bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 24
Genesis 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 25 →
1
Azɔ Abraham tsi xɔ ƒè geɖee, eye Aƒetɔ yrae le nu sia nu me.
2
Abraham gblɔ na eƒe dɔla tsitsitɔ si kpɔa eƒe nunɔamesiwo katã dzi la be: “Tsɔ asi de nye atame,
3
ne natà Aƒetɔ, dziƒo kple anyigba ƒe Mawu la nam, be yemaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ siwo dome mele la vinyɔnuwo dome o,
4
ke boŋ yeayi mía denyigba dzi, aɖaɖe srɔ̃ na vinye Isak tso nye ƒometɔwo dome.”
5
Ke dɔla la gblɔ nɛ be: “Ɖewohĩ nyɔnua malɔ̃ be yeakplɔm ɖo ava anyigba sia dzi o. Ekema makplɔ viwò la gbugbɔ yi anyigba si dzi nèʋu tso la dzia?”
6
Abraham ɖo eŋu nɛ be: “Kpɔ nyuie be màgagbugbɔ vinye la ayi afi mae o!
7
Aƒetɔ, dziƒo ƒe Mawu la, ame si ɖem ɖa tso tɔ́nye ƒeme kple mía denyigba dzi, eye wòdo anyigba sia ŋugbe nam be: ‘Wò dzidzimeviwo matsɔ anyigba sia ana’ la, adɔ eƒe dɔla wòanɔ ŋgɔwò, nàɖaɖe srɔ̃ na vinye ŋutsu tso afi ma.
8
Ke ne nyɔnua melɔ̃ be yeakplɔ wò ɖo ava o la, ekema menye wòe tu atam sia o; ɖeko mègakplɔ vinye la va yi afi mae gbeɖe o!”
9
Ale dɔla la tsɔ asi de Abraham, eƒe aƒetɔ la, ƒe atame, eye wòka atam nɛ ɖe nya la dzi.
10
Dɔla la tia eƒe aƒetɔ la ƒe kposɔ ewo, tsɔ eƒe nu nyui vovovo aɖewo hã ɖe asi, eye wòdze mɔ yi ɖe du si me Naxor nɔ le Mesopotamia ƒe dzigbeme la me.
11
Ena eƒe kposɔawo tsyɔ akɔ anyi ɖe vudo aɖe to le dua godo le fiẽ, le nyɔnuwo ƒe tɔmedeɣi.
12
Dɔla la do gbe ɖa be: “Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na nu si gbe meva la, nadze dzi nam egbe, eye nànyo dɔme na nye aƒetɔ Abraham.
13
Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to fifia, eye dua me ɖetugbiwo gbɔna tsi du ge le afii.
14
Na ɖetugbi si magblɔ na be: ‘Meɖe kuku, dro wò tsize ɖi ne mano tsi’, eye wòagblɔ be: ‘Noe, eye mana wò kposɔwo hã woano’ la, nenye ame si dzi nètɔ asii na wò dɔla Isak. To esia me madze sii be ève nye aƒetɔ nu.”
15
Ke subɔla la mekpɔ do gbea ɖa vɔ hafi ɖetugbi aɖe va do o. Eŋkɔe nye Rebeka. Enye Betuel, Abraham nɔviŋutsu Naxor viŋutsu kple srɔ̃a Milka ƒe vinyɔnuvi. Elé tɔmedeze ɖe abɔta va tsi du ge.
16
Ɖetugbi la dze tugbe ŋutɔ, eye menya ŋutsu o. Eɖi ɖe vudoa me ɖaku tsia hedo go.
17
Tete dɔla la ƒu du yi ɖakpee gblɔ nɛ be: “Meɖe kuku, na tsi vi aɖem mano!”
18
Egblɔ be: “Amegã, va no faa.” Edro ze la ɖi enumake, eye wòna tsi lae wòno.
19
Esi wòno vɔ la, ɖetugbi la gblɔ nɛ be: “Maku tsia ɖe vɛ na wò kposɔawo hã ne woano.”
20
Ewɔ kaba, trɔ tsia kɔ ɖe lãwo ƒe tsinonu me, eye wògaƒu du ɖi ɖe vudoa me ɖadu tsia gava trɔ ɖi na kposɔawo va se ɖe esime wo katã no tsi, wòɖi kɔ na wo.
21
Ŋutsu la li kpoo nɔ ekpɔm dũu, ne yeakpɔ ɖa be Aƒetɔ ana nu si gbe yeva la nadze edzi na ye mahã.
22
Esi kposɔawo no tsia vɔ la, ŋutsua ɖe sikasigɛ si ƒe kpekpeme anɔ gram ade kple sikalɔnuga eve siwo ƒe kpekpeme anɔ sika gram alafa ɖeka wui ene la, do na ɖetugbi la.
23
Azɔ ebiae be: “Ame ka vi nènye? Míate ŋu akpɔ dzeƒe le tɔ́wò ƒemea?”
