bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 18
Ezekiel 18
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 19 →
1
Aƒetɔ ƒe nya gava nam be:
2
“Nu ka tae miedoa lo sia kokoko le Israel-nyigba dzi be: ‘Vi tɔ́wo ɖu waintsetse siwo tea atse la, eye aɖu nyɔ wo viwo’?
3
Aƒetɔ Mawu be: Zi ale si mele agbe la, miegale lo sia do ge le Israel akpɔ o.
4
Kpɔ ɖa, tɔnyee nye luʋɔ ɖe sia ɖe; vi tɔ́ kple via ŋutsu siaa ƒe luʋɔ nye tɔnye. Luʋɔ si wɔ nuvɔ̃ la, eyae aku.”
5
“Ne ame aɖe nye nu dzɔdzɔe wɔla, eye wòwɔa se dzi hewɔa nu dzɔdzɔe,
6
ne meɖua nu le towo dzi alo subɔa Israelviwo ƒe legbawo o; ne media ame srɔ̃ alo dɔna kple nyɔnu si kpɔ dzinu la o;
7
ne metea ame ɖe to o, ke etrɔa nu si wòxɔ awɔbae la ɖoa eteƒe ɖe ɣeyiɣi dzi; ne medaa adzo o, ne enaa nu dɔwuitɔ wòɖuna, eye ne ame aɖe le amama la, wònaa avɔe wòtana;
8
ne medoa ga be wòaɖe vi na ye alo xɔa deme o; ne wòtea asi ɖa tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ; ne wòtsoa afia na ame kple ehavi ɖe eteƒe,
9
zɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye seawo dzi la, ame sia nye nu dzɔdzɔe wɔla, anɔ agbe godoo.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
10
“Ne edzi vi si nye adzodala kple ʋukɔɖila,
11
ame si mewɔa dɔdeasi siawo ƒe ɖeke o, ke boŋ wòɖua nu le towo dzi, dea asi ehavi srɔ̃ ŋu,
12
tea ame dahewo kple hiãtɔwo ɖe anyi, daa adzo, eye wòxɔa awɔbanu metrɔnɛ ɖoa eteƒe o, ne esubɔa legbawo, eye wòwɔa ŋunyɔnuwo,
13
ne edoa ga be yeakpɔ viɖe, eye wòxɔa deme la; ekema ɖe eyama anɔ agbea? Manɔ agbe o. Ame awɔ ŋunyɔnu siawo katã gbegbe anɔ agbea? Aku godoo. Eƒe ʋu anɔ eya ŋutɔ ƒe ta dzi.”
14
“Ke ne ame sia dzi vi si kpɔ nuvɔ̃ siwo katã tɔ́a wɔ, wodzi ŋɔ nɛ, eye metsɔ tɔ́a ƒe afɔ o,
15
ame si meɖua nu le towo dzi loo, alo subɔa Israelviwo ƒe legbawo o; medea asi ehavi srɔ̃ ŋu o,
16
media ge le ame aɖeke ŋu o, mexɔa awɔbanu o, medaa adzo o, ke wònaa nuɖuɖu dɔwuitɔwo, eye wòtsyɔa avɔ na ame siwo tsi ama;
17
etea asi ɖa tso nuvɔ̃ɖi wɔwɔ gbɔ, medoa ga be yeakpɔ viɖe alo axɔ deme o; ezɔna ɖe nye ɖoɖowo nu, eye wòwɔa nye sewo dzi la, eyama maku ɖe tɔ́a ƒe nuvɔ̃ ta o; anɔ agbe godoo.
18
Ke le tɔ́a gome la, le esi wòbaa ame, daa adzo nɔvia, eye wòwɔa nu vlowo le dukɔa me ta la, kpɔ ɖa, aku le eƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta godoo.”
19
“Gake miawo ya miebe: ‘Nu ka tae vi makpe fu ɖe tɔ́a ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta o?’ Ne ɖevia wɔ nu si le dzɔdzɔe ɖe se nu, eye wòlé eɖokui helé nye ɖoɖowo me ɖe asi la, anɔ agbe godoo.
