bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 11
Genesis 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 12 →
1
Gbegbɔgblɔ ɖeka koe nɔ xexea me katã, eye nyagbe ʋɛ aɖewo koe nɔ wo si.
2
Esi woʋu le ɣedzeƒe la, wova ɖo gbadzaƒe aɖe le Sinear, eye wonɔ afi ma.
3
Wogblɔ na wo nɔewo be: “Miva, mina míamè anyikpe aƒo dzoe nyuie.” Ale womè kpe, eye wowɔ aŋɔ si woate ŋu ade kpeawo dome woalé wo nɔewo goŋgoŋ la hã.
4
Tete wogblɔ be: “Mina míatso du, eye míatu mɔ́ wòakɔ, eye etame natɔ dziƒo ke, ne míaƒe ŋkɔ nade du, ne míagava kaka ɖe xexe blibo la me o.”
5
Aƒetɔ ɖi va be yeakpɔ du kple mɔ́ kɔkɔ si amegbetɔ viwo tu la ɖa.
6
Aƒetɔ gblɔ be: “Kpɔ ɖa, dukɔ ɖeka ame siawo nye, eye gbegbɔgblɔ ɖekae le wo katã nu. Nu si wogbɔna wɔwɔ ge la ƒe gɔmedzedze koe nye esi. Azɔ nu sia nu si woɖo be yewoawɔ la, maglo wo o.
7
Miva, mina míɖi yi ɖatɔtɔ woƒe gbe bene ame aɖeke nagase nɔvia ƒe nuƒo me o.”
8
Ale Aƒetɔ na wokaka tso afi ma ɖe xexe blibo la me, eye wodzudzɔ dua tsotso.
9
Eya ta woyɔ woƒe dua be Babel elabe afi mae Aƒetɔ tɔtɔ gbe na dukɔwo katã le, eye wòna wokaka ɖe anyigba blibo la katã dzi tso afi ma.
10
Sem ƒe dzidzimeviwoe nye esiawo: Ƒe eve le tsiɖɔɖɔ la megbe la, Sem xɔ ƒe alafa ɖeka, eye wòdzi Arpaxsad.
11
Le ɖevi sia dzidzi megbe la, eganɔ agbe ƒe alafa atɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
12
Esi Arpaxsad xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ atɔ̃ la, edzi Selax.
13
Le Selax dzidzi megbe la, Arpaxsad ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
14
Esi Selax xɔ ƒe bla etɔ̃ la, edzi Eber.
15
Le Eber dzidzi megbe la, Selax ganɔ agbe ƒe alafa ene kple etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
16
Eber xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ ene hafi dzi Peleg.
17
Le Peleg dzidzi megbe la, Eber ganɔ agbe ƒe alafa ene bla etɔ̃, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
18
Esi Peleg xɔ ƒe bla etɔ̃ la, edzi Reu.
19
Le Reu dzidzi megbe la, Peleg ganɔ agbe ƒe alafa eve kple asieke, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
20
Reu xɔ ƒe bla etɔ̃ vɔ eve hafi dzi Serug.
21
Le Serug dzidzi megbe la, Reu ganɔ agbe ƒe alafa eve kple adrẽ, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
22
Esi Serug xɔ ƒe bla etɔ̃ la, edzi Naxor.
23
Le Naxor dzidzi megbe la, Serug ganɔ agbe ƒe alafa eve, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
24
Naxor xɔ ƒe bla eve vɔ asieke hafi dzi Terax.
25
Le Terax dzidzi megbe la, Naxor ganɔ agbe ƒe alafa ɖeka kple wui asieke, eye wòdzi viŋutsu bubuwo kple vinyɔnuwo.
26
Esi Terax xɔ ƒe bla adrẽ la, edzi Abram, Naxor kple Xaran.
27
Terax ƒe dzidzimeviwoe nye esiawo: Terax dzi Abram, Naxor kple Xaran, eye Xaran dzi Lot.
28
Ke Xaran tre kuku na tɔ́a Terax le wo de Ur le Kaldea-nyigba dzi.
29
Abram kple Naxor ɖe srɔ̃. Abram srɔ̃ ŋkɔe nye Sarai. Naxor srɔ̃ ŋkɔe nye Milka, ame si nɔvie nye Yiska. Wo tɔ́ ŋkɔe nye Xaran.
30
Ke Sarai tsi ko; medzi vi kpɔ o.
31
Terax ʋu kple via Abram kple tɔgbuiyɔvia Lot, ame si nye Xaran vi kple toyɔvia Sarai, via Abram srɔ̃ la, tso Ur le Kaldea, be woayi Kanaan-nyigba dzi. Ke esi woɖo Xaran la, wotsi afi ma.
32
Terax nɔ agbe ƒe alafa eve kple atɔ̃ hafi ku le Xaran.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50