bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 40
Ezekiel 40
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 41 →
1
Le míaƒe aboyomenɔnɔ ƒe ƒè bla eve vɔ atɔ̃lia ƒe gɔmedzedze, le ɣletia ƒe ŋkeke ewoa gbe la, gbe ma gbe tututue Aƒetɔ da asi ɖe dzinye. Nya sia dzɔ le dua sisi ƒe ƒè wui enelia me.
2
Ekplɔm le ŋutega siwo Mawu ɖe fiam la me va Israel-nyigba dzi, eye wòtsɔm da ɖe to kɔkɔ aɖe tame. Nane si ƒe dzedzeme le abe du aɖe ene la nɔ ŋgɔnye le to sia dzi.
3
Esi wòkplɔm va teƒe ma la, kpɔ ɖa, ŋutsu aɖe, si ƒe nɔnɔme ɖi akɔbli la, nɔ afi ma. Elé ka si wogbi kple anazi la ɖe asi, hekpe ɖe nudzidzeti ŋu hetɔ ɖe agboa nu.
4
Ŋutsu la gblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, kpɔ nu kple wò ŋku, se nu kple wò to, eye nalé nu siwo katã mafia wò la, ɖe susu me. Elabe ɖe wokplɔ wò va afi siae, be maɖe wo afia wò. Ɖe gbeƒã nu siwo katã nèkpɔ la, na Israel-dukɔ la.”
5
Kpɔ ɖa, gli ƒo xlã gbedoxɔ blibo la godoo va kpe, eye nudzidzeti, si nɔ ŋutsua si me la, didi meta etɔ̃. Etsɔe dzidze gli la ƒe titrime si nɔ nudzidzeti meta etɔ̃, eye eƒe kɔkɔme hã nɔ meta etɔ̃.
6
Tete wòge ɖe agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la me. Elia eƒe atrakpuiwo, eye wòdzidze agbo la ƒe mɔnu si de eme meta etɔ̃.
7
Xɔvi siwo nɔ agboa ƒe axawo dzi la didi meta etɔ̃, eye wòkeke meta etɔ̃. Teƒe si nɔ xɔviawo dome la keke meta eve kple afã, eye agbo si le eme le akpata ƒe mɔnu keke meta etɔ̃.
8
Tete wòdzidze agbo la ƒe akpata si le eme lɔƒo; ede meta ene.
9
Eƒe gli si le dome nɛ le meta ɖeka, eye akpata si le eŋu la, le eme lɔƒo.
10
Xɔvi etɔ̃ nɔ ɣedzeƒegbo la ƒe akpa eveawo, ɖe sia ɖe ƒe lolome sɔ, eye gli si ma wo dome le akpa sia akpa la ƒe titrime le ɖeka.
11
Tete wòdzidze agbo la ƒe mɔnu. Ekeke meta atɔ̃, eye agboa ŋutɔ keke meta ade kple afã.
12
Adzrala xe xɔviawo ƒe mɔwo nu. Wokeke meta afã le akpa sia akpa. Xɔvi ɖe sia ɖe ƒe didime le meta etɔ̃, eye eƒe kekeme hã le meta etɔ̃.
13
Tete wòdzidze xɔviawo ƒe agbo tso ɖeka megbe va se ɖe evelia megbe, eye woƒe kekeme tso ʋɔtru nu va ɖo ʋɔtru nu nye meta wui eve kple afã.
14
Edzidze akpata la, enɔ meta ewo, eye akpata ƒo xlã xɔxɔnu la.
15
Tso agboa ƒe mɔnu le xexe va se ɖe akpata emetɔ la ƒe agbo ƒe nuwuwu le meta bla eve vɔ atɔ̃.
16
Fesrewo ƒo xlã agboawo va kpe. Wonɔ miamiam ɖo ta domegliawo kple xɔ siwo le axawo dzi la gbɔ, eye fesrewo ƒo xlã akpata la hã kpe ɖo. Wota detiwo ɖe domegliawo ŋu.
