bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 25
Ezekiel 25
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 26 →
1
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, trɔ nàdze ŋgɔ Amontɔwo, eye nàɖe gbeƒã ɖe wo ŋu.
3
Gblɔ na Amontɔwo be, mise Aƒetɔ Mawu ƒe nya. Aƒetɔ Mawu be: Miegblɔ ‘ehɛ̃’ ɖe nye kɔkɔeƒe la ŋu esime wogblẽ kɔ ɖo nɛ la, ɖe Israel-nyigba la ŋu esime wòzu gbegbe, eye ɖe Yuda ƒe aƒe la ŋu esime wokplɔe yi aboyo me la.
4
Eya ta matsɔ wò ade asi na ɣedzeƒetɔwo nàzu wo tɔ. Woatu agbadɔwo ɖe gbɔwò, eye woatso aƒe ɖe gbɔwò. Woaɖu wò kutsetsewo, eye woano wò notsi.
5
Mawɔ Raba wòazu gbeɖuƒe na kposɔwo, eye Amontɔwo ƒe duwo azu alẽwo ƒe mlɔƒe. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
6
Elabe Aƒetɔ Mawu be: Esi miesi akpe, tu afɔ anyi, kpɔ dzidzɔ le vɔ̃ediname si le miaƒe dzime ɖe Israel-nyigba ŋu ta la,
7
eya ta kpɔ ɖa, mekɔ nye asi dzi ɖe mia ŋu, eye matsɔ mi ana dukɔwo woaha. Malã mi ɖa le dukɔwo dome, eye mana miatsrɔ̃ gbidii le anyigba dzi dukɔwo dome. Miavɔ ɖa keŋkeŋ. Ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
8
Aƒetɔ Mawu be: “Moab gblɔ be: Kpɔ ɖa, Yuda le ko abe dukɔ bubuawo katã ene.
9
Eya ta maʋu mɔ na du siwo le Moab xa, esiwo le eƒe liƒowo dzi, dukɔ la ƒe ŋutikɔkɔe, Bet-Yesimot, Baal-Meon kple Kiryataim.
10
Matsɔ eya kple Amontɔwo na ɣedzeƒetɔwo be woazu wo tɔ, ale be womagaɖo ŋku wo dzi le dukɔwo dome azɔ o.
11
Madrɔ̃ ʋɔnu Moab. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
12
Aƒetɔ Mawu be: “Esi Edom wɔ nu be yeabia hlɔ̃ Yuda-to la, eye woɖi fɔ ŋutɔ le hlɔ̃biabia sia me ta la,
13
Aƒetɔ Mawu be: Makɔ asi dzi ɖe Edom ŋu. Matsrɔ̃ amewo kple lãwo siaa, eye mana wòazu gbegbe. Woawu wo kple yi tso Teman va se ɖe Dedan.
14
Matsɔ Edom ade asi na nye dukɔ Israel be woabia hlɔ̃ wo nam. Woatu nu kple Edom ɖe ale si medo dziku kple dɔmedzoe ɖe wo ŋui la nu, eye woadze si nye hlɔ̃biabia.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
15
Aƒetɔ Mawu be: “Esi Filistitɔwo tsɔ hlɔ̃biabia wɔ nui, eye wotsɔ tame vɔ̃e kple keléle le dzime bia hlɔ̃e ta la,
16
eya ta Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, makɔ nye asi dzi ɖe Filistitɔwo ŋu. Matsrɔ̃ Kretatɔwo, eye mana ƒutatɔ mamlɛawo navɔ ɖa gbidii.
17
Mabia hlɔ̃ wo vevie, atsɔ dɔmedzoe ahe to na wo. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne mebia hlɔ̃ wo.”
← Chapter 24
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 26 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48