bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 9
Ezekiel 9
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 10 →
1
Tete wodo ɣli sesĩe ɖe to me nam be: “Mi ame siwo le to he ge na du la, mite va. Ame sia ame nelé eƒe amewunu ɖe asi.”
2
Kpɔ ɖa, ŋutsu ade tso agbo si le dzime si dze ŋgɔ dzigbeme lɔƒo va; ame sia ame kple eƒe aʋawɔnu si wòtsɔ le ame wu gee la, le eya ŋutɔ si, eye ŋutsu aɖe si do aklalawu la le wo ŋuti. Elé kpe si dzi woaŋlɔ nu ɖo la ɖe axa me. Woyi ɖatɔ ɖe akɔblivɔsamlekpui la gbɔ.
3
Azɔ Israel ƒe Mawu ƒe ŋutikɔkɔe ho tso kerubiwo dzi afi si wònɔ tsã la heyi ɖe xɔ la ƒe kpui nu. Eyɔ ŋutsu si do aklalawu, eye nuŋlɔkpe le eƒe aklito la.
4
Aƒetɔ gblɔ nɛ be: “Yi ɖatsa le Yerusalem-du la me, eye nàde dzesi ame siwo katã fa konyi, eye wole ŋeŋem le ŋunyɔnu siwo katã wole wɔwɔm le eme la ta.”
5
Egblɔ na ame mamlɛawo mese be: “Mikplɔe ɖo miatsa le du la me, mixlã nu ɖe amewo, miaƒe ŋkumegada ame aɖeke ƒu o, eye migakpɔ nublanui o.
6
Miwu ame tsitsiwo enumake, ɖekakpuiwo kple ɖetugbiwo, ɖevi suewo kple nyɔnuwo. Ke migaka asi ame siwo ƒe ŋgonu dzesi le la ŋu o. Midze egɔme tso nye kɔkɔeƒe la.” Ale wodze egɔme tso ame tsitsi siwo le aƒea me mɔnu la dzi.
7
Tete wògblɔ na wo be: “Migblẽ kɔ ɖo na aƒe la, mitrɔ ame kukuawo kɔ ɖe xɔxɔnuawo keŋkeŋ. Miho ɖe edzi miayi.” Ale woyi ɖawu amewo le dua me.
8
Esi wole ameawo wum la, nye ɖeka metsi anyi. Metsyɔ mo anyi, fa avi, do ɣli gblɔ be: “Ao, Aƒetɔ Mawu! Ɖe nàtsrɔ̃ Israel ƒe ame mamlɛawo katã le wò dɔmedzoe si nètrɔ kɔ ɖe Yerusalem dzi la taa?”
9
Tete wòɖo eŋu nam be: “Israel-dukɔ kple Yuda-to ƒe fɔɖiɖi sɔ gbɔ akpa. Anyigba la yɔ fũu kple nu madzɔmadzɔ wɔwɔ; elabe wole gbɔgblɔm be: ‘Aƒetɔ gblẽ anyigba la ɖi, eye Aƒetɔ mele nu kpɔm o.’
10
Nye ya, nyemaŋe aɖaba aƒu edzi, alo akpɔ nublanui o; ke maɖo eteƒe na wo ɖe woƒe nuwɔnawo nu.”
11
Kpɔ ɖa, ŋutsu si do aklalawu, eye nuŋlɔkpe le aklito nɛ la trɔ gbɔ va gblɔ be: “Mewɔ abe ale si nèɖe gbe nam la ene.”
← Chapter 8
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 10 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48