bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Genesis 35
Genesis 35
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 36 →
1
Mawu gblɔ na Yakob be: “Tso, nàʋu ayi Betel nàɖanɔ afi ma. Nàɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu, si ɖe eɖokui fia wò esime nèsí dzo yina le nɔviwò Esau nu.”
2
Ale Yakob gblɔ na eƒemetɔwo kple ame siwo katã le egbɔ la be: “Mitsɔ mawu bubu siwo le mia si la ƒu gbe; mikɔ mia ɖokui ŋu, eye miɖɔli awu siwo le mia ŋu la.
3
Mina míaʋu ayi Betel ne maɖaɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma na Mawu si kpe ɖe ŋunye le nye xaxa me, eye wònɔ kplim le afi sia afi si mede la.”
4
Ale wotsɔ mawu bubu siwo katã le wo si kple woƒe togɛ siwo le woƒe to me la na Yakob, eye Yakob ɖi wo ɖe ati gã si le Sixem gbɔ la te.
5
Esime wodze mɔ yina la, Mawu na vɔvɔ̃ ɖo du siwo ƒo xlã wo la ale gbegbe be wometi Yakob viawo yome o.
6
Yakob kple eŋumewo katã va ɖo Luz, si nye Betel, le Kanaan-nyigba dzi.
7
Eɖi vɔsamlekpui ɖe afi ma, eye wòyɔ teƒea be ‘Betel ƒe Mawu’ elabe afi mae Mawu ɖe eɖokui fiae le, esime wòsí le nɔvia Esau nu yina.
8
Azɔ Debora, ame si kpɔ Rebeka dzi le ɖevime la, ku, eye woɖii ɖe logoti gã aɖe te le Betel ƒe anyigbeme. Ale wòna ŋkɔ afi ma be “Konyifalogoti.”
9
Esime Yakob gbɔ tso Padan-Aram la, Mawu gaɖe eɖokui fiae, eye wòyrae.
10
Mawu gblɔ nɛ be: “Ŋkɔwòe nye Yakob, ke tso fifia dzi heyina la, woayɔ wò be Israel.” Ale Israel zu ŋkɔ nɛ.
11
Mawu gblɔ nɛ be: “Nyee nye Mawu Ŋusẽkatãtɔ. Mana nàdzi asɔ gbɔ fũu. Dukɔ, dukɔwo ado tso mewò, eye fiawo adzɔ tso wò dzidzimeviwo me.
12
Anyigba si metsɔ na Abraham kple Isak la, matsɔe ana wò, eye matsɔe ana wò dzidzimevi siwo ava ɖe yowòme la hã.”
13
Azɔ Mawu dzo le egbɔ le afi si wòƒo nu kplii le la heyi dzi.
14
Tete Yakob tu ŋkuɖodzikpe ɖe afi si Mawu ƒo nu kplii le la tsɔ de dzesi teƒea. Ekɔ wain ɖe edzi, eye wòkɔ ami hã ɖe dzi.
15
Yakob na ŋkɔ teƒe ma si Mawu ƒo nu nɛ le la be Betel.
16
Azɔ Yakob kple etɔwo dze mɔ tso Betel yina. Esi wogogo Efrat la, Raxel de asi kuléle me, ke via dzidzi sesẽ nɛ.
17
Esi via dzidzi nye dɔ nɛ la, vixela la gblɔ nɛ be: “Mègavɔ̃ o; ŋutsuvi dzi ge nègale.”
18
Nu té Raxel ŋu vɔ, eye wòkpɔ be yemele agbe tsi ge o. Ale wòna ŋkɔ ɖevia be Benoni Ke tɔ́a ya yɔe be Benyamin.
19
Esi Raxel ku la, woɖii ɖe mɔ si ɖo ta Efrat, si woyɔna be Betlehem, la to.
20
Yakob tu ŋkuɖodzikpe ɖe eƒe yɔdo dzi si woyɔna be Raxel ƒe yɔdodzikpe va se ɖe egbe.
21
Emegbe Israel yi eƒe mɔzɔzɔ dzi, eye wòva tu agbadɔ ɖe Eder gbetakpɔmɔ́ godo.
22
Esime Israel le nuto ma me la, Ruben de asi Bilha si nye tɔ́a ƒe ahiãvi ŋu, eye Israel see. Azɔ viŋutsuvi wui evee nɔ Yakob si.
23
Lea viŋutsuwoe nye: Ruben, ame si nye Yakob ƒe ŋgɔgbevi, Simeon, Levi, Yuda, Isaxar kple Zebulon.
24
Raxel viŋutsuwoe nye Yosef kple Benyamin.
25
Raxel ƒe kosi Bilha viŋutsuwoe nye Dan kple Naftali.
26
Lea ƒe kosi Silpa ƒe viŋutsuwo nye Gad kple Aser. Esiawoe nye viŋutsuvi siwo wodzi na Yakob le Padan-Aram.
27
Yakob va tɔ́a Isak gbɔ le Mamre le Kiryat-Arba si yɔm wole egbe be Xebron, afi si Abraham kple Isak nɔ kpɔ la.
28
Isak nɔ agbe ƒe alafa ɖeka bla enyi.
29
Isak ku esime wòtsi xɔ ƒè geɖee, eye wòzu amegãɖeɖi belibeli hafi yi tɔgbuiawo gbɔ. Via ŋutsuwo, Esau kple Yakob, ɖii.
← Chapter 34
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 49
Chapter 50
Chapter 36 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48
49
50