bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 32
Ezekiel 32
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 33 →
1
Le ƒe wui ɖekɛlia ƒe ɣleti wui evelia ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
2
“Amegbetɔ vi, kpa aviha de Egipte Fiagã be: Èbu ɖokuiwò abe dzata ene le dukɔwo dome, ke èle abe ƒumeʋɔdriba ene le atsiaƒu me; ètua tsi to ŋɔti me, nyaa avuzi le tɔ me kple wò afɔwo, eye nèblua tsi.
3
Aƒetɔ Mawu be: Maɖo nye ɖɔ na wò; dukɔ geɖewo akpe ɖe ŋunye, eye mahe wò kple nye ɖɔ ava gotae.
4
Maxlã wò ɖe anyi, gbadzaƒee mada wò ɖo, eye mana dziƒoxeviwo katã nadze ɖe dziwò. Mana anyigbadzilãwo katã naho wò lã.
5
Matsɔ wò lã kakɛwo aƒu gbe ɖe towo dzi, eye mana wò kukua nayɔ baliwo me.
6
Mana anyigba la kple towo kekeake, naƒo wò ʋu si le sisím la, eye wòayɔ tɔsisiwo me taŋ.
7
Ne meɖe wò ɖa la, matsyɔ avɔ na dziŋgɔli, eye mana woƒe ɣletiviwo nado viviti. Mana alilikpo naxe ɣe ŋkume, eye ɣleti magaɖi o.
8
Mana dziŋgɔli me nu siwo katã klẽna le ta wò me la natsi, eye mana viviti nado ɖe wò anyigba dzi.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
9
“Maɖe fu na dukɔ geɖewo ƒe dziwo, ne mekplɔ mi yi aboyo me le dukɔwo dome, le anyigba siwo mienya o la dzi.
10
Mana miaƒe nu nawɔ nublanui na ame geɖewo, eye woƒe fiawo nanɔ dzodzom nyànyanya le mia ta, ne menyè nye yi le wo ŋkume. Woanɔ ƒoƒom tititi ɣeawo katã ɣi, ame sia ame le eya ŋutɔ ƒe agbe ta, gbe si gbe nèdze anyi.
11
Elabe Aƒetɔ Mawu be: Babilon-fia ƒe yi aƒo ɖe dziwò.
12
Mana ame gbogbo siwo le asiwò la natsi ŋusẽtɔwo ƒe yi nu, ame siwo katã ŋu ŋɔdzi le le dukɔwo dome.” “Woana Egipte nadzudzɔ dàda, eye eƒe ame gbogboawo atsrɔ̃.
13
Matsrɔ̃ eƒe gbemelãwo katã ɖa le tɔ geɖewo to; amegbetɔ aɖeke ƒe afɔ magablu wo azɔ loo, alo gbemelã aɖeke ƒe afɔ nablu wo o.
14
Emegbe mana woƒe tsiwo nazrɔ̃, eye mana woƒe tɔsisiwo nasí abe ami ene. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
15
Ne mena Egipte-nyigba zu aƒedo, eye megblẽ edzi nuwo katã, ne mewu edzinɔlawo katã la, ekema woadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.
16
Konyifahae nye esia woado ɖa; dukɔwo ƒe nyɔnuviwo adzii. Woadzii na Egipte kple eƒe dumevi gbogboawo, woawoe woadzii na. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.”
17
Le ƒe wui evelia ƒe ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui atɔ̃a gbe la, Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
18
“Amegbetɔ vi, fa avi ɖe Egipte ƒe ame gbogboawo ŋu, eye nàkplɔ wo ɖo ɖa, eya kple fia gãwo ƒe vinyɔnuviwo miaɖo ɖe yɔme le aʋlimeyilawo gbɔ.
19
‘Ame kae nèdze tugbe wu? Yi aʋlime nàɖa mlɔ bolobolotɔwo gbɔ.’
