bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 49
Genesis 49
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 48
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 50 →
1
Yakob yɔ viawo vɛ, eye wògblɔ na wo be: “Miƒo ƒu, ne magblɔ nu si le dzɔdzɔ ge ɖe mia dzi le ɣeyiɣi siwo gbɔna me la na mi.
2
“Yakob viwo, mite va ƒo ƒu, eye miɖo to. Mise nye, mia tɔ́, Israel, ƒe nya.”
3
“Ruben, nye ŋgɔgbevi, wòe nye nye ŋusẽ kple nye ɖekakpuimevi gbãtɔ. Èdze bubu, eye èsesẽ wu vinyewo katã.
4
Ke èle abe tsi fiefie si gbagba la ene; màganye vi vevitɔ nam akpɔ o. Elabe ède tɔ́wò ƒe aba dzi, eye nèdo gu aba la. Ẽ, nye ŋutɔ nye aba dzi nède gbe ma gbe!”
5
“Simeon kple Levi: nɔviŋutsuwo, wotsɔ woƒe lãnuwo do hlɔ̃e.
6
Nye luʋɔ, megade adaŋu kpli wo o. Nye gbɔgbɔ, megade ha kpli wo hã o, elabe wowua ame le dziku me, eye le woƒe movidzɔdzɔ me la, wotso drika na nyitsuwo.
7
Woƒe dziku neɖi wo ŋu, elabe ŋɔdzi le eŋu. Woƒe dɔmedzoe neɖi wo ŋu, elabe evɔ̃ɖi. Mama wo me ɖe Yakob ƒe anyigba dzi, eye maka wo ahlẽ ɖe Israel-nyigba dzi.”
8
“Yuda, nɔviwò ŋutsuwo akafu wò. Àlé vehlo na wò futɔwo; tɔ́viwòwo abɔbɔ ta na wò.
9
Dzatavie nye Yuda. Le nuléle ta, vinye, ànɔ to dzi. Emlɔ anyi tsyɔ akɔ abe dzatatsu ene, eye abe dzatanɔ ene; ame ka ate ŋu aʋuʋui?
10
Atamkayi mavɔ le Yuda si o, eye sewɔtikplɔ maɖe ɖa le ekɔme akpɔ o, va se ɖe esime woava xe adzɔ nɛ, eye dukɔwo aɖo toe.
11
Ade ka eƒe tedzivi ɖe wainka ŋu, eye wòade ka eƒe tedzinɔ ƒe vi ɖe wainka nyui ƒe alɔdzewo ŋu. Anya eƒe avɔ le wain me, eye wòanya eƒe awu le waintsetse me tsi me.
12
Wain ana eƒe ŋku nabiã hẽe; notsi ana eƒe aɖu nafu tititi.”
13
“Zebulon anɔ ƒutanyigba dzi. Ʋudzeƒewo anɔ eƒe ƒu nu, eye eƒe anyigba akeke ade keke Sidon ke.”
14
“Isaxar nye tedzi sesẽ. Etsyɔ akɔ anyi ɖe lãkpɔwo dome.
15
Ekpɔ be dzudzɔƒe la dze eme na ye, eye anyigba la nyo. Ale wòbi abɔta be yeatsɔ agba, eye wozi edzi wòzu kluvi agbatsɔla.”
16
“Dan akplɔ eƒe dukɔ abe Israel-to bubuwo ke ene.
17
Dan anye da tsomɔ, dzakpata le afɔmɔ dzi. Eɖua sɔ ƒe afɔkpodzi, eye sɔdola dzea anyi megbemegbee.
18
O Aƒetɔ, wò xɔname la ko lalam mele!”
19
“Adzohawo ava dze Gad dzi; ke ayɔ̀ wo ɖe nu, aha wo.”
20
“Aser ƒe nuɖuɖu ada mi, eye fia ƒe nuɖuɖu viviwo atso egbɔ.”
21
“Naftali nye zinɔ le eɖokui si. Edzia vi nyakpɔwo.”
22
“Yosef nye atilɔ tseku le tsidzɔƒe. Eɖe alɔ flɔ gli ta.
23
Eƒe futɔ aŋutrɔdalawo dze edzi, tee, eye woɖe fu nɛ vevie.
24
Ke eƒe dati meʋã o. Yakob ƒe Mawu ŋusẽtɔ la, wɔ eƒe asi wòle tsɔtsɔm to Alẽkplɔla, Israel ƒe Agakpe la ŋkɔ me.
25
To tɔ́wò ƒe Mawu, ame si akpe ɖe ŋuwò, to Mawu Ŋusẽkatãtɔ, ame si ayra wò kple yayra tso dziƒo, yayra tso agume ke, yayra tso no nu kple vidzidɔ me, la dzi.
26
Tɔ́wò ƒe yayra gbɔ to mavɔwo tɔ kple togbɛ mavɔwo ƒe nu gbogboawo ŋu. Na nenɔ Yosef ƒe ta dzi, eye wòanɔ ame si wosa ɖe aga la ƒe ŋgonu.”
27
“Benyamin nye amegãxi nuvuvula. Le ŋdi la, eɖua nu si wòlé la; fiẽ la, emaa aboyonuwo.”
28
Israel-to wui eveawoe nye esiawo, eye nya mamlɛtɔ siwo wo tɔ́a gblɔ na wo dome ɖe sia ɖe tsɔ yrae abe ale si dze nɛ ene lae nye esiawo.
29
Tete Yakob gblɔ na viawo be: “Fifia la, mele dzodzo ge ayi tɔgbuinyewo gbɔ. Miɖim ɖe wo xa le kpeto si le Efron, Xititɔ la ƒe agble me la me.
30
Kpeto sia le Maxpela, le Mamre ƒe ɣedzeƒe lɔƒo le Kanaan-nyigba dzi. Tɔgbuinye Abraham ƒle agblea kple kpetoa le Efron si be wòanye yeƒe ameɖiƒe.
31
Afi mae woɖi Abraham ŋutɔ kple srɔ̃a Sara ɖo. Afi ma kee woɖi Isak kple srɔ̃a Rebeka ɖo, eye eyae nye hã meɖi Lea ɖo.
32
Ɖe woƒle agblea kple kpeto si le eme la le Xiti viwo si. Miɖi nye hã ɖe afi ma.”
33
Esi Yakob gblɔ nya siawo na viawo vɔ la, eƒo ƒu ata ɖe aba dzi, mia nu, eye wòyi tɔgbuiawo gbɔ.
← Chapter 48
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 50 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50