖaa o. Mana wòanɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla eve ko.”
4
Le ɣe ma ɣi me kple emegbe gɔ̃ hã la, ame dzɔtsu kakowo nɔ anyigba dzi. Mawu viŋutsuwo ɖe amegbetɔ vinyɔnuwo, eye wodzi viwo na wo. Woawoe nye aʋawɔla xɔŋkɔ siwo nɔ anyi le blema la.
5
Aƒetɔ kpɔ be amegbetɔ va vɔ̃ɖi ŋutɔ le anyigba dzi, eye eƒe tamesusu kple dzimedidiwo nye vɔ̃ ɖaa.
6
Eve Aƒetɔ, eye wòɖu dzi nɛ be yewɔ ame ɖe anyigba dzi.
7
Ale Aƒetɔ gblɔ be: “Evem be mewɔ amegbetɔ ɖe anyigba dzi. Matsrɔ̃ ame ɖa. Matsrɔ̃ lã, nu tata kple xe ɖe sia ɖe hã ɖa.”
8
Ke Aƒetɔ ve Noa nu.
9
Noa ƒe dzidzimeviwo ŋu nya nye esi: Noa nye ame dzɔdzɔe kple ame maɖifɔ le eŋɔli me tɔwo dome. Kadodo nyui nɔ eya kple Mawu dome.
10
Viŋutsu etɔ̃ nɔ Noa si. Woawoe nye Sem, Xam kple Yafet.
11
Xexemetɔwo gblẽ le Mawu ŋkume, eye anyrawɔwɔ xɔ aƒe ɖe afi sia afi.
12
Mawu kpɔ be xexea me gblẽ keŋ, elabe ame sia ame nɔ nu vlo wɔm le anyigba dzi.
13
Mawu gblɔ na Noa be: “Meɖoe be matsrɔ̃ amegbetɔƒome la, elabe woƒe nu vlo wɔwɔ va glo le xexea me. Kpɔ ɖa, matsrɔ̃e kple anyigba la siaa.
14
Tsɔ ati sesẽ nàkpa aɖakaʋu na ɖokuiwò. Nàma eme ɖe akpa vovovo me, eye nàtsɔ aŋɔ atre eme kple egodo nyuie.
15
Aɖakaʋu la nedidi meta alafa ɖeka bla atɔ̃, nekeke meta bla eve vɔ atɔ̃, eye nekɔkɔ meta wui atɔ̃ ene.
16
Ɖe fesrewo ɖe eŋu kpe ɖo; ɖe sia ɖe nekɔkɔ sentimeta bla atɔ̃ ene. Ɖe mɔnu ɖe eƒe axa dzi. Wɔ dzisasrã etɔ̃ ɖe eme: etetɔ, titinatɔ kple etametɔ.
17
Wɔ esia elabe mele nana ge tsi naɖɔ, aɖe anyigba keŋ, ne nu sia nu si me agbegbɔgbɔ le le xexe blibo la katã me la natsrɔ̃. Mana anyigbadzinuwo katã naku.
18
Ke mabla nu kple wò ya. Mana nàyi aɖakaʋu la me kple viwò ŋutsuwo, srɔ̃wò kpakple viwò ŋutsuawo srɔ̃wo hã.
19
Ɖe nu gbagbewo katã kple ŋutilãwo katã, eveveve, atsua kple nɔea, va de aɖakaʋu la me le gbɔwò ne woatsi agbe.
20
Ɖe xewo ɖe woƒe ƒomewo nu, lãwo ɖe woƒe ƒomewo nu kple nu ɖe sia ɖe si tana le anyigba la, ɖe eƒe ƒome nu eveveve, woava gbɔwò ne woatsi agbe.
21
Tsɔ nuɖuɖu ɖe sia ɖe ɖe asi, nàdzra ɖo ɖe gbɔwò na wò ŋutɔ kple lãawo.”
22
Noa wɔ nu sia nu abe ale si Mawu gblɔ nɛ be newɔ la ene pɛpɛpɛ.
← Chapter 5
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 7 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50