bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 22
Genesis 22
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 23 →
1
Esiawo megbe la, Mawu do Abraham kpɔ. Eyɔe be: “Abraham!”, eye wòtɔ be: “Nyee nye esi!”
2
Mawu gblɔ nɛ be: “Kplɔ Isak, viwò ɖeka hɔ̃ la, si gbɔ melɔ̃a nu le o la, yi ɖe Moria-nyigba dzi, eye nàtsɔe mè nu le to aɖe si mafia wò la dzi.
3
Abraham fɔ ŋdi kanya, eye wòbla akpa na eƒe tedzi. Eyɔ eƒe dɔla eve kple Isak, eye wòdze nake ɖe numemevɔsa ŋu. Azɔ edze mɔ ɖo ta teƒe si Mawu fiae la.
4
Ŋkeke etɔ̃a gbe la, Abraham kpɔ teƒe la ɖa ʋĩi.
5
Tete Abraham gblɔ na eƒe dɔlawo be: “Miawo minɔ afii kple tedzia ne nye kple vinyea míayi ŋgɔ aɖasubɔ Mawu agbɔ.”
6
Abraham lé nake la ɖe ta na via Isak, eye eya ŋutɔ ɖe dzo, tsɔ hɛ ɖe asi, eye wo kple evea dze mɔ.
7
Esi woyina la, Isak yɔ tɔ́a be: “Tɔ́nye!” Etɔ be: “Nyee nye esi, vinye!” Isak biae be: “Kpɔ ɖa, dzoe nye esi; nake hãe nye esi. Meɖe kuku, alẽvi si míatsɔ amè nui la ya ɖe?”
8
Abraham ɖo eŋu be: “Vinye, Mawu ŋutɔ ana alẽvi si míatsɔ amè nui.” Ale wo kple eve la gaɖo ta ŋgɔ.
9
Esi woɖo teƒe si Mawu fiae la, Abraham ɖi vɔsamlekpui, eye wòɖo nake la ɖe edzi. Ebla Isak, kɔe da ɖe nakea dzi le mlekpuia dzi.
10
Azɔ Abraham do asi ɖa, tsɔ hɛ be yeawu ye viŋutsu la.
11
Ke Aƒetɔ ƒe dɔla yɔe tso dziƒo be: “Abraham! Abraham!” Etɔ be: “Nyee nye esi!”
12
Egblɔ nɛ be: “Mègaka asi ɖevia ŋu o; mègawɔ nu vevi aɖeke hãe o. Menyae azɔ be mawuvɔ̃la nènye, elabe mète viwò ɖeka hɔ̃ lam o.”
13
Abraham trɔ kɔ. Kasia agbo aɖee nye ekem le emegbe, eƒe dzowo ku aveka. Eyi ɖalée, eye wòtsɔe sa vɔ lae ɖe via teƒe.
14
Ale Abraham na ŋkɔ teƒe ma be: “Aƒetɔ ye naa nu.” Eya ta wogblɔna va se ɖe egbegbe be: “To dzie Aƒetɔ naa nu le.”
15
Aƒetɔ ƒe dɔla yɔ Abraham zi evelia tso dziƒo,
16
eye wògblɔ be: “Metà ɖokuinye, esi nèwɔ nu sia, eye mète viwò ɖeka hɔ̃ lam o ta la,
17
mayra wò ale gbegbe, eye mana wò dzidzimeviwo nasɔ gbɔ abe dziƒoɣletiviwo kple ƒutake ene. Wò dzidzimeviwo axɔ woƒe futɔwo ƒe duwo.
18
Esi nèwɔ nye gbe dzi ta la, woayra anyigba dzi dukɔwo katã to wò dzidzimeviwo dzi.”
19
Ale Abraham trɔ va eƒe dɔlawo gbɔ, eye wodze mɔ yi Beer-Seba, afi si Abraham ɖanɔ.
20
Esiawo megbe la, Abraham se be Milka hã dzi viŋutsuwo na ye nɔvi Naxor.
21
Woƒe ŋkɔwoe nye: Uz, Naxor ƒe ŋgɔgbevi, Buz, Kemuel, ame si me Aramtɔwo dzɔ tso,
22
Kesed, Hoso, Pildoas, Yidlaf kple Betuel.
23
Betuel dzi Rebeka. Vi enyi siawoe Milka dzi na Naxor, Abraham nɔvi la.
24
Eƒe ahiãvi, si ŋkɔe nye Rehuma la, hã dzi Tebax, Gaham, Tahas kple Maxa nɛ.
← Chapter 21
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 23 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50