bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 42
Ezekiel 42
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 43 →
1
Tete wòkplɔm yi ɖe xɔxɔnu si le ememe si le dzigbeme lɔƒo la, eye wòkplɔm yi ɖe xɔ siwo dze ŋgɔ gbedoxɔ la ƒe gbadzaƒe esi dze ŋgɔ xɔ si le dzigbeme la, gbɔ.
2
Xɔ si nɔ dzigbeme la ƒe didime nɔ meta bla atɔ̃, eye wòkeke meta bla eve vɔ atɔ̃.
3
Etsyĩa ɖe xɔxɔnu si nye meta ewo la nu, hedze ŋgɔ teƒe si woɖo kpe ɖe anyigba le xɔxɔnu si le gota gome la; sɔtiwo ƒe akpata dze ŋgɔ wo nɔewo le dzisasrã etɔ̃ me.
4
Teƒe aɖe le xɔviawo nu ɖo ta xɔxɔnu si le eme la gbɔ. Ekeke meta atɔ̃, eye wòdidi meta bla atɔ̃. Woƒe ʋɔtruwo ɖo ta dzigbeme lɔƒo.
5
Azɔ la, xɔvi siwo le etame la, mekeke abe esiwo le ete kple dome la ene o. Elabe dzisasrãwo xɔ nɔƒe le wo si.
6
Elabe tuɖedzi etɔ̃ wonye, eye sɔtiwo menɔ wo ŋu abe ale si wonɔ xɔxɔnu siwo nɔ gota la ŋu la ene o. Eya ta xɔvi siwo le etame la, mekeke abe esiwo le ete kple dome la ene o.
7
Gli si dze ŋgɔ xɔviawo le gota gome heɖo ta xɔxɔnu si le kɔtotɔ gbɔ la, didi meta bla eve vɔ atɔ̃.
8
Elabe xɔvi siwo le xɔxɔnua ƒe gota gome la didi meta bla eve vɔ atɔ̃. Ke esiwo dze ŋgɔ gbedoxɔa la, didi meta bla atɔ̃.
9
Mɔnu le xɔviawo ŋu le egɔme le ɣedzeƒe gome nenye be ame aɖe di be yeage ɖe eme tso xɔxɔnu si le kɔto lɔƒo,
10
afi si xɔxɔnu la ƒe gliwo dze egɔme tsoe. Xɔviwo le anyigbeme gome hã. Wodze ŋgɔ gbadzaƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo kple xɔ la.
11
Toƒe le wo ŋgɔ, eye woɖi xɔvi siwo le dzigbeme lɔƒo la. Woƒe didime kple kekeme sɔ, woƒe mɔnuwo kple ʋɔtruwo hã sɔ pɛpɛpɛ.
12
Le xɔvi siwo le anyigbeme gome la, ʋɔtru aɖe le ɣedzeƒe lɔƒo. Afi mae ame ato age ɖe teƒe la, eye gli si ma wo me la dze ŋgɔ wo.
13
Tete wògblɔ nam be: “Xɔvi siwo le dzigbeme kple anyigbeme, siwo dze ŋgɔ teƒe si ŋu wotɔ kpɔ ɖo la nye xɔvi kɔkɔewo. Afi siae nunɔla siwo tena ɖe Aƒetɔ ŋu la, aɖu vɔsanu kɔkɔeawo le. Afi mae woada vɔsanu kɔkɔeawo ɖo: nuɖuɖuvɔsa, nuvɔ̃vɔsa kple fɔɖiɖivɔsa ɖo. Elabe teƒe kɔkɔe ye.
14
Nenye be nunɔlawo ge ɖe teƒe kɔkɔea la, womado go kple awu siwo wotsɔ subɔ le kɔkɔeƒe la, ayi ɖe xɔxɔnu si le kɔto la o. Elabe nu kɔkɔewo wonye. Woaɖɔli awu bubuwo ado hafi ado go age ɖe afi si nye dukɔmetɔwo tɔ.”
15
Azɔ esi wòdzidze gbedoxɔ la me vɔ la, ekplɔm do goe to agbo si le ɣedzeƒe gome la nu, eye wòdzidze gbedoxɔ la ƒe nɔƒe godoo va kpe.
16
Edzidze ɣedzeƒe gome kple nudzidzeti la; enɔ meta alafa eve bla atɔ̃.
17
Tete wòtrɔ hedzidze dzigbeme lɔƒo kple nudzidzeti la, wònɔ meta alafa eve bla atɔ̃.
18
Etrɔ ɖe anyigbeme hedzidzee kple nudzidzeti la, ele meta alafa eve bla atɔ̃.
19
Eyome la, etrɔ ɖe ɣetoɖoƒe gome, dzidzee kple nudzidzeti la, enɔ meta alafa eve bla atɔ̃.
20
Edzidze akpa eneawo. Gli ƒo xlãe; glia didi meta alafa eve bla atɔ̃ hekeke meta alafa eve bla atɔ̃. Wowɔe be nu siwo le kɔkɔe la ma ɖa tso esiwo mekɔ o la, gbɔ.
← Chapter 41
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 43 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48