bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 37
Genesis 37
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 38 →
1
Yakob nɔ Kanaan-nyigba si dzi tɔ́a nye amedzro le la dzi.
2
Yakob ƒe dzidzimeviwo ŋutinyae nye esi: Esi Yosef nye ɖekakpuivi xɔ ƒe wui adrẽ la, eya kple tɔ́via, siwo nye tɔ́a srɔ̃ Bilha kple Silpa viŋutsuwo la nɔa alẽ kplɔm. Yosef nɔ nɔviawo ƒe nya vɔ̃ tom na wo tɔ́a.
3
Azɔ la, Israel lɔ̃ Yosef wu via bubuawo katã, elabe enye eƒe tsitsime vi. Etɔ awu ʋlaya abɔ legbe nɛ.
4
Esi Yosef nɔviŋutsuawo kpɔ be yewo tɔ́ lɔ̃ Yosef wu yewo dometɔ ɖe sia ɖe la, wolé fui, eye womegaƒoa nu nɛ lɔlɔ̃tɔe azɔ o.
5
Gbe ɖeka Yosef ku drɔ̃e aɖe, eye esi wòlĩi na nɔviawo la, wogalé fui wu tsã.
6
Egblɔ na wo be: “Mise drɔ̃e si meku la ɖa.
7
Kpɔ ɖa, míele lu blam le agble me. Tete nye lu babla tsi tsitre hedzɔ ka. Kasia mia tɔwo va ƒo xlãe hele ta dem agu nɛ.”
8
Nɔviawo biae be: “Ɖe nègbɔna fia zu ge aɖu mía dzi nyateƒea?” Ale wogalé fui ɖe edzi wu tsã le eƒe drɔ̃eawo kple nyaawo ta.
9
Tete wògaku drɔ̃e bubu, eye wòlĩ eya hã na nɔviawo gblɔ be: “Kpɔ ɖa, megaku drɔ̃e bubu be ɣe, ɣleti kple ɣletivi wuiɖekɛ wode ta agu nam.”
10
Yosef lĩ drɔ̃e la na tɔ́a kple nɔviawo. Ke tɔ́a ka mo nɛ gblɔ be: “Drɔ̃e ka ƒomevie nye esia nèku? Ɖe nye kple nɔwò, kpakple nɔviwòwo míava dze klo ade ta agu na wòa?”
11
Tso esia dzi la, nɔviawo de asi ŋuʋaʋãe me, ke tɔ́a lé nya la ɖe tame.
12
Gbe ɖeka Yosef nɔviwo yi wo tɔ́ ƒe alẽha kplɔƒe le Sixem.
13
Israel gblɔ na Yosef be: “Nɔviwòwo le alẽawo kplɔm le Sixem. Va madɔ wò ɖe wo gbɔ.” Yosef ɖo eŋu be: “Yoo, nyee nye esi.”
14
Tɔ́a gblɔ nɛ be: “Yi nàɖakpɔ ɖa be nɔviwòwo kple lãhaawo li nyuie hã, ne nàva gblɔ nam.” Ale tɔ́a dɔe tso Xebron-bali me ɖo ɖe Sixem. Esi wòyi la,
15
eɖanɔ tsatsam le gbea dzi nɔ nɔviawo dim, eye ŋutsu aɖe kpɔe. Ŋutsua biae be: “Nu ka dim nèle?”
16
Eɖo eŋu be: “Nɔvinyewo dim mele. Meɖe kuku, fia afi si wole lãawo kplɔm le lam.”
17
Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Wodzo, elabe mese wogblɔ be: ‘Mina míayi Dotan.’ ” Ale Yosef ti nɔviawo yome, eye wòva ke ɖe wo ŋu le Dotan.
18
Wokpɔe le adzɔge ɖaa, eye hafi wòava ɖo wo gbɔ la, woɖo nugbe ɖe eŋu be yewoawui.
19
Wogblɔ na wo nɔewo be: “Drɔ̃ekula lae nye esi gbɔna!
20
Mina míawui atsɔ ƒu gbe ɖe do me. Ɖeko míagblɔ be lã wɔadã aɖe lée. Ekema nu si eƒe drɔ̃eawo ava zu hã míakpɔe.”
21
Ke esi Ruben se nyaa la, eɖoe be yeaxɔ nɛ. Ale egblɔ be: “Migana míaɖe eƒe agbe ɖa o!”
22
Egagblɔ be: “Migakɔ ʋu ɖi o. Mitsɔe da ɖe do sia me le gbedadaƒo afii boŋ. Migawɔ nu vevi aɖekee o.” Egblɔ esia bene yeate ŋu aɖee tso wo si me atsɔe aɖo ɖe wo tɔ́.
23
Esi Yosef va ɖo nɔviawo gbɔ la, wolée, ɖe eƒe awu ʋlaya la le eŋu, eƒe awu ʋlaya si didi, eye abɔ legbee li nɛ la,
24
eye wotsɔe da ɖe do aɖe me; ke doa me ɖi gbɔlo, tsi mele eme o.
25
Azɔ wobɔbɔ nɔ anyi be yewoaɖu nu, kasia Ismael asitsahawoe nye ekem tso Gilead gbɔna. Wodo agba na woƒe kposɔwo kple aŋe, atikemi kple kotoklobo yina Egipte.
26
Tete Yuda gblɔ na nɔviawo be: “Ne míewu míawo ŋutɔ nɔvi le bebeme ko hemia nu ɖe edzi ɖe, viɖe kae le eme na mí?
27
Mina míadzrae na Ismael asitsala siawo boŋ. Ame aɖeke megawɔ nu vevii o, elabe mía nɔvi kpamkpam wònye; ʋu ɖeka me mí katã míedzɔ tso.” Nɔviawo lɔ̃ ɖe edzi.
28
Ale esi Midian-sitsala aɖewo va yina la, woɖee le doa me hetsɔe dzra, klosaloga bla eve, na Ismaeltɔwo. Tete asitsalaawo kplɔe yi Egipte.
29
Esi Ruben trɔ va doa gbɔ, eye wòkpɔ be Yosef mele eme o la, edze awu le eɖokui ŋu.
30
Etrɔ va nɔviawo gbɔ eye wògblɔ be: “Ɖevia megali o! Nu ka wɔ ge mala?”
31
Emegbe wowu gbɔ̃tsu tsɔ Yosef ƒe awu la nyrɔ ɖe eƒe ʋu me.
32
Wotsɔ awu ʋlaya la ɖo ɖe wo tɔ́, eye wogblɔ be: “Míefɔ awu ʋlaya sia. Lé ŋku ɖe eŋu be viwò tɔe hã.”
33
Tɔ́a kpɔ awua dze sii eye wògblɔ be: “Ẽ, vinye ƒe awu ʋlaya ye! Lã wɔadã aɖe lée ɖu! Ɖikeke aɖeke mele eme o; evuvu Yosef keŋkeŋ!”
34
Tete Yakob dze awu le eɖokui ŋu, sa akpanya ɖe ali, eye wòfa via ŋkeke geɖe.
35
Via ŋutsuwo kple via nyɔnuwo fa akɔ nɛ do kpoe. Egblɔ na wo be: “Matsɔ konyifafa ayi vinye gbɔe le tsiẽƒe boŋ.” Ale Yosef tɔ́ fae vevie.
36
Ke Midiantɔwo ɖadzra Yosef le Egipte na Potifar, Egipte Fiagã ƒe aƒedzikpɔla kple eŋutimewo ƒe amegã.
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 38 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50