bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 11
Ezekiel 11
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 12 →
1
Gbɔgbɔ la kɔm ɖe ya me, eye wòtsɔm va Aƒetɔ ƒe aƒe la ƒe ɣedzeƒegbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nu. Kpɔ ɖa, ŋutsu bla eve vɔ atɔ̃ nɔ agbo la nu. Mekpɔ Yaazanya, Asur vi kple Pelatya, Benaya vi, dukɔ la ƒe amegãwo nɔ wo dome.
2
Egblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ŋutsu siawoe nye ame siwo ɖoa tame gbegblẽ, eye woɖoa aɖaŋu vɔ̃ le du sia me.
3
Woawoe gblɔna be: ‘Ɣeyiɣi mede ne woatu xɔ o. Du siae nye detsiƒoze, eye míawoe nye lã la.’
4
Eya ta, ɖe gbeƒã ɖe wo ŋu, amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã.”
5
Tete Aƒetɔ ƒe Gbɔgbɔ va dzinye, eye wògblɔ nam be: “Gblɔ be, Aƒetɔ be: Ao, Israel-dukɔ nu sia susum miele, elabe menya nu siwo vaa susu me na mi.
6
Miaƒe ame kukuwo ko dzim miele ɖe edzi le du sia me, eye miena ame kukuwo yɔ eƒe ablɔwo dzi fũu.
7
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Du lae nye detsiƒoze, eye ame kuku siwo mietsɔ mlɔ eme la woe nye lã, ke miawo la, woakplɔ mi adzoe le eme.
8
Miele yi vɔ̃m; ke mahe yi ava mia dzi. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
9
Makplɔ mi adoe le eme, eye matsɔ mi ade asi na amedzrowo, eye madrɔ̃ ʋɔnu mi.
10
Miatsi yi nu, madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
11
Du sia manye miaƒe detsiƒoze, eye miawo mimanye lã le eme o. Madrɔ̃ ʋɔnu mi le Israel ƒe liƒo dzi.
12
Mianyae be nyee nye Aƒetɔ elabe miezɔ nye ɖoɖowo dzi, alo wɔ nye sewo dzi o. Ke dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo dzie miewɔ.”
13
Eva eme be esi menɔ gbeƒã ɖem la, Pelatya, Benaya vi la ku. Tete metsyɔ mo anyi, fa avi, do ɣli sesĩe be: “Ao! Aƒetɔ Mawu, ɖe nèbe yeatsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo keŋkeŋua?
14
Tete Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
15
“Amegbetɔ vi, nɔviwòwo, nɔviwòwo gɔ̃ hã, ame siwo le aboyo me kpli wò, Israel-dukɔ blibo la, woawo katã ŋue Yerusalemnɔlawo gblɔ le be: ‘Wodzo le Aƒetɔ gbɔ sãa. Míawoe wotsɔ anyigba sia na be wòanye mía tɔ.’
16
Eya ta gblɔ be: ‘Aƒetɔ Mawu be: Togbɔ be meɖo wo ɖe dukɔwo dome ʋĩi, eye togbɔ be mekaka wo ɖe anyigbawo dzi hã la, menye kɔkɔeƒe na wo ɣeyiɣi aɖe le anyigba siwo dzi woyi.’
17
Eya ta gblɔ be: ‘Aƒetɔ Mawu be: Maƒo mia nu ƒu tso dukɔwo dome afi si woka mi hlẽ ɖo, eye matsɔ Israel-nyigba la na mi.’
18
Nenye be wova ɖo afi ma la, woaɖe eƒe nu tɔŋkuwo kple ŋunyɔnuwo ɖa.
19
Mana dzi ɖeka naɖo wo si, eye made gbɔgbɔ yeye wo me. Maɖe kpedzi ɖa le woƒe dɔme atsɔ lãkusidzi ade wo me,
20
ne woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye woaɖo to awɔ nye seawo dzi. Woanye nye dukɔ, eye manye Mawu na wo.
21
Ke ame siwo ƒe dzi ti woƒe nu tɔŋkuawo kple ŋunyɔnuawo yome la, maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.”
22
Tete kerubiawo dzo kple woƒe aʋalawo, tasiaɖamfɔawo nɔ wo ŋu, eye Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe nɔ wo tame.
23
Aƒetɔ ƒe ŋutikɔkɔe dzo le dua me, eye wòyi ɖanɔ to si le dua ƒe ɣedzeƒe gome la dzi.
24
Gbɔgbɔ la kɔm le ŋutega me to Mawu ƒe Gbɔgbɔ la dzi va aboyomenɔlawo gbɔ le Kaldea. Tete ŋutega si kpɔm menɔ la nu tso.
25
Megblɔ nu siwo katã Aƒetɔ ɖe fiam la na aboyomenɔlaawo.
← Chapter 10
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 12 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48