bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 26
Ezekiel 26
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 27 →
1
Le ɣletia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi le ƒè wui ɖekɛlia me la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, esi Tiro gblɔ le Yerusalem ŋu be: ‘Ehɛ̃, dukɔwo ƒe agbo la gbã, woʋu agbo la siaa nam, nuwo agbugbɔ aɖo asinye esi wòzu aƒedo ta la,’
3
eya ta Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, wò Tiro, metso ɖe ŋuwò. Makplɔ dukɔ geɖe woava dze dziwò abe ale si ƒutsotsoewo ŋena ɖe nu dzi ene.
4
Woagbã Tiro ƒe gliwo, agbã eƒe xɔ tsralawo ƒu anyi. Makuko eƒe anyigba, eye wòazu agakpe si le ƒeƒle.
5
Azu ɖɔsiaƒe le atsiaƒu titina. Aƒetɔ Mawu be: Nyee gblɔe. Azu nuhaha na dukɔwo.
6
Woawu via nyɔnu siwo le anyigba la ŋutɔ dzi kple yi. Ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
7
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Kpɔ ɖa, makplɔ Babilon-fia Nebukadnezar, fiawo ƒe fia la, atso dzigbeme kple sɔwo, tasiaɖamwo, sɔdolawo kple asrafowo ƒe ha gbogbo aɖe ava ƒo ɖe Tiro dzi.
8
Awu du siwo le anyigba dzi la me tɔwo kple yi, atu xɔ tsrala siwo me wonɔna dzɔa duwo ŋu ɖe ŋuwò, aƒu kpo ɖe ŋuwò, eye woakɔ woƒe akpoxɔnuwo dzi ɖe ŋuwò.
9
Atsɔ eƒe gligbãnuwo ɖe wò gliwo ŋu, agbã wò xɔ tsralawo ƒu anyi kple fía.
10
Eƒe sɔwo asɔ gbɔ ale gbegbe be woƒe fufu si anɔ wo yome la agbã ɖe dziwò kɔtɔɔ. Wò gliwo aʋuʋu kpèkpekpe le sɔdolawo, tasiaɖamfɔwo, tasiaɖamwo ƒe afɔzi ta nenye be ege ɖe wò agbowo me abe ale si wogena ɖe du si ƒe gliwo gbã la me ene.
11
Eƒe sɔwo atsɔ woƒe afɔwo anya avuzi le wò ablɔwo katã dzi. Atsɔ yi atsrɔ̃ wò dukɔ la, eye wò sɔti titriwo amu dze anyi.
12
Woaha wò kesinɔnuwo, eye woada adzo wò adzɔnuwo. Woagbã wò gliwo ƒu anyi, eye woagbã wò xɔ nyuiwo keŋkeŋ. Woalɔ kpeawo, atiawo kple gli gbagbã aɖakɔ ɖe atsiaƒu me.
13
Matsi wò hadzidziwo nu, eye wò kasaŋkuwo magaɖi woase azɔ o.
14
Aƒetɔ Mawu be: Mawɔ wò agakpe si dzi ke aɖeke mele o la; ɖɔsiaƒe ko nànye. Womagagbugbɔ wò atu akpɔ o. Elabe Aƒetɔ be: Nye Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.”
15
Aƒetɔ Mawu gblɔ na Tiro be: “Ɖe ƒutanyigbawo madzo nyànyanya ne wose wò anyidzedze, ne ame siwo xɔ abi le mewò le ŋeŋem, ne wova wu amewo le mewò oa?
16
Tete ƒutamegãwo katã aɖi le woƒe fiazikpuiwo dzi. Woaɖe woƒe awuwo da ɖi, atra nudodo siwo to wolɔ̃ atsyiã tɔxɛwo ɖo hã da ɖi. Ne wole awu dom la, woanɔ ƒoƒom tititi. Woanɔ anyinɔƒe anɔ dzodzom ɣeawo katã ɣi nyànyanya. Wò nya awɔ nuku na wo.
17
Woakpa konyifaha ɖe ŋuwò adzi na wò be: ‘Ale ke wɔ nètsrɔ̃ ɖa le ƒuta? Ao du xɔŋkɔ la. Wò si kpɔ ŋusẽ le atsiaƒu dzi, wò kple wò dumetɔ siwo doa ŋɔdzi na anyigba blibo la katã!
18
Azɔ tɔdomekpowo le dzodzom nyànyanya le gbe si gbe nèdze anyi la. Nyateƒee, enye nu si wɔ nuku na tɔdomekpowo le atsiaƒu me be nèvɔ ɖa.’ ”
19
Elabe Aƒetɔ Mawu be: “Ne mewɔ wò du la aƒedoe abe du siwo me ame aɖeke mele o la ene, ne mena nege dze ʋe goglo me, eye tɔɖɔɖɔ gãwo va sí to dziwò la,
20
ekema mate wò ɖe to kpe ɖe aʋlimeyilawo ŋu, ɖo ɖe blematɔwo gbɔ, eye mana nàtsi yɔme. Ànɔ blemaƒedowo me kple aʋlimeyilawo, ale be ame aɖeke maganɔ mewò loo, alo woagbugbɔ wò atso abe du ene o.
21
Mawɔe be wò nuwuwu nadzi ŋɔ, ale be nàvɔ ɖa keŋkeŋ. Togbɔ be amewo adi wò hã la, womagakpɔ wò gbeɖe o. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.”
← Chapter 25
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 27 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48