bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 46
Ezekiel 46
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 47 →
1
Aƒetɔ Mawu be: “Woatu xɔxɔnu si le eme, si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la ƒe agbo le dɔwɔŋkeke adeawo dzi. Ke woaʋui le dzudzɔgbe kple dzinu yeye dzi.
2
Amegã la nato agbo la ƒe akpata nu le gota, eye wòage ɖe eme, ava tɔ ɖe agboa ƒe ʋɔtruti ŋu anɔ tsitre. Nunɔlawo nanɔ eƒe numemevɔsa kple akpedadavɔsa wɔm, eya nanɔ gbe dom ɖa le agboa ƒe agbalinu. Emegbe la, ele nɛ be wòado go adzo, ke womatu agbo la o, va se ɖe fiẽ.
3
Ele be dukɔ blibo la nado gbe ɖa le Aƒetɔ ŋkume le agbo sia nu le dzudzɔgbewo kple dzinu yeyewo dzi.
4
Numemevɔsa si amegã la nana woawɔ le dzudzɔgbe la dzi la nanye alẽvi ade siwo le blibo kple agbo ɖeka si le blibo,
5
eye bli efa ɖeka nakpe ɖe agbo la ƒe nuɖuɖuvɔsa la ŋu. Nuɖuɖuvɔsa ƒe bli si akpe ɖe alẽviawo ŋu la nanɔ eya ŋutɔ ƒe ŋutete nu. Hekpe ɖe esiawo ŋu la, ami lita etɔ̃ nakpe ɖe bli efa ɖeka ɖe sia ɖe ŋu.
6
Le dzinu yeye dzi la, ele nɛ be wòatsɔ nyitsuvi si le blibo la ana woasa vɔe akpe ɖe alẽvi ade kple agbo ɖeka siwo le blibo la ŋu.
7
Nuɖuɖuvɔsa efa ɖeka nakpe ɖe nyitsuvi la kple agbo la hã ŋu. Le alẽviawo gome la, newɔ eƒe ŋutete, ami lita etɔ̃ nakpe ɖe lã ɖe sia ɖe ƒe bli ŋu.
8
Ne amegã la be yeage ɖe eme la, neto agboa ƒe akpata nu yi ɖe eme; negato afi ma ke do go.”
9
“Ne dukɔ la va Aƒetɔ ŋkume le ŋkekenyuiwo dzi la, ame si to dzigbemegbo la nu ge ɖe eme be yeado gbe ɖa la, nato anyigbemegbo la nu ado, eye ame si to anyigbemegbo la nu ge ɖe eme la nato dzigbemegbo la nu ado. Ame aɖeke mekpɔ mɔ atrɔ do to agbo si nu wòto ge ɖe eme la o, ke boŋ ame sia ame nedze ŋgɔ tẽe ado.
10
Ne woge ɖe eme la, amegã la nage ɖe eme kpli wo, eye wòado go kpli wo nenye be wodo go.”
11
“Le ŋkekenyuiwo dzi kple azãɖugbewo la, nuɖuɖuvɔsa si kpe ɖe nyitsuvi la ŋu la nanye efa ɖeka. Nenema ke wòanɔ le agbo la hã gome, eye alẽviawo tɔ la, woawɔe le ame ƒe ŋutete nu hekpe ɖe ami lita etɔ̃ ŋu na bli efa ɖeka ɖe sia ɖe.
12
Nenye be amegã la ɖo be yeasa vɔ faa ko, eɖanye numemevɔsa loo, alo akpedadavɔsa kple lɔlɔ̃nu faa na Aƒetɔ la, woaʋu agbo si dze ŋgɔ ɣedzeƒe la nɛ, eye wòana woasa vɔ la nɛ abe ale si wòwɔnɛ le dzudzɔgbe lae ene. Emegbe la, ele nɛ be wòado go, eye ne edo go la, woatu agbo la.”
13
“Ele nɛ be wòana alẽvi si xɔ ƒe ɖeka, esi ŋu kpɔtsɔtsɔ mele o la, gbe sia gbe, be woatsɔ awɔ numemevɔsae na Aƒetɔ. Ele be wòanae ŋdi sia ŋdi.
14
Ele be wòatsɔ wɔ kilo eve kple ami lita ɖeka si woatsɔ ablu wɔ lae la akpe ɖe eŋu ŋdi sia ŋdi atsɔ wɔ nuɖuɖuvɔsae na Aƒetɔ. Numemevɔsa ƒe ɖoɖo mavɔe nye esia.
15
Ale woatsɔ alẽvi la, nuɖuɖuvɔsa la kple ami la, awɔ numemevɔsae ɖaa, ŋdi sia ŋdi.”
16
Aƒetɔ Mawu be: “Nenye be amegã la wɔ nunana na viawo dometɔ aɖe tso nu si nye eƒe domenyinu me la, anye viawo tɔ, anye domenyinyi ƒe nunɔamesi na wo.
17
Ke ne ewɔ nunana na eƒe subɔlawo dometɔ aɖe la, anye etɔ va se ɖe ablɔɖeƒe la me. Ekema wòagatrɔe na amegã la. Viawo koe kpɔ mɔ axɔ eƒe nunana la wòatsi wo si me.
18
Amegã la mekpɔ mɔ axɔ amewo ƒe domenyinu le wo si ahanyà wo ɖa sesẽtɔe le woƒe nunɔamesiwo gbɔ o. Eya ŋutɔ ƒe domenyinu ko wòkpɔ mɔ atsɔ na viawo, ale be womaxɔ nye dukɔmetɔ aɖeke ƒe nunɔamesi le esi o.”
19
Azɔ ekplɔm to mɔnu si le agbo la xa la me, heva nunɔlawo ƒe xɔvi kɔkɔe siwo le dzigbeme la gbɔ, eye mekpɔ teƒe aɖe le xɔviawo ƒe kɔto le ɣetoɖoƒe.
20
Egblɔ nam be: “Teƒe siae anye dzodoƒe na nunɔlawo, afi si woaɖa fɔɖiɖivɔsa kple nuvɔ̃vɔsa lãwo le. Afi siae woamè nuɖuɖuvɔsa le, ale womatsɔ wo ayi xɔxɔnu si le egodo la ne woawɔe be dukɔ la ŋu nakɔ o.”
21
Azɔ ekplɔm va xɔxɔnu si le egodo, eye wòkplɔm to eƒe dzogoe eneawo dzi. Xɔxɔnu le dzogoe ɖe sia ɖe me.
22
Le dzogoe eneawo dzi la, xɔxɔnu suesuewo li, wodidi meta bla eve hekeke meta wui atɔ̃. Wo ame eneawo katã ƒe lolome sɔ.
23
Woɖo gli ƒo xlã wo ame eneawo katã heɖi mlekpuiwo ɖe wo gɔme va kpe ɖo.
24
Tete wògblɔ nam be: “Esiawoe nye dzodoƒe siwo anye ame siwo subɔna le gbedoxɔ la me la ƒe vɔsalãwo ɖaƒe hena dukɔ la.”
← Chapter 45
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 47 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48