20
Woaɖamlɔ ame siwo tsi yi nu le aʋa me la dome, eye eƒe ameha gbogboawo katã amlɔ exa.
21
Fia siwo kpɔ ŋusẽ kple woƒe kpeɖeŋutɔwo agblɔ le tsiẽƒe tso wo ŋu be: ‘Wova ɖo yɔme, womlɔ anyi kpoo, bolobolotɔ siwo wowu kple yi la.’ ”
22
“Asiriatɔwo kple woƒe amehawo katã le afi ma. Woƒe yɔdowo ƒo xlãe, wonye ame tsiaʋa siwo tsi yi nu la sɔŋ.
23
Woɖe yɔdo nɛ ɖe dzogoe dzi ke le aʋlime, eye eƒe amehawo ƒo xlã eƒe yɔdo. Wo katã la, aʋatsilawo wonye, woawoe do ŋɔdzi na agbagbeawo kpɔ le anyigba dzi.”
24
“Elam le afi ma, eye eƒe ame gbogboawo ƒo xlã eƒe yɔdo. Wo katã nye ame tsiaʋa siwo tsi yi nu. Woawoe yi yɔme aʋa matsomatsoe, woawoe doa ŋɔdzi na agbagbeawo tsã le anyigba dzi, eye woatsɔ ŋukpe ayi aʋlimee akpe ɖe kukuawo ŋu.
25
Woɖo aba nɛ ɖe ame tsiaʋawo dome kple eƒe amehawo katã. Woƒe yɔdowo ƒo xlãe, wo katã nye bolobolotɔ siwo tsi aʋa. Woawoe do ŋɔdzi na agbagbeawo kpɔ le anyigba dzi, eye woayi aʋlime kple ŋukpe akpe ɖe kukuawo ŋu. Woatsɔ wo amlɔ aʋatsilawo dome.”
26
“Mesex kple Tubal le afi ma kple woƒe ameha gbogboawo. Woƒe yɔdowo ƒo xlã wo. Wo katã wonye bolobolotɔwo, ame siwo tsi yi nu elabe woƒe ŋɔdzidoname xɔ agbagbeawo ƒe anyigba dzi.
27
Womemlɔ blema kalẽtɔ siwo tsi aʋa, eye woyi tsiẽƒe kple woƒe aʋawɔnu siwo wotsɔ wɔ kɔziɔe la gbɔ o, ame siwo ƒe akpoxɔnuwo mlɔ woƒe ƒuwo dzi. Elabe ŋɔdzidoname kple kalẽwɔwɔ la, agbe me ko wole.
28
Ale woagbã wò hã, eye àmlɔ bolobolotɔwo gbɔ le aʋatsilawo dome.”
29
“Edom le afi ma kple eƒe fia kpakple amegãwo, wo ame siwo sẽ ŋutɔŋutɔ la. Woawo hã mlɔ aʋatsilawo dome, le bolobolotɔwo dome kple aʋlimeyilawo.”
30
“Amegã siwo tso dzigbeme la le afi ma. Wo katã kple Sidontɔwo katã, ame siwo yi yɔme kple ŋukpe kple aʋatsilawo. Elabe le ŋɔdzi siwo katã wodo na amewo kple woƒe ŋusẽ megbe la, womlɔ anyi aʋamatsomatsoe kple aʋatsilawo, eye wolé ŋukpe ɖe ta yi kple aʋlimeyilawo.”
31
“Nenye be Egipte Fiagã kpɔ wo la, afa akɔ na eɖokui ɖe eƒe ameha gbogboawo ta, Egipte Fiagã la kple eƒe aʋakɔwo katã, ame siwo tsi yi nu. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
32
Elabe edo ŋɔdzi geɖe na amegbetɔwo le agbe me ŋutɔ. Eya ta woatsɔ Egipte Fiagã la kple eƒe ame gbogboawo amlɔ bolobolotɔwo dome, le ame siwo tsi yi nu la gbɔ.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
← Chapter 31
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 33 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48