24
Eɖo eŋu nɛ be: “Betuel, Milka vi, si wòdzi na Naxor la vinyɔnu menye.”
25
Egblɔ yi edzi be: “Aƒla kple gbe le mía si fũu, eye dzeƒe hã li.”
26
Ŋutsua dze klo, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ
27
be: “Woakafu Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la. Ekpɔa eta, vea enu, eye wòwɔa nuteƒe nɛ ɖaa. Le gonye me la, Aƒetɔ fia mɔm, eye wòkplɔm tẽe va nye aƒetɔ ƒomeawo gbɔe.”
28
Ɖetugbia ƒu du yi aƒeme ɖagblɔ nya siawo na nɔa ƒemetɔwo.
29
Azɔ nɔviŋutsu le Rebeka si; eŋkɔe nye Laban. Laban ƒu du yi ŋutsua gbɔ le vudoa to.
30
Do ŋgɔ la, Laban kpɔ ŋɔtigɛ kple alɔnuga le nɔvia nyɔnu ŋu, eye wòse nya siwo wòbe ŋutsua gblɔ na ye la hã. Eyi ɖatu ŋutsua wòle tsitre ɖe kposɔawo gbɔ le vudoa to.
31
Laban gblɔ nɛ be: “Wò ame si Aƒetɔ yra, va míyi aƒeme. Nu ka ta nètsi tsitre ɖe gbɔto le afii? Medzra xɔ me ɖo ɖi na wò. Teƒe li na wò kposɔawo hã.”
32
Esi wòkplɔ ŋutsua va aƒeme la, etu agbaawo le kposɔawo dzi, eye wòna gbe wo woɖu. Eku tsi vɛ na ŋutsua kple ame siwo katã kpe ɖe eŋuti la be woaklɔ afɔ.
33
Ke esi wotsɔ nuɖuɖu va ɖo ŋutsua kɔme la, egblɔ be: “Nyemaɖu nu o, va se ɖe esime megblɔ afɔ si dzi mele la na mi gbã.” Laban ɖo eŋu be: “Ƒo nu faa!”
34
Egblɔ be: “Abraham ƒe dɔlae menye.
35
Aƒetɔ yra nye aƒetɔ ŋutɔ, eye wòzu nunɔamesitɔ gã ale gbegbe. Ena alẽha kple nyiha, klosalo kple sika, kluviwo kple kosiwo, kposɔwo kple tedziwoe fũu.
36
Nye aƒetɔ srɔ̃, Sara, togbɔ be eku nyagã hã, edzi viŋutsu nɛ, eye nye aƒetɔ tsɔ eƒe nunɔamesiwo katã na via.
37
Nye aƒetɔ na meka atam nɛ be mawɔ ŋugbe si medo nɛ la dzi. Egblɔ nam be, ‘Mègaɖe srɔ̃ na vinye tso Kanaantɔ siwo dome mele la vinyɔnuwo dome o;
38
ke boŋ yi ɖe ƒonyemeawo gbɔ, le tɔ́nye ƒeme, eye nàɖe srɔ̃ na vinye tso afi ma.
39
Azɔ mebia nye aƒetɔ be: ‘Ke ne nyɔnua melɔ̃ be yeakplɔm ɖo ava o ɖe, nu ka mawɔ?’
40
Eɖo eŋu nam be: ‘Aƒetɔ, ame si meɖoa toe ɣe sia ɣi la, adɔ eƒe dɔla wòayi kpli wò, eye wòana nu si gbe nèyi la nadze dzi na wò, ale be nàɖe srɔ̃ na vinye tso ƒonyemeawo gbɔ le tɔ́nye ƒeme.
41
Evɔ ne èyi ƒonyemeawo gbɔ, eye womelɔ̃ tsɔ ɖetugbi aɖeke na wò o la, ekema menye wòe tu nye atam la o.’
42
“Esi meva ɖo vudoa to egbea la, medo gbe ɖa be: ‘Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu! Meɖe kuku, na be nu si wɔ ge meva la, nadze dzi nam.
43
Kpɔ ɖa, mele tsitre ɖe vudoa to. Nenye be ɖetugbi aɖe va tsi du ge la, mele ebia ge be wòana tsi vi aɖem mano.
44
Ne eɖo eŋu nam be: ‘Noe faa, eye mana wò kposɔawo hã woano’ la, ekema na be eya nanye nyɔnu si nètia da ɖi na nye aƒetɔ viŋutsu la be wòaɖe.’
45
Nyemekpɔ do gbea ɖa le tame vɔ o, kasia Rebeka va do. Elé ze ɖe abɔta, eye wòɖi ɖe vudoa me ɖaku tsia do va. Megblɔ nɛ be: ‘Meɖe kuku, na tsim mano!’
46
Edro ze la ɖi enumake hegblɔ be: ‘Noe; mana wò kposɔawo hã.’ Esi meno tsia vɔ la, ena kposɔawo hã wono.
