bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 5
Ezekiel 5
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 6 →
1
“Wò amegbetɔ vi, tsɔ yi ɖaɖɛ aɖe. Wɔ eŋudɔ abe takola ƒe talũhɛ ene. Tsɔe lũ wò ta kple ge. Ekema tsɔ nudanu, eye nàma ɖa la me.
2
Tɔ dzo akpa etɔ̃liawo ƒe ɖeka le dua titina, ne tòɖeɖe ɖe dua ƒe ŋkekewo wu enu. Tsɔ yi nàfli akpa etɔ̃liawo ƒe ɖeka bubu ƒo xlã du la godoo. Hlẽ akpa etɔ̃lia mamlɛtɔ ɖe ya me, eye maɖe yi le aku me ɖe wo yome.
3
Ɖe sue aɖe le eŋu nàsa ɖe wò awu to.
4
Gaɖe sue aɖe le esia hã ŋu nàde dzo me ne wòafiã; esia mee dzo atso adze Israel-dukɔ blibo la dzi.
5
Aƒetɔ Mawu be: Yerusalem nye esia; metsɔe da ɖe dukɔwo titina, anyigbawo ƒo xlãe godoo.
6
Yerusalem dze aglã ɖe nye sewo ŋu wòvɔ̃ɖi wu dukɔwo. Etsi tre ɖe nye ɖoɖowo ŋu wu anyigba siwo ƒo xlãe. Egbe nye sewo, eye mezɔ ɖe nye ɖoɖowo nu o.
7
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Elabe mievlo wu dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo, eye miegbe zɔzɔ ɖe nye ɖoɖowo nu, eye miegbe nye sewo dzi wɔwɔ. Ke miewɔ dukɔ siwo ƒo xlã mi godoo la ƒe sewo dzi.
8
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, nye, nye ŋutɔ gɔ̃ hã metsi tre ɖe mia ŋu. Madrɔ̃ ʋɔnu le mia dome le dukɔwo ŋkume.
9
Le wò ŋunyɔnuwo katã ta la, mawɔ numawɔkpɔ ɖe ŋuwò, esi tɔgbe nyemagawɔ akpɔ o.
10
Eya ta vi tɔ́wo aɖu wo viŋutsuwo le mewò, eye viŋutsuwo aɖu wo tɔ́wo. Madrɔ̃ ʋɔnu wò, eye makaka mia dometɔ siwo tsi agbe la ahlẽ ɖe ya nu.
11
Eya ta Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, malã wò aƒu anyi godoo elabe ègblẽ kɔ ɖo na nye kɔkɔeƒe la kple wò nugbegblẽwo katã kpakple wò ŋunyɔnuwo katã. Nye ŋku mato esia dzi o, eye nyemakpɔ nublanui o.
12
Dɔ vɔ̃ awu wò akpa etɔ̃liawo ƒe ɖeka, eye dɔwuame atsrɔ̃ wo le mia dome. Akpa etɔ̃lia bubu atsi yi nu le ame siwo ƒo xlã wò godoo la si me. Makaka akpa etɔ̃lia mamlɛtɔ ahlẽ ɖe ya nu, eye maɖe yi le aku me ɖe wo yome.”
13
Ale mawɔ nye dziku ŋudɔe nye esi: “Maɖe nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu, eye nye dzi afa. Ne woanyae be nye Aƒetɔ ye ƒo nu le nye ŋuʋaʋã me, eye meɖe nye dɔmedzoe ɖe wo ŋu.
14
Gawu la, mana nàzu aƒedo, eye woaka mo na wò le dukɔ siwo ƒo xlã wò godoo la dome kple ame siwo ato ŋuwò ayi la ŋkume.
15
Àzu mokakanɔŋutɔ, vlodonu, nyagbenamenu kple ŋɔdzinu na dukɔ siwo ƒo xlã wò godoo, nenye be meɖo kodzo kpli wò le dɔmedzoe kple dziku me, eye metsɔ dziku he to na wò. Nye Aƒetɔ lae gblɔe.
16
Ne meda nye aŋutrɔ vɔ̃ɖi siwo nye dɔwuame la ɖe dowòme, aŋutrɔ siwo atsrɔ̃ nu, esiwo maɖo ɖa be woatsrɔ̃ wò esime mana dɔwuame nu nagasẽ ɖe edzi eye maŋe wò abolo ƒe ziɔɖeŋu la.
17
Maɖo dɔwuame kple lã wɔadãwo ɖe mi, eye woatsrɔ̃ mia viwo. Dɔ vɔ̃ kple ʋukɔkɔɖi ato dowòme ayi. Maɖe yi ɖe dziwò. Nye Aƒetɔ lae gblɔe.”
← Chapter 4
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 6 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48