bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 33
Genesis 33
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 34 →
1
Yakob fɔ mo dzi, eye wòkpɔ Esau kple eŋume alafa eneawo wogbɔna, ale wòma ɖeviawo na Lea, Raxel kple kosi eveawo.
2
Etsɔ kosi eveawo kple wo viwo ɖo ŋgɔ, eyome la, Lea kple viawo va, eye Raxel kple Yosef wonɔ megbea.
3
Eya ŋutɔ va le ŋgɔ na wo, eye wòle ta dem agu ʋuu zi adrẽ va se ɖe esime wògogo nɔvia.
4
Ke Esau ƒu du va kpee, kpla asi kɔ nɛ, eye wògbugbɔ nu nɛ, eye wofa avi.
5
Esi Esau fɔ kɔ dzi kpɔ nyɔnuawo kple ɖeviawo la, ebia be: “Ame kawoe nye esiawo le ŋuwò?” Yakob ɖo eŋu be: “Vi siwo Mawu nyo dɔme, na nye wò dɔla woe.”
6
Tete kosiawo te va kple wo viwo, eye wode ta agu nɛ.
7
Lea kple viawo hã te va, va de ta agu. Emegbe Raxel kple Yosef hã te va, eye wode ta agu nɛ.
8
Esau biae be: “Lãha kawoe nye gbogbo siwo va kpem le mɔ dzi?” Yakob ɖo eŋu be: “Ɖe mebe matsɔ wo afa dzi na nye aƒetɔ.”
9
Ke Esau ɖo eŋu be: “Nɔvinye, nu le asinye sɔ gbɔ. Wò nuwo nenɔ asiwò ko.”
10
Yakob ɖo eŋu be: “Gbeɖe! Meɖe kuku, ne èdi be nye dzi nadze eme tututu la, ekema xɔ nye nunana la! Elabe esi mele kpɔwòm fifi laa la, ɖeko wòwɔ nam abe Mawu kpɔm mele ene. Ale si nève nunye wɔ dɔ ɖe dzinye ale gbegbe.
11
Meɖe kuku, xɔ nye nunana la nam ko, elabe Mawu yram mekpɔ nu geɖe.” Ale wòƒo nya ɖe Esau nu va se ɖe esime wòxɔ nunanaawo.
12
Azɔ Esau gblɔ be: “Na míadze mɔ; manɔ ŋgɔ, ne miakplɔm ɖo.”
13
Yakob ɖo eŋu be: “Nye aƒetɔ, wò ŋutɔ ènya be ɖevi suewo, lã vi nɔwo kple wo vi nonowo hã le ŋunye. Ne míekplɔ wo kple du ŋkeke ɖeka teti hã la, wo katã atsrɔ̃.
14
Meɖe kuku, do ŋgɔ nam ne manɔ yowòme blewuu ale si lãha la kple ɖeviawo ate ŋu azɔe, va se ɖe esime matu wò le Seir.”
15
Ale Esau xɔ edzi be: “Ekema magblẽ ŋunyeme aɖewo ɖe gbɔwò.” Gake Yakob gagblɔ be: “Ɖe wòhiã? Na makpɔ amenuveve le nye aƒetɔ ŋkume koe!”
16
Ale Esau dze mɔ gatrɔ ɖo ta Edom gbe ma gbe ke.
17
Ke Yakob ɖo ta Sukot. Etso aƒe ɖe afi ma eye wòtu lãkpɔ na eƒe lãhawo hã ɖe afi ma. Eya tae wotsɔ ŋkɔ na afi ma be Sukot.
18
Esi Yakob trɔ gbɔ tso Padan-Aram la, eva ɖo Sixem-dua me le Kanaan-nyigba dzi dedie, eye wònɔ dua xa.
19
Eƒle anyigba si dzi wòtu eƒe agbadɔ ɖo la le Hemor, ame si tso Sixem-dua la viwo si klosaloga alafa ɖeka.
20
Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòna ŋkɔe be: El-Elohe-Israel
← Chapter 32
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 34 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50