bible
ra
🌐 Language
English
Español
Français
Deutsch
Português
Italiano
Nederlands
Русский
中文
日本語
한국어
العربية
Türkçe
Tiếng Việt
ไทย
Indonesia
All Languages
Home
/
Ewe
/
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
/
Ezekiel 37
Ezekiel 37
Ewe 2014 (EƲEGBE BIBLIA)
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 38 →
1
Aƒetɔ ƒe asi nɔ dzinye, eye wòkplɔm do goe to Aƒetɔ ƒe gbɔgbɔ dzi va da ɖe bali la me. Ƒuwo yɔ bali la fũu.
2
Ekplɔm to wo dome godoo, eye kpɔ ɖa, wosɔ gbɔ ŋutɔ le balia me; kpɔ ɖa, woƒu kplakplakpla.
3
Ebiam be: “Amegbetɔ vi, ƒu siawo ate ŋu agbɔ agbea?” Meɖo eŋu be: “Aƒetɔ Mawu, wòe nyae.”
4
Egagblɔ nam be: “Ɖe gbeƒã na ƒu siawo. Gblɔ na wo be, mi ƒu ƒuƒuwo, mise Aƒetɔ ƒe nya.
5
Aƒetɔ Mawu le gbɔgblɔm na ƒu siawo be: Kpɔ ɖa, mana gbɔgbɔ naɖo mia me, eye miagbɔ agbe.
6
Made lãmeka mia ŋu, mana lãkusi naɖo mia ŋu, eye mafa ŋutigbalẽ ɖe mia ŋu. Magbɔ agbegbɔgbɔ ɖe mia me, eye miagbɔ agbe. Ne miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ.”
7
Ale meɖe gbeƒã abe ale si wòɖe gbe nam la ene, eye esi menɔ gbeƒã ɖem la, zi tɔ. Ƒuawo nɔ tetem kpe kplɛkplɛkplɛ, ɖe sia ɖe te kpe nɔvia.
8
Esi meda ŋku ɖi la, mekpɔ be lãmekawo ɖo wo ŋu, lãkusi ɖo wo ŋu, eye ŋutigbalẽ fa ɖe wo ŋu. Gake gbɔgbɔ menɔ wo me o.
9
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, ɖe gbeƒã ɖo ɖe gbɔgbɔ la. Ɖe gbeƒã ɖo ɖe gbɔgbɔ la be, Aƒetɔ Mawu be: Gbɔgbɔ, do va tso ya eneawo me, va gbɔ ɖe ame kuku siawo me ne woate ŋu agbɔ agbe.”
10
Ale meɖe gbeƒã abe ale si wòɖe gbe nam lae ene. Gbɔgbɔ ɖo wo me, eye wogbɔ agbe. Wotso ɖe woƒe afɔwo dzi, eye wonye aʋakɔ gã drinya aɖe.
11
Tete wògblɔ nam be: “Amegbetɔ vi, Israel-dukɔ blibo lae nye ƒu siawo. Kpɔ ɖa, wole gbɔgblɔm be: ‘Tsi no le míaƒe ƒuwo me, eye míaƒe mɔkpɔkpɔ bu; wolã mí ɖa keŋkeŋ.’
12
Eya ta ɖe gbeƒã nàgblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, nye dukɔ, maʋu miaƒe yɔdowo. Mana miafɔ tso miaƒe yɔdowo me, eye makplɔ mi ava mia de le Israel-nyigba la dzi.
13
Nye dukɔ, azɔ miadze sii be, nyee nye Aƒetɔ, ne meʋu miaƒe yɔdowo, eye mena miefɔ tso miaƒe yɔdowo me.
14
Matsɔ nye Gbɔgbɔ ade mia me, eye miagbɔ agbe, eye matsɔ mi ada ɖe miawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi. Ekema miadze sii be, nye Aƒetɔ ye ƒo nu, eye mewɔe.” Aƒetɔ lae gblɔe.
