bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 24
Ezekiel 24
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 25 →
1
Le ɣleti ewolia ƒe ŋkeke ewolia dzi, le ƒè asiekelia me la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, de dzesi egbe ŋkeke sia nàŋlɔ ŋkeke sia tututu da ɖi. Ŋkeke sia dzi tututue Babilon-fia ɖe to ɖe Yerusalem.
3
Do hamelo na dukɔ dzeaglã la be, Aƒetɔ Mawu be: Ɖo ze la dzo dzi, ɖoe dzo dzi, kɔ tsi hã ɖe eme.
4
Tsɔ lãkɔwo de eme, tsɔ lãkɔ nyuitɔwo, ata kple abɔgba; lɔ ƒu nyuitɔwo kɔ ɖe eme.
5
Tia alẽ nyuitɔwo, nàde nake dzoa me; na lãkɔwo nafie, ƒuawo hã nabi abɔbɔ.”
6
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: “Baba na du si le ʋu kɔm ɖi na gaze si lé ɣebia, eye eƒe ɣebia meɖe ɖa le eŋu o la. Ɖe lãwo le eme ɖekaɖeka, mègatia wo me o.
7
Elabe ʋu si wòkɔ ɖi la gale eme ko. Agakpe si dzi ke aɖeke mele o la dzie wòkɔ ʋua ɖo. Mekɔe ɖe anyigba ne woaxe ke ɖe edzi o.
8
Be makpɔe ne dzi nakum vevie, eye mabia hlɔ̃ ta la, mena ʋu si wokɔ ɖi la tsi agakpe ƒuƒlu la dzi, ale be womaxe ke ɖe edzi o.
9
Eya ta Aƒetɔ Mawu gblɔ be: Baba na du si kɔa ʋu ɖi! Nye hã mali kɔ nake la gleglegle.
10
Tu dzotikpoawo ɖo, nàdo dzo la. Ɖa lã la ne wòabi nyuie; detsia neto; ƒua nalé ze.
11
Na ze ƒuƒlu la nanɔ dzoka dzi, ne wòaxɔ dzo, eye eƒe akɔbli nafiã, ne nu ƒoɖi siwo le eme la nalólo, ale be ɣebia si le eŋu la nafiã keŋkeŋ.
12
Meɖe fu na ɖokuinye dzodzro; dzo mete ŋu fiã ɣebia si tri le eŋu la o.
13
Eƒe ɣebia nye wò hadzedze ƒoɖi la. Anye ne maklɔ ŋuwò gake wò ɖiƒoƒo la gbe ɖiɖi. Nyemagaklɔ ŋuwò azɔ o, va se ɖe esime nye akɔ nafa, eye madzudzɔ dɔmedzoedodo ɖe ŋuwò.
14
Nye Aƒetɔ lae gblɔe, eye ava eme hã. Mawɔe, nyemagbe ewɔwɔ o, nyemaɖe ame aɖeke le eme o, eye nyematrɔ susu o. Ale si nèzɔe kple nu siwo nèwɔ la nue madrɔ̃ ʋɔnu wò ɖo.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
15
Aƒetɔ ƒe nya gava nam be:
16
“Amegbetɔ vi, kpɔ ɖa, maɖe ame si ƒe nu nyoa ŋuwò la ɖa kpata. Mègaxa nu loo, afa avi loo, alo aɖatsi nage le mo na wò o.
17
Ɖe hũ, ke mègana woasee o. Mègawɔ kunu o. Bla ta nàdo afɔkpa; mègabla ŋkume loo, alo aɖu kuteƒe nuɖuɖu o.
18
Ale meƒo nu na dukɔ la le ŋdi me, eye srɔ̃nye ku le fiẽ me. Esi ŋu ke la, mewɔ abe ale si woɖo nam la ene.”
19
Dukɔ la biam be: “Maɖe nu si ta nèle nu siawo wɔm ale gɔme na mí oa?”
20
Tete megblɔ na wo be: “Aƒetɔ ƒe nyae va nam be:
21
‘Gblɔ na Israel-dukɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, magblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la, ŋusẽ si dzi miedàna ɖo, nu si nyoa miaƒe ŋkuwo ŋu, eye miaƒe luʋɔ dina la. Mia viŋutsu kple vinyɔnu siwo miegblẽ ɖe megbe la, woava wu wo kple yi.
22
Miawɔ abe ale si mewɔ ene. Migabla nu ɖe ŋkume loo, alo aɖu kuteƒe nu o.
23
Miaƒe tablanu anɔ ta na mi, eye afɔkpa anɔ miaƒe afɔ. Migafa konyi loo, alo afa avi o. Ke miaxa nu le miaƒe nuvɔ̃wo me anɔ ŋeŋem le mia nɔewo dome.
24
Ale Xezekiel atrɔ zu dzesi na mi. Nu siwo katã wòwɔ miekpɔ la, miawo hã miwɔe. Ne nu sia va eme la, ekema miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ Mawu.’ ”
25
“Ke wò, amegbetɔ vi, gbe si gbe maɖe woƒe sitsoƒe, woƒe dzidzɔ kple ŋutikɔkɔe, nu si nyakpɔna na wo, woƒe dzi ƒe didi la, akpe ɖe wo viŋutsuwo kple wo vinyɔnuwo ŋu la,
26
gbe ma gbee sisíla aɖe ava be yeagblɔ nyadzɔdzɔ la na wò.
27
Gbe ma gbe la, àke nu ɖe te le sisíla la ŋkume, eye àƒo nu gbe ma gbe, eye maganye mumu o. Ale àzu dzesi na wo, eye woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
← Chapter 23
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 25 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48