bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 45
Ezekiel 45
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 44
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 46 →
1
“Ne miema anyigba la na mia ɖokui la, miɖe akpa aɖe ɖe aga le anyigba la ŋu, teƒe ma katã nanye nu kɔkɔe na Aƒetɔ. Eƒe didime nanye kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa ewo. Teƒe ma katã nanye teƒe kɔkɔe.
2
Woaɖe teƒe si sɔ le akpa eneawo katã la da ɖi na kɔkɔeƒe la. Nedidi, eye wòakeke meta alafa eve bla atɔ̃. Woatso teƒe ɖi aƒo xlãe godoo esi akeke meta bla eve vɔ atɔ̃.
3
Le teƒe kɔkɔe sia la, woadzidze teƒe si adidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa atɔ̃ hena kɔkɔeƒewo ƒe kɔkɔeƒe la tutu.
4
Eya lanye anyigba la ƒe kɔkɔeƒe. Anye nunɔla siwo subɔna le kɔkɔeƒe la, eye wotena ɖe Aƒetɔ ŋu be yewoasubɔe la tɔ. Afi mae woatso woƒe aƒewo kple kɔkɔeƒe la ɖo.
5
Teƒe bubu si adidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa atɔ̃ la, nanye Levi vi siwo subɔna le gbedoxɔ la me la tɔ. Woatso duwo ɖe edzi anɔ wo me.”
6
“Woaka anyigba ɖe teƒe kɔkɔe la xa na Israel-dukɔ blibo la be woatso du ɖe edzi. Nedidi kilometa wui eve kple afã, eye wòakeke kilometa eve kple afã.”
7
“Amegã la naxɔ anyigba ɖe kɔkɔeƒe la kple dukɔ la ƒe akpa eveawo le ɣetoɖoƒe kple ɣedzeƒe. Eƒe didime nesɔ kple toawo ƒe gomewo, eye wòazɔ tso ɣetoɖoƒe va yi ɣedzeƒe ƒe liƒo dzi.
8
Eyae anye eƒe anyigba le Israel, eye nye amegãwo magate nye dukɔ la ɖe to o. Ke woaɖe mɔ be anyigba la nanɔ Israel-dukɔ la si le woƒe towo nu.”
9
Aƒetɔ Mawu be: “O, Israel-megãwo, eva glo! Miɖe asi le ŋutasesẽ kple ameteteɖeto ŋu. Midrɔ̃ ʋɔnu dzɔdzɔe, eye miwɔ nuteƒe. Midzudzɔ nye dukɔmetɔwo nyanya de gbe.” Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
10
“Nudzidzenu kple nudanu siwo sɔ kple wo nɔewo la nanɔ mia si,
11
efa kple bat ɖe akpa ewo la ne wòanye bat ɖeka alo efa ɖeka. Xomer nanye dzidzenu si atso nya me ɣe sia ɣi.
12
Sekel ɖeka nanye gera bla eve, sekel atɔ̃ nanye sekel atɔ̃; sekel ewo nanye sekel ewo, eye miaƒe mina nanye sekel bla atɔ̃.”
13
“Miaƒe adzɔ si miana ayi ale: Woaɖe lu efa adeliawo ƒe ɖeka le xomer ɖe sia ɖe ŋu; ƒo hã nenema.
14
Le ami gome la, woaɖe bat ewoliawo ƒe ɖeka le kor ɖeka ŋu (kor sɔ kple xomer, eye exɔna bat ewo).
15
Woaɖe alẽ ɖeka le alẽha alafa eve ɖe sia ɖe ŋu, tso lãnyiƒe siwo da ama, le tsi ta, le Israel. Woatsɔ lã siawo awɔ nuɖuɖuvɔsa, numemevɔsa kple akpedadavɔsa atsɔ lé avui na wo. Aƒetɔ Mawu ye gblɔe.
16
Ele be dukɔ bliboa le anyigba la dzi nana adzɔ sia Israel-megã la.
17
Enye amegã la ƒe dɔdeasi be wòana woasa numemevɔ, nuɖuɖuvɔ kple nunonovɔ le ŋkekenyuiwo dzi le dzinu yeyewo kple dzudzɔgbewo dzi le Israel ƒe takpegbe siwo katã woɖo na wo la dzi. Eyae ana woasa nuvɔ̃vɔwo, nuɖuɖuvɔwo, numemevɔwo kple akpedadavɔwo atsɔ lé avui na Israel-dukɔ la.”
18
Aƒetɔ Mawu be: “Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke gbãtɔ dzi la, lé nyitsuvi ɖeka si de blibo nàtsɔ ɖe nuvɔ̃ ɖae le kɔkɔeƒe la ŋu.
19
Nunɔla la natsɔ nuvɔ̃vɔsalã la ƒe ʋu ƒe ɖe asisi ɖe gbedoxɔ la ƒe ʋɔtrutiwo, vɔsamlekpui la ƒe kɔwo ƒe dzogoe eneawo kple xɔxɔnu si le eme la ƒe ʋɔtrutiwo ŋu.
20
Woawɔ nenema ke le ɣleti la ƒe ŋkeke adrẽa gbe, le ame siwo ɖe ŋu ɖi alo wɔ nu le manyamanya me la ta, ale be mialé avu na gbedoxɔ la.”
21
“Le ɣleti gbãtɔ ƒe ŋkeke wui enelia dzi la, miaɖu Paska, eye woaɖu abolo si meʋã o la, ŋkeke adrẽ.
22
Gbe ma gbe la, ele be amegã la nana woatsɔ nyitsuvi ɖeka asa nuvɔ̃vɔe ɖe eya ŋutɔ kple dukɔ blibo la ta.
23
Le ŋkeke adrẽ siwo me wole ŋkekenyui la ɖum la, ele be wòana woatsɔ nyitsuvi adrẽ kple agbo adrẽ siwo le blibo la asa numemevɔ na Aƒetɔ. Awu ɖeka gbe sia gbe, eye woasa nuvɔ̃vɔ kple gbɔ̃tsu ɖeka gbe sia gbe.
24
Ele nɛ hã be wòatsɔ nuɖuɖuvɔsa bli efa ɖeka akpe ɖe nyitsuvi ɖeka ɖe sia ɖe ŋu, efa ɖeka na agbo ɖe sia ɖe, eye ami lita etɔ̃ nakpe ɖe bli la ŋu.
25
Le ɣleti adrẽlia ƒe ŋkeke wui atɔ̃a gbe la, woawɔ alea ke ŋkeke adrẽ sɔŋ hena ŋkekenyui la ɖuɖu. Nuvɔ̃vɔsa, numemevɔsa kple nuɖuɖuvɔsa kpakple amiawo nanɔ abe ekemɛawo ene.”
← Chapter 44
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 46 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48