15
Aƒetɔ ƒe nya va nam be:
16
“Amegbetɔ vi, tsɔ ati, eye nàŋlɔ nu ɖe edzi be: ‘Yuda kple Israelvi siwo wɔ ɖeka kplii la tɔe’. Ekema nàgatsɔ ati bubu, eye nàŋlɔ ɖe edzi be: ‘Yosef (Efrayim ƒe ati) kple Israel-dukɔ blibo la si wɔ ɖeka kplii la tɔe.’
17
Tsyia wo ne woazu ati ɖeka ɖe asiwò me.
18
Ne mia deviwo abia wò be: ‘Màɖe nu siawo gɔme na mí oa?’
19
Gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, mele Yosef ƒe ati (si le Efrayim si me la) kple Israel ƒe to siwo wɔ ɖeka kplii la, tsyia ge ɖe Yuda ƒe ati la nu, eye mawɔ wo woanye ati ɖeka le nye asi me.
20
Nenye be èlé ati siwo dzi nèŋlɔ nuawo ɖo ɖe asi le wo ŋkume la,
21
ekema gblɔ na wo be, Aƒetɔ Mawu be: Kpɔ ɖa, makplɔ Israelviwo tso dukɔ siwo dome woyi la, aƒo wo nu ƒu tso akpa sia akpa, eye makplɔ wo ava woawo ŋutɔ ƒe anyigba dzi.
22
Mawɔ wo woanye dukɔ ɖeka le anyigba la dzi, le Israel-towo dzi, eye fia ɖeka aɖu fia ɖe wo katã dzi. Womaganye dukɔ eve azɔ o, eye fiaɖuƒe la hã magama ɖe eve o.
23
Womagatsɔ woƒe legbawo kple nu siwo metsri la, alo woƒe dzidada aɖeke agblẽ kɔ ɖo na wo ɖokui azɔ o. Ke maɖe wo tso megbedede siwo katã nana be wowɔa nuvɔ̃ la me. Makɔ wo ŋu, eye woanye nye dukɔ, eye nye la, manye woƒe Mawu.”
24
“Nye dɔla David anye fia ɖe wo nu, eye alẽkplɔla ɖeka anɔ wo katã si. Woawɔ ɖe nye seawo dzi, eye woazɔ ɖe nye ɖoɖowo nu pɛpɛpɛ.
25
Woanɔ anyigba si dzi mia tɔgbuiwo nɔ, esi metsɔ na nye dɔla Yakob la dzi. Woawo ŋutɔ kple wo viwo kpakple wo viwo ƒe viwo anɔ afi ma tegbee, eye nye dɔla David anye amegã ɖe wo nu tegbee.
26
Mabla ŋutifafanu kpli wo. Anye nubabla mavɔ kpli wo; mayra wo, ana woadzi asɔ gbɔ, eye maɖo nye kɔkɔeƒe anyi ɖe wo dome tegbee.
27
Nye nɔƒe anɔ wo dome; manye woƒe Mawu, eye woawo anye nye dukɔ.
28
Ekema dukɔwo adze sii be, nye Aƒetɔ ye kɔ Israel ŋu, ne meɖo nye kɔkɔeƒe la anyi ɖe wo dome tegbee.”
← Chapter 36
Jump to:
Chapter 1
Chapter 2
Chapter 3
Chapter 4
Chapter 5
Chapter 6
Chapter 7
Chapter 8
Chapter 9
Chapter 10
Chapter 11
Chapter 12
Chapter 13
Chapter 14
Chapter 15
Chapter 16
Chapter 17
Chapter 18
Chapter 19
Chapter 20
Chapter 21
Chapter 22
Chapter 23
Chapter 24
Chapter 25
Chapter 26
Chapter 27
Chapter 28
Chapter 29
Chapter 30
Chapter 31
Chapter 32
Chapter 33
Chapter 34
Chapter 35
Chapter 36
Chapter 37
Chapter 38
Chapter 39
Chapter 40
Chapter 41
Chapter 42
Chapter 43
Chapter 44
Chapter 45
Chapter 46
Chapter 47
Chapter 48
Chapter 38 →
All chapters:
1
2
3
4
5
6
7
8
9
10
11
12
13
14
15
16
17
18
19
20
21
22
23
24
25
26
27
28
29
30
31
32
33
34
35
36
37
38
39
40
41
42
43
44
45
46
47
48