bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 48
Ezekiel 48
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
1
“Toawo ƒe ŋkɔwoe nye esiawo: Anyigba la dze egɔme tso dzigbeme liƒo dzi, tso atsiaƒu la gbɔ hemlo to Xetlon-mɔ gbɔ va do ɖe Xamat-mɔ nu, ʋuu keke va ɖo Xazer-Enon (si le Damasko ƒe liƒo dzi heɖe Xamat da ɖe dzigbeme gome). Dan naxɔ mama ɖeka tso ɣedzeƒekpa dzi va se ɖe ɣetoɖoƒe.
2
Mama ɖeka natso Dan ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe. Esia nanye Aser tɔ.
3
Mama ɖeka natso Aser ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va ɖo ɣetoɖoƒe. Esia nanye Naftali tɔ.
4
Mama ɖeka natso Naftali ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe. Esia nanye Manase tɔ.
5
Mama ɖeka natso Manase ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va ɖo ɣetoɖoƒe. Esia nanye Efrayim tɔ.
6
Mama ɖeka natso Efrayim ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe. Esia nanye Ruben tɔ.
7
Mama ɖeka natso Ruben ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va ɖo ɣetoɖoƒe. Esia nanye Yuda tɔ.”
8
“Tso Yuda ƒe liƒo nu tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe la, anye akpa aɖe si woaɖe ɖe aga. Nekeke kilometa wui eve kple afã, eƒe didime nesɔ kple mama ɖeka si xɔm toawo le la tso ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe, kɔkɔeƒe la nanɔ eƒe titina.
9
Akpa si miaɖe ɖe aga na Aƒetɔ la nadidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa ewo.
10
Teƒe kɔkɔe si woaɖe ɖe aga lae nye esi: Nunɔlawo nakpɔ gome si adidi kilometa wui eve kple afã le dzigbeme lɔƒo, akeke kilometa atɔ̃ le ɣetoɖoƒekpa dzi, eye wòakeke kilometa atɔ̃ le ɣedzeƒekpa dzi, eye eƒe didime le anyigbeme la nanɔ kilometa wui eve kple afã. Aƒetɔ ƒe kɔkɔeƒe la nanɔ teƒe sia titina.
11
Teƒe sia anye nunɔla siwo ŋuti wokɔ la tɔ. Woawoe nye Zadok vi siwo wɔa nye subɔsubɔdɔ la. Woawo metrɔ dzo le yonyeme abe Levi viwo ene esime Israel tra mɔ ʋu le yonyeme o.
12
Anye nunana tɔxɛ na wo tso adzɔ kɔkɔe si woɖe le anyigba la ŋuti la me. Anye teƒe si kɔ̀ ŋutɔŋutɔ, eye wòaɖe liƒo kple Levi viwo ƒe anyigba.
13
Levi viwo nexɔe ɖe nunɔlawo ƒe liƒo nu. Wo tɔ nedidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa atɔ̃. Didime la katã nanɔ kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa ewo.
14
Womadzra eƒe akpa aɖeke alo aɖɔlii o. Womana anyigba nyui tɔxɛ sia nage ɖe ame bubu aɖeke si me o. Elabe nu kɔkɔe wònye na Aƒetɔ.”
15
“Anyigba la ƒe akpa si susɔ, eye wòdidi kilometa wui eve kple afã hekeke kilometa eve kple afã la nanye dua haho ƒe anyigba. Woatso aƒewo ɖe edzi, eye wòanye lãnyiƒe. Woatso du la ɖe anyigba la titina.
16
Dua ƒe dzidzeme nayi ale: Eƒe dzigbeme nakeke kilometa eve kple meta alafa eve bla atɔ̃. Anyigbeme hã nakeke kilometa eve meta alafa eve bla atɔ̃; akeke le ɣedzeƒekpa dzi kilometa eve meta alafa eve bla atɔ̃, eye le ɣetoɖoƒekpa dzi hã la akeke kilometa akpe eve meta alafa eve bla atɔ̃.
17
Lãnyiƒe si keke la nanɔ dua ƒe dzigbeme. Nekeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃; anyigbeme tɔ hã nekeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃. Le ɣedzeƒe la, nekeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃, eye ɣetoɖoƒe tɔ hã nakeke meta alafa ɖeka bla eve vɔ atɔ̃.
18
Anyigba si susɔ, eye wòdo liƒo kple kɔkɔeƒea la ƒe didime lanɔ meta akpe atɔ̃ le ɣedzeƒe, eye wòle meta akpe atɔ̃ le ɣetoɖoƒe hã, eye wòamlɔ kɔkɔeƒe la ŋu. Eƒe nukuwo nanye nuɖuɖu na dua me dɔwɔlawo.
19
Dua me dɔwɔla siwo tso to vovovoawo me la, woawoe wòle be woade agble ɖe edzi.
20
Akpa blibo sia si miaɖe ɖe aga la ƒe dzidzeme nasɔ le akpa sia akpa. Dzidzeme la nanɔ kilometa wui eve kple afã le go ɖe sia ɖe dzi. Teƒe sia lanye teƒe kɔkɔe la, eye wòanye dukɔ la tɔ.”
21
“Teƒe si susɔ ɖe kɔkɔeƒe ƒe akpa eveawo, si le dukɔ la ƒe anyigba ŋu la, nanye amegã la tɔ. Nekeke ɖe enu tso anyigba kɔkɔe la gbɔ kilometa wui eve kple afã ava ɖo ɣedzeƒeliƒo dzi, eye wòakeke kilometa wui eve kple afã ava ɖo ɣetoɖoƒeliƒo dzi. Amlɔ toawo ƒe anyigba xa. Anye amegã la ƒe anyigba. Memama kɔkɔe la si ƒe titina gbedoxɔa ƒe kɔkɔeƒe la le
22
kple Levi viwo ƒe nunɔamesi kpakple dua ƒe nunɔamesi, nanɔ nu si nye amegã la tɔ la titina. Amegã la ƒe anyigba namlɔ Yuda kple Benyamin ƒe anyigbawo dome.”
23
“Le to bubuawo gome, tso ɣedzeƒe va yi ɣetoɖoƒe, Benyamin naxɔ mama ɖeka.
24
Mama ɖeka natso Benyamin ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe. Esia nanye Simeon tɔ.
25
Mama ɖeka natso Simeon ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va ɖo ɣetoɖoƒe. Esia nanye Isaxar tɔ.
26
Mama ɖeka natso Isaxar ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va se ɖe ɣetoɖoƒe. Esia nanye Zebulon tɔ.
27
Mama ɖeka natso Zebulon ƒe liƒo nu le ɣedzeƒe va ɖo ɣetoɖoƒe. Esia nanye Gad tɔ.
28
Le Gad tɔ nu le anyigbeme la, liƒo la natso Tamar ayi Meriba-Kades-tsi la nu. Atso afi ma ayi ɖe Egipte-tɔʋu la gbɔ ava tu Atsiaƒu Gã la.
29
Esia nye anyigba si ŋu miadzidze nu ɖo ahama abe domenyinu ene ɖe Israel ƒe toawo dome, eye esiawoe nye gome vovovo siwo woakpɔ.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
30
“Esiawoe nye agbo siwo me woato ado go le dua me: Le dzigbeme la, gli la akeke meta akpe eve alafa eve bla atɔ̃.
31
Agbo etɔ̃ anɔ eŋu: Ruben ƒe agbo, Yuda ƒe agbo kple Levi ƒe agbo. Woatsɔ Israel-toawo ŋkɔwo na agboawo.
32
Le ɣedzeƒekpa dzi la, glia adidi meta akpe eve alafa eve bla atɔ̃. Agbo etɔ̃ anɔ anyi: Yosef ƒe agbo, Benyamin ƒe agbo kple Dan ƒe agbo.
33
Le anyigbeme la, gli si ƒe dzidzeme anye meta akpe eve alafa eve bla atɔ̃ la, agbo etɔ̃ anɔ anyi: Simeon ƒe agbo, Isaxar ƒe agbo kple Zebulon ƒe agbo.
34
Le ɣetoɖoƒekpa dzi la, glia ƒe dzidzeme nanye meta akpe eve alafa eve bla atɔ̃. Agbo etɔ̃ anɔ anyi: Gad ƒe agbo, Aser ƒe agbo kple Naftali ƒe agbo.
35
Dua ƒe lolome katã ƒo xlã adidi meta akpe asieke. Woatsɔ ŋkɔ na dua tso ɣe ma ɣi dzi be: Aƒetɔ le afi ma.”
← Chapter 47
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48