47
Azɔ mebiae be: ‘Ame ka vi nènye?’ Eɖo eŋu nam be: ‘Betuel viŋutsu si Milka dzi na Naxor la vinyɔnue menye.’ Ale metsɔ ŋɔtigɛ la do nɛ hetsɔ alɔnuga la hã do ɖe alɔnu nɛ.
48
Tete mebɔbɔ tsyɔ mo anyi hedo gbe ɖa na Aƒetɔ. Mekafu Aƒetɔ, nye aƒetɔ Abraham ƒe Mawu la, ame si kplɔm tẽe va nye aƒetɔ nɔviwo gbɔ tututu be maɖe srɔ̃ na via tso wo dome.
49
Azɔ ne mielɔ̃ be yewoave nye aƒetɔ la nu, awɔ nuteƒe nɛ la, taflatsɛ, migblɔe nam. Ke ne mielɔ̃ o hã la, migblɔe nam bene manya nu si mawɔ.”
50
Tete Laban kple Betuel woɖo eŋu be: “Esi wònye Aƒetɔ gbɔe nya sia tso ta la, míawo míate ŋu alɔ̃ alo agbe o.
51
Kpɔ ɖa, Rebekae nye esi; kplɔe yii faa, ne wòazu wò aƒetɔ ƒe vi la srɔ̃ abe ale si Aƒetɔ la gblɔe ene.”
52
Esi Abraham ƒe dɔla la se nya sia la, etsyɔ mo anyi, eye wòdo gbe ɖa na Aƒetɔ.
53
Azɔ la, dɔla la ɖe klosalo kple sika nuwo kple avɔ xɔasiwo ɖe go tsɔ na Rebeka. Etsɔ nunana xɔasi geɖewo hã na nɔvia ŋutsua kple nɔa.
54
Azɔ Abraham ƒe dɔla la kple ame siwo kpe ɖe eŋu la ɖu nu, no nu, eye wotsi afi ma dɔ. Esi wofɔ ŋdi la, ŋutsua gblɔ be: “Mido mɔm ne matrɔ yi nye aƒetɔ gbɔ.”
55
Ke Rebeka nɔviŋutsua kple nɔa gblɔ na ŋutsua be: “Na ɖetugbi la nanɔ mía gbɔ ʋɛ abe ŋkeke ewo ene, ema megbe la, ate ŋu ayi faa.”
56
Ke eɖo eŋu na wo be: “Migazi mía dzi be míatsi anyi o. Esi Aƒetɔ na nu si wɔ ge meva la dze dzi nam ta la, mido mɔm ne matrɔ yi nye aƒetɔ gbɔ.”
57
Woɖo eŋu be: “Míayɔ ɖetugbi la ŋutɔ vɛ abiae se.”
58
Ale woyɔ Rebeka vɛ hebiae be: “Àyi kple ŋutsu siaa?” Eɖo eŋu be: “Ẽ, mayi.”
59
Ale wodo mɔ wo nɔvi Rebeka kple nyɔnu si tsɔe wòtsi la, wodzo yi kple Abraham ƒe dɔla la kple eŋumewo.
60
Woyra Rebeka gblɔ nɛ be: “Wò, mía nɔvinyɔnu, nàva zu ame akpe nanewo nɔ. Wò dzidzimeviwo neɖu woƒe futɔwo dzi; wonexɔ woƒe duwo woazu wo tɔ!”
61
Azɔ la, Rebeka kple eƒe nyɔnudɔlawo dzra ɖo, de kposɔwo dzi, eye wodze ŋutsua yome dzo. Ale ŋutsua kplɔ Rebeka dzoe.
62
Emegbe Isak va le Beerlaxairoi si le anyigbemekegbegbe.
63
Gbe ɖeka fiẽ la, Isak yi gbe dzi be yeaɖado gbe ɖa. Esi wòfɔ mo dzi la, ekpɔ kposɔwo gbɔna ɖa.
64
Ke esi Rebeka hã fɔ kɔ dzi la, ekpɔ Isak ɖa. Rebeka wɔ kaba, ɖi le eƒe kposɔ dzi.
65
Ebia dɔla la be: “Ŋutsu kae nye ekem le gbea dzi, zɔ gbɔna ɖe mía gbɔ?” Dɔla la ɖo eŋu nɛ be: “Nye aƒetɔe.” Tete wòtsɔ motsyɔnu tsyɔ mo.
66
Le esia megbe la, dɔla la gblɔ ale si wòde nua gbee la na Isak tsitotsito.
67
Azɔ Isak kplɔ Rebeka yi ɖe nɔa, Sara, ƒe agbadɔme. Eɖee wòzu srɔ̃a, eye wòlɔ̃e vevie. Ale Isak ƒe ŋku va ɖe ɖa le nɔa ƒe ku ŋu, eye eƒe dzi dze eme.
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50