20
Luʋɔ si wɔa nuvɔ̃ la, eyae aku. Vi makpe fu ɖe tɔ́a ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta loo, alo tɔ́a hã nakpe fu ɖe via ƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ ta o. Nu dzɔdzɔe wɔla ƒe nu dzɔdzɔe wɔwɔe wòadro ɖe ta, eye ame vɔ̃ɖi ƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye anye eya ŋutɔ ƒe agba.”
21
“Ke ne ame vɔ̃ɖi aɖe trɔ, eye megawɔa nuvɔ̃ siwo katã wòwɔna la o, eye wòlé nye ɖoɖowo katã me ɖe asi hewɔ nu si le dzɔdzɔe ɖe se nu la, anɔ agbe, maku o.
22
Womagaɖo ŋku se siwo katã dzi wòda va yi la dzi nɛ o. Anɔ agbe le nu dzɔdzɔe si wòwɔ la ta.
23
Aƒetɔ Mawu be: ‘Ɖe ame vɔ̃ɖi ƒe ku doa dzidzɔ nama? Ɖe nyemadi be netrɔ dzime ne wòatsi agbe boŋ oa?’
24
Gake ne nu dzɔdzɔe wɔla dzudzɔ nu dzɔdzɔe wɔwɔ, eye wòwɔ nuvɔ̃ɖi, eye wòwɔa ŋunyɔnu mawo ƒomevi ke ame vɔ̃ɖi wɔna la, ɖe wòanɔ agbea? Womagaɖo ŋku nu dzɔdzɔe siwo katã wòwɔ va yi la ƒe ɖeke dzi o. Elabe esi wòwɔ alakpanu, ɖi fɔ, hewɔ nuvɔ̃ ta la, ɖeko wòaku.”
25
“Ke miawo miebe: ‘Aƒetɔ la ƒe mɔwo mele dzɔdzɔe kura o.’ Israel-dukɔ, azɔ misee ɖa: Nyee le nu madzɔmadzɔ wɔm loo, alo miawo boŋ ye le nu madzɔmadzɔ wɔm?
26
Ne nu dzɔdzɔe wɔla trɔ le nu dzɔdzɔe wɔwɔ gbɔ hewɔ nuvɔ̃ɖi la, aku ɖe eta. Nu vɔ̃ɖi si wòwɔ la tae wòaku ɖo.
27
Hekpe ɖe esia ŋu la, ne ame vɔ̃ɖi aɖe dzudzɔ eƒe vɔɖivɔ̃ɖinyenye, eye wòwɔa nu dzɔdzɔe si le se nu la, atsi agbe.
28
Elabe esi wòbu tame, eye megadaa se dzi o ta la, atsi agbe godoo, maku akpɔ o.
29
Ke Israel-dukɔ la be: ‘Aƒetɔ la ƒe nuwɔnawo mele eteƒe o.’ Ao, Israel-dukɔ! Nyee le nu madzɔmadzɔ wɔm loo, alo miawo boŋ ye le nu madzɔmadzɔ wɔma?”
30
Eya ta, Aƒetɔ Mawu be: “Israelviwo, madrɔ̃ ʋɔnu mia dome ame sia ame pɛpɛpɛ ɖe eƒe nuwɔnawo nu. Mitrɔ tso miaƒe dzidadawo katã gbɔ, ne miaƒe nuvɔ̃ɖi wɔwɔ magatsrɔ̃ mi o.
31
Miɖe asi le se siwo katã dzi mieda le mia dome ɖe ŋunye la ŋu. Miwɔ miaƒe dziwo yeyee, eye gbɔgbɔ yeye nege ɖe mia me. O Israel-dukɔ, nu ka ta koŋ miadi be yewoaku ɖo?
32
Elabe Aƒetɔ Mawu be: Amegbetɔ aɖeke ƒe ku medzɔa dzi nam o. Eya ta mitrɔ azɔli ne miatsi agbe.”
← Chapter 17
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 19 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48