17
Eyome wòkplɔm yi ɖe xɔxɔnu si le egodo la me. Kpɔ ɖa, xɔviwo le xɔxɔnu la, eye woɖo kpewo ƒo xlã anyigba. Xɔvi bla etɔ̃ dze ŋgɔ kpe siwo woɖo ƒo xlã anyigba la.
18
Woɖo kpewo ɖe agbo la ƒe axawo dzi ɖe eƒe didime nu. Esia nye kpenyigba si le anyigbeme.
19
Eyome wòdzidze kekeme si nɔ agbo si le anyigbeme ƒe eme lɔƒo va se ɖe xɔxɔnu si le egodo la nu le gota la dome wònɔ meta bla atɔ̃. Tete wòdzo le gbɔnye yi dzigbeme lɔƒo,
20
eye kpɔ ɖa, agbo aɖe li si dze ŋgɔ dzigbeme, eye wòle xɔxɔnu si le egodo la ŋu. Edzidze eƒe didime kple kekeme.
21
Xɔvi etɔ̃etɔ̃ le eƒe axawo kple eve dzi. Domegliawo kple akpata la ƒe dzidzeme sɔ kple agbo gbãtɔ tɔ. Wodidi meta bla eve vɔ atɔ̃ hekeke meta wui eve kple afã.
22
Eƒe fesrewo, eƒe akpata kple detiwo ƒe lolome sɔ kple agbo si le ɣedzeƒe gome la tɔ. Atrakpui adrẽ woflɔna dea edzi, eye eƒe akpata le eme lɔƒo.
23
Agbo aɖe dze ŋgɔ agbo si le dzigbeme la hege ɖe xɔxɔnu emetɔ la me abe ale si wònɔ le ɣedzeƒegbo la gome ene. Edzidze agbo nu yi agbo nu wònɔ meta bla atɔ̃.
24
Tete wòkplɔm ɖo ta anyigbeme, eye kpɔ ɖa, agbo aɖe le anyigbeme. Wodzidze eƒe domegliawo kple akpata la hã. Abe bubuawo ene la, dzidzeme ɖeka li na wo.
25
Fesrewo ƒo xlã eya kple eƒe akpata la abe bubuawo ƒe fesrewo ene. Edidi meta bla eve vɔ atɔ̃, eye wòkeke meta wui eve kple afã.
26
Atrakpui adrẽ woflɔna dea edzi, eye eƒe akpata le eme lɔƒo. Wota detiwo ɖe eƒe domegliawo ƒe akpa eveawo; deti ɖeka ɖe akpa sia akpa.
27
Le xɔxɔnu emetɔ ƒe anyigbeme la, agbo aɖe li. Edzidze tso agbo nu yi agbo nu ɖo ta anyigbeme, eye dzidzemea le meta bla atɔ̃.
28
Tete wòkplɔm yi xɔxɔnu ememetɔ la me to anyigbemegbo la nu. Edzidze anyigbemegbo la; eƒe dzidzeme sɔ kple bubuawo tɔ.
29
Eƒe xɔviwo, domegliawo kple akpata la ƒe dzidzeme le abe bubuawo tɔ ene. Fesrewo ƒo xlãe kpe ɖe eƒe akpata ŋuti. Eƒe didime nye meta bla eve vɔ atɔ̃, eye eƒe kekeme nye meta wui eve kple afã.
30
Akpatawo ƒo xlãe godoo va kpe. Wodidi meta wui eve kple afã hekeke meta eve kple afã.
31
Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu si le kɔto la. Detiwo le eƒe domegliawo ŋu, eye eƒe atrakpuiwo le enyi.
32
Ekplɔm yi ɖe xɔxɔnu si le ememe le ɣedzeƒekpa dzi, eye wòdzidze agbo la. Eƒe dzidzeme le abe bubuawo tɔ ene.
33
Eƒe xɔviwo, domegliawo kple akpata la ƒe dzidzeme le abe bubuawo tɔ ene. Fesrewo ƒo xlãe kpe ɖe eƒe akpata la ŋuti. Eƒe didime nye meta bla eve vɔ atɔ̃, eye eƒe kekeme le meta wui eve kple afã.
