bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 1
Ezekiel 1
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 2 →
1
Menɔ aboyomewo dome le Kebar-tɔsisi to. Dziƒowo nu ʋu, eye mekpɔ ŋutegawo le Mawu ŋu. Nu sia va eme le ƒè bla etɔ̃lia me, le dzinu enelia ƒe ŋkeke atɔ̃lia dzi.
2
Le dzinua ƒe ŋkeke atɔ̃a gbe la, (esia nye ƒè atɔ̃ esime woɖe aboyo fia Yehoyakin),
3
Aƒetɔ ƒo nu kple nunɔla Xezekiel, Buzi vi, le Kebar-tɔsisi la to le Kaldea-nyigba dzi. Aƒetɔ da asi ɖe edzi le afi ma.
4
Esi meda ŋku ɖi la, kpɔ ɖa, ahom tu tso dzigbeme, alilikpo gã aɖe klẽ ƒo xlãe, eye dzo nɔ bibim le eme flaflafla. Nane nɔ dzedzem le dzo la titina abe akɔbli si le dzo sim la ene.
5
Nu ene siwo ɖi nu gbagbewo la, do tso eme. Woƒe dzedzeme nɔ ale: Woɖi amegbetɔ,
6
ke mo ene kple aʋala ene le wo dometɔ ɖe sia ɖe si.
7
Woƒe atawo dzɔ abe ati ene, eye woƒe afɔƒome le abe nyivi tɔ ene, eye wonɔ dzo dam abe akɔbligba ene.
8
Le woƒe aʋalawo te le woƒe axa eneawo dzi la, amegbetɔ ƒe asi li na wo. Wo ame eneawo ƒe mowo kple aʋalawo nɔ ale:
9
Woƒe aʋalawo ka wo nɔewo ŋu. Woyia ŋgɔ tẽe ɖeke metrɔna o.
10
Woƒe mo ɖi amegbetɔ tɔ le ŋgɔ; wo ame eneawo dometɔ ɖe sia ɖe to dzata ƒe mo le nuɖusi kpa dzi, eye wo ame ene la to nyitsu ƒe mo le mia kpa dzi. Wo ame ene la katã to hɔ̃ ƒe mo ɖe megbe.
11
Nenema woƒe mowo nɔ. Woklẽ woƒe aʋalawo me ɖo ɖe dzi. Ɖe sia ɖe ƒe aʋala eve ka nɔvia tɔ ŋu, eye wotsɔ eve tsyɔ wo ɖokui.
12
Ɖe sia ɖe yia ŋgɔ tẽe; afi si gbɔgbɔ la yina la, afi mae woɖoa tae. Ne wole azɔli dzi la, wometrɔna o.
13
Nane le nu gbagbeawo dome abe dzoka ene. Wole bibim abe akakati si wole nyenyem la ene le wo dome. Dzoa nɔ keklẽm, eye dzi nɔ dzo kem tso dzoa me.
14
Nu gbagbeawo nɔ keklẽm miamiamia abe dzikedzo ene.
15
Azɔ esi melé ŋku ɖe nu gbagbeawo ŋu la, mekpɔ tasiaɖamfɔ nɔ anyigba le nu gbagbe eneawo dometɔ ɖe sia ɖe gbɔ.
16
Ku ɖe tasiaɖamfɔawo ƒe dzedzeme kple wɔwɔme ŋu la: Wodze abe adzagba si le keklẽm la ene. Wo ame ene la ɖi wo nɔewo; wowɔ wo abe ɖe tasiaɖamfɔ ɖeka le nɔvia me ene.
17
Ne wole yiyim la, wozɔna ɖe woƒe axa eneawo dometɔ ɖe sia ɖe dzi, eye wometrɔna o.
18
Toga li na afɔ eneawo, eye kekemegati lɛlɛlɛwo le wo si. Ŋkuwo le togaawo ŋu ƒo xlã godoo.
19
Ne nu gbagbeawo le azɔli dzi la, tasiaɖamfɔawo nɔa zɔzɔm le wo xa. Ne nu gbagbeawo kɔ wo ɖokui dzi la, tasiaɖamfɔawo hã kɔa dzi.
20
Afi sia afi si gbɔgbɔa aɖo tae la, wokplɔnɛ ɖo, eye tasiaɖamfɔawo nɔa yiyim kpli wo nenema. Elabe nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ nɔ tasiaɖamfɔawo me.
21
Ne woɖe zɔ la, tasiaɖamfɔawo hã ɖea zɔ. Ne wotɔ la, wotɔna. Ne wokɔ wo ɖokui dzi tso anyigba la, woawo hã kɔa wo ɖokui dzi; elabe nu gbagbeawo ƒe gbɔgbɔ le tasiaɖamfɔawo me.
22
Nane le nu gbagbeawo tame abe dziŋgɔli ene, enɔ keklẽm abe kpe ɣi ene; ekeke ɖe wo tame.
23
Woklẽ woƒe aʋalawo ɖo ɖe wo nɔewo le dziŋgɔlia te, eye nu gbagbe ɖe sia ɖe tsɔ eƒe aʋala eve tsyɔ eɖokui.
24
Ne wole yiyim la, mese woƒe aʋalawo me le ɖiɖim abe tɔ gãwo ƒe hoowɔwɔ, abe Ŋusẽkatãtɔ la ƒe gbeɖeɖe kple aʋakɔwo ƒe ɣlidodo ene. Ne wotɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.
25
Gbe aɖe ɖi tso dziŋgɔli si le wo tame la me. Ne wotɔ la, woɖiɖia woƒe aʋalawo ɖe anyi.
26
Nane ɖi fiazikpui nɔ dziŋgɔli si le wo tame la dzi. Ele abe gbloti ene, eye nane si ɖi amegbetɔ ƒe nɔnɔme la bɔbɔ nɔ nu si ɖi fiazikpuia dzi.
27
Esi melé ŋku ɖe eƒe ali ŋu yi dzi gome la, ele abe akɔbli si le keklẽm la ene, eye nane dzé ƒo xlãe abe dzo ene va kpe ɖo. Esi melé ŋku ɖe eƒe ali ŋu va anyi gome la, ele abe dzo ene nɔ keklẽm va kpe ɖo.
28
Keklẽ si ƒo xlãe la le abe ale si anyieʋɔ dona ɖe alilikpo ŋu le tsidzagbe ene. Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe ƒe nɔnɔmee nye esia. Esi mekpɔe la, metsyɔ mo anyi, eye mese ame si nɔ nu ƒom la ƒe gbe.
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 2 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48