bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 32
Genesis 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 33 →
1
Yakob dzo yina, eye Mawu ƒe dɔlawo va do goe.
2
Esi wòkpɔ wo la, egblɔ be: “Mawu ƒe asaɖae nye esia!” Ale wòna ŋkɔ teƒea be Maxanaim.
3
Yakob dɔ dɔlawo ɖo ɖe nɔvia Esau gbɔ le Seir-nyigba dzi le Edom-gbegbe.
4
Egblɔ na wo be: “Migblɔ na nye aƒetɔ Esau be: ‘Nye, wò dɔla Yakob mebe medzo ɖanɔ Laban gbɔ abe amedzro ene ʋuu va se ɖe fifi.
5
Nyiwo, tedziwo, alẽwo, kluviwo kple kosiwo va ɖo asinye fũu, eya ta mele ame dɔm ɖe wò, nye aƒetɔ, be nàve nunye.’ ”
6
Amedɔdɔawo trɔ va Yakob gbɔ gblɔ nɛ be: “Míede ɖakpɔ nɔviwò Esau, eye eya hã gbɔna be yeava kpe wò. Ekplɔ ame alafa ene ɖe ŋuti gbɔnae.”
7
Tete dzika tso Yakob ƒo, eye wòvɔ̃ ŋutɔŋutɔ. Ema eƒe amewo ɖe hatsotso eve me, eye wòma alẽawo, nyiawo kple kposɔawo hã ɖe akpa eve me.
8
Egblɔ na eɖokui be: “Ne eva eme be Esau va dze hatsotso ɖeka dzi, ɖu edzi la, ekema hatsotso evelia ya así dzo.”
9
Yakob gblɔ be: “Tɔgbuinye Abraham ƒe Mawu kple tɔ́nye Isak ƒe Mawu, Aƒetɔ, wòe gblɔ nam be: ‘Trɔ yi mia denyigba dzi kple ƒowòmeawo gbɔ, eye mawɔ nyui na wò.’
10
Èlɔ̃m vevie, eye nèwɔa nuteƒe na nye, wò dɔla ɣe sia ɣi, evɔ nyemedze hafi o. Atizɔti koe nɔ asinye metsɔ tsò Yordan-tɔsisi siae; ke azɔ la, megbɔ va kple asaɖa eve.
11
Meɖe kuku na wò, ɖem tso nɔvinye Esau si me. Mele evɔ̃m ŋutɔ. Ne menye nenema o la, ava sim, atsrɔ̃ vi nɔwo kple wo viwo gɔ̃ hã.
12
Evɔ wònye wòe gblɔ nam be: ‘Mana nu sia nu nadze edzi na wò nyuie; wò dzidzimeviwo asɔ gbɔ abe ƒutake si womate ŋu axlẽ o la ene.’ ”
13
Wotsi afi ma dɔ ŋu ke, eye Yakob tsɔ nu siwo le esi la ƒe ɖe ɖo ɖe nɔvia Esau.
14
Eɖo gbɔ̃nɔ alafa eve, gbɔ̃tsu bla eve, alẽnɔ alafa eve kple agbo bla eve,
15
kposɔ vi nɔ siwo le no nam vi la, bla etɔ̃ kple wo viwo, nyinɔ bla eve kple nyitsu ewo, tedzinɔ bla eve kple tedzitsu ewo ɖee.
16
Ena dɔlaawo ma lã vovovoawo ɖa tso wo nɔewo gbɔ, eye wògblɔ na wo be: “Miva dze ŋgɔ nam, eye mina dometsotso nanɔ lãha vovovoawo dome.”
17
Egblɔ na dɔla ŋgɔgbetɔ be: “Ne nɔvinye Esau va do go wò, eye wòbia wò be: ‘Ame ka vie nènye? Afi ka nèyina? Ame ka ƒe lãhawoe nye esiawo le ŋgɔwò?’ mahã la,
18
ɖo eŋu nɛ be: ‘Wò dɔla Yakob tɔwoe. Nunana wònye wòɖo ɖe eƒe aƒetɔ Esau. Eya ŋutɔ le megbe gbɔna.’ ”
19
Egblɔ nya ma ke na ame evelia, etɔ̃lia kple bubu siwo katã le lãhaawo nu la be: “Ne miedo go Esau la, migblɔ nya si megblɔ la tututu.
20
Migblɔ be: ‘Wò dɔla Yakob ŋutɔ hã le megbe gbɔna.’ ” Elabe egblɔ le eɖokui me be: “Nunana siwo dze ŋgɔ la afa dzi nɛ gbã hafi nye ŋutɔ mava do ɖe eŋkume. Ɖewohĩ alɔ̃ axɔm.”
21
Ale nunanaawo dze ŋgɔ, ke eya ŋutɔ tsi asaɖa la me dɔ zã ma me.
22
Le zã ma me ke la, Yakob fɔ, eye wòkplɔ srɔ̃a eveawo, eƒe kosi eveawo kple via wuiɖekɛawo, eye wotsò Yabok-tɔsisi la.
23
Ena wokplɔ wo tsò tɔ lae, eye nu siwo katã le esi la ɖo tɔa godo vɔ.
24
Ke eya ɖeɖe tsi megbe. Tete ŋutsu aɖe va te kame kplii ʋuu va se ɖe fɔŋli.
25
Esi ŋutsua kpɔ be yemete ŋu ɖu Yakob dzi o la, etɔ asi eƒe aligo, eye eƒe aligokpeƒe ɖɔli.
26
Ŋutsua gblɔ be: “Ɖe asi le ŋunye madzo; ŋu le kekem!” Ke Yakob ɖo eŋu nɛ be: “Nyemele asi ɖe ge le ŋuwò o; negbe ɖeko nàyram hafi.”
27
Ŋutsua biae be: “Ŋkɔwò ɖe?” Eɖo eŋu be: “Yakob.”
28
Ŋutsua gblɔ nɛ be: “Womagayɔ wò be Yakob azɔ o; ke boŋ woayɔ wò be Israel elabe ète kame kple Mawu gate kame kple ame hã eye nèɖu dzi.”
29
Yakob xɔ edzi be: “Meɖe kuku, yɔ wò ŋkɔ nam.” Ke ŋutsua ɖo eŋu be: “Nu ka ta nèdi be yeanya nye ŋkɔ?” Tete wòyra Yakob.
30
Yakob gblɔ be: “Mekpɔ Mawu ŋkume kple ŋkume, gake metsi agbe.” Ale wòtsɔ ŋkɔ na teƒe ma be Peniel.
31
Ɣe dze esime wòdzo le afi ma yina. Enɔ tɔ̀tɔm ɖe ata ɖeka dzi.
32
Esi wònye lãkusi sesẽ si le aligokpeƒee ame la tɔ asii na Yakob ta la, va se ɖe egbe Israelviwo meɖua lã ƒe akpa ma o.
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50