34
Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu si le kɔto la. Detiwo le eƒe domegliawo ƒe akpa eve; deti ɖeka le akpa ɖeka, atrakpui enyi le eŋu.
35
Ekplɔm va dzigbemegbo la nu, eye wòdzidze agbo la. Eƒe dzidzeme sɔ kple bubuawo tɔ.
36
Eƒe xɔviwo, domegliawo kple akpata la ƒe dzidzeme le abe bubuawo tɔ ene. Eƒe fesrewo ƒo xlãe godoo va kpe. Eƒe didime le meta bla eve vɔ atɔ̃, eye eƒe kekeme nye meta wui eve kple afã.
37
Eƒe akpata dze ŋgɔ xɔxɔnu kɔtoe tɔ, eye detiwo le domegliawo ƒe akpa eve. Deti ɖeka le akpa ɖeka, atrakpui enyi le eŋu.
38
Xɔvi aɖe li si ƒe ʋɔtru le agbo la ƒe akpata me. Afi mae wokpalaa numemevɔsalãwo le.
39
Le agbo la ƒe akpata me la, kplɔ̃ eveve le akpawo kple eve nɛ. Woawo dzie wowua numemevɔsalã, nuvɔ̃vɔsalã kple fɔɖiɖivɔsalãwo le.
40
Le akpata la ƒe gota gome le dzigbemegbo la nu la, kplɔ̃ eve le afi ma hã.
41
Le ememe gome la, kplɔ̃ ene le agbo la me, eye kplɔ̃ ene le gota gome. Kplɔ̃ enyi li na vɔsalãwo wuwu.
42
Wotsɔ kpe siwo wofú la wɔ kplɔ̃ ene hena numemevɔsawo. Woƒe kekeme kple didime le sentimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃, eye wokɔ sentimeta bla atɔ̃. Woawo dzie wotsɔa hɛ siwo wotsɔna wua vɔsalãwo la dana ɖo.
43
Woɖo ga gɔdɔ̃ewo, asi ƒe kekeme ɖeka, ɖe kplɔ̃awo to, wobi ɖo ɖe eme. Nu siawo keke milimeta bla adrẽ vɔ atɔ̃. Kplɔ̃ siawo dzie woada vɔsalãwo ɖo.
44
Tete wòkplɔm tso gota ge ɖe xɔxɔnu emetɔ la me, eye kpɔ ɖa, xɔvi eve le xɔxɔnu emetɔ la me. Ɖeka le dzigbemegbo la xa dze ŋgɔ anyigbeme, eye evelia le anyigbemegbo la xa dze ŋgɔ dzigbeme.
45
Egblɔ nam be: Xɔvi si dze ŋgɔ anyigbeme la nye nunɔla siwo kpɔa gbedoxɔ la dzi la tɔ,
46
eye xɔvi si dze ŋgɔ dzigbeme la nye nunɔla siwo kpɔa vɔsamlekpui la dzi la tɔ. Ame siawoe nye Zadok viwo, woawo koe kpɔ mɔ le Levi viwo dome be woate ɖe Aƒetɔ ŋu awɔ eƒe subɔsubɔ.
47
Edzidze xɔxɔnu la, edidi meta bla atɔ̃, hekeke meta bla atɔ̃. Ele dzogoe ene me, eye vɔsamlekpui la dze ŋgɔ gbedoxɔ la.
48
Eyome ekplɔm va gbedoxɔ la ƒe akpata me, eye wòdzidze akpata la ƒe domegliawo, eƒe akpa eveawo ɖe sia ɖe le meta eve kple afã. Agboa keke meta adrẽ, eye agboa ƒe axadzigliwo tri meta ɖeka kple afã le akpa eveawo.
49
Akpata la didi meta ewo, eye wòkeke meta ade. Atrakpui ewo le eŋu woflɔna dea edzi. Sɔtiwo le domegliawo ŋu le woƒe akpawo kple eve dzi.
← Chapter 39